Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nàwɔ Anye Vifofo Nyui?

Aleke Nàwɔ Anye Vifofo Nyui?

Aleke Nàwɔ Anye Vifofo Nyui?

“Mi vifofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, bene dzi nagaɖe le wo ƒo o.”—Kolosetɔwo 3:21.

ALEKE vifofo ate ŋu awɔ be manɔ dziku dom na viawo o? Ele vevie be wòakpɔ vevienyenye si le akpa si wòwɔna abe vifofo ene ŋu la adze sii. Magazine aɖe si ƒoa nu tso susu ƒe dɔwɔwɔ nyuie ŋu la gblɔ be: “Akpa si vifofo wɔna la kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ɖeviwo ƒe seselelãme kple tamebubuŋutete ƒe tsitsi dzi le mɔ ɖedzesi aɖe si wu gbɔgblɔ nu.”

Akpa kae vifofo wɔna? Le ƒome geɖewo me la, wobua vifofo be enye ame si koŋ hea to na ɖeviwo. Vidada geɖewo gblɔna na wo vi siwo wɔ nu gbegblẽ be: ‘Fofowò negbɔ nàkpɔ!’ Kakaɖedzitɔe la, ehiã be woana tohehe si da sɔ ɖeviawo, eye woatɔ afɔ to sesĩe le mɔ si sɔ nu hafi ɖeviawo nate ŋu atsi ava zu ame tsitsi ɖɔʋuwo. Ke hã, be woanye vifofo nyui bia nu geɖe wu ema.

Nublanuitɔe la, menye vifofowo katãe wo fofowo ɖo kpɔɖeŋu nyui, si akpe ɖe wo ŋu la, ɖi na o. Wohe ŋutsu aɖewo wo fofowo manɔmee. Eye le go bubuwo me la, ŋutsu siwo wo fofowo he kple asi sesẽ hewɔ ŋlɔmi le wo ŋu hã va zua vifofo siwo hea wo viwo le mɔ ma ke nu. Aleke vifofo ma tɔgbi ate ŋu aɖu nɔnɔme ma dzi ahana eƒe vihehe nanyo ɖe edzi wu?

Ale si woawɔ anye vifofo nyui la ŋuti ɖaŋuɖoɖo siwo wɔa dɔ ŋutɔŋutɔ siwo ŋu kakaɖedzi le la tsoƒe aɖe li. Ƒomegbenɔnɔ ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake le Biblia me. Menye amegbetɔwo ƒe nufiafia dzro koe eƒe aɖaŋuɖoɖowo nye o, eye eƒe aɖaŋuɖoɖowo hã megblẽa nu le mía ŋu gbeɖe o. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖea Yehowa Mawu, ame si nye Eŋlɔla, kple ƒome ƒe Gɔmeɖoanyilaa, ƒe nunya fiana. (Efesotɔwo 3:14, 15) Ne vifofoe nènye la, anyo be nàde ŋugble tso nu si Biblia gblɔ tso vihehe ŋu la ŋu. *

Vifofo nyui nyenye le vevie menye na ɖeviawo ƒe seselelãme kple ŋutilã me nyonyo ko o, ke boŋ hena woƒe gbɔgbɔmenyonyo hã. Anɔ bɔbɔe na ɖevi si le ƒomedodo nyui si me lɔlɔ̃ le me kple fofoa be wòanɔ ƒomedodo kplikplikpli si me lɔlɔ̃ le me kple Mawu. Biblia ɖee fia gɔ̃ hã be, le mɔ aɖe nu la, Yehowa, mía Wɔla la, nye mí katã Fofo. (Yesaya 64:7) Mina míadzro nu ade aɖewo siwo ɖeviwo hiã tso wo fofowo gbɔ la me kpɔ. Le wo dometɔ ɖe sia ɖe gome la, míadzro Biblia me gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe vifofo ŋu wòakpɔ viawo ƒe hiahiãwo gbɔ na wo la me.

Ðeviwo Hiã Wo Fofo Ƒe Lɔlɔ̃

Yehowa ɖo vifofonyenye ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi. Biblia gblɔ ale si Mawu sena le eɖokui me ku ɖe Yesu, Eƒe Ŋgɔgbevi la ŋu ale: “Fofo la lɔ̃a Via.” (Yohanes 3:35; Kolosetɔwo 1:15) Yehowa ɖe ale si wòlɔ̃ Via hekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la gblɔ zi geɖe. Esi wonyrɔ Yesu la, Yehowa ƒo nu tso dziƒo gblɔ be: “Wòe nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; mekpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò.” (Luka 3:22) Yesu meke ɖi ale si Fofoa lɔ̃e la kpɔ gbeɖe o. Nu kae vifofowo ate ŋu asrɔ̃ tso Mawu ƒe kpɔɖeŋu sia me?

Megasesẽ na wò gbeɖe be nàgblɔ na viwòwo be yelɔ̃ wo o. Kelvin si nye vifofo aɖe si si vi atɔ̃ le, gblɔ be: “Medzea agbagba ɣesiaɣi be maɖe ale si melɔ̃ vinyewoe la afia wo, menye to egbɔgblɔ na wo be melɔ̃ wo ko me o, ke boŋ to ɖetsɔtsɔ le eme na wo dometɔ ɖe sia ɖe me hã. Nye hã meɖɔa li godui na wo helea tsi na wo.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ehiã be viwòwo nanyae be èkpɔa ŋudzedze ɖe yewo ŋu. Eya ta mèganɔ nya hem ɖe wo ŋu vevie ahanɔ wo ɖɔm ɖo ɣesiaɣi o. Ðe ema teƒe la, nɔ wo kafum boŋ. Donizete si si vinyɔnu ƒewuivi eve le la ɖo aɖaŋu be, “Ele be dzila nadze agbagba vevie adi mɔ siwo dzi wòato anɔ viawo kafum.” Ne viwòwo nyae be èkpɔa ŋudzedze ɖe yewo ŋu la, ana woase le wo ɖokuiwo me be viɖe le yewo ŋu. Eye esia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woate ɖe Mawu ŋu wu.

Ðeviwo Hiã Kpɔɖeŋu Nyuiwo

Yohanes 5:19 gblɔ be: “Nu siwo [Yesu kpɔ] Fofo la wòle wɔwɔm la ko” wòwɔna. De dzesii be mawunyakpukpuia gblɔ be nu siwo Yesu kpɔ Fofoa wònɔ “wɔwɔm” la, nu mawo kee wòwɔna. Zi geɖe la, ɖeviwo hã awɔ nenema ke. Le kpɔɖeŋu me, ne vifofo dea bubu kple asixɔxɔ srɔ̃a ŋu la, viaŋutsu hã atsi ava zu ame si dea bubu kple asixɔxɔ nyɔnuwo ŋu. Menye viŋutsuwo ƒe nɔnɔme dzi koe vifofo ƒe kpɔɖeŋu kpɔa ŋusẽ nyui ɖo o, ke boŋ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si vianyɔnuviwo hã bua ŋutsuwoe la dzi.

Ðe wòsesẽna na viwòwo be woaɖe kuku ne wodze agɔa? Le go sia hã me la, kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo le vevie. Kelvin ɖo ŋku edzi be, gbe ɖeka la, ye viŋutsuvi eveawo gblẽ yeƒe fotoɖemɔ xɔasi aɖe. Dzi kui ale gbegbe be esi wòzi asi ɖe kplɔ̃ aɖe dzi la, ɖeko kplɔ̃a fe ɖe eve. Emegbe la, ete ɖe Kelvin dzi eye wòɖe kuku na srɔ̃a kple viawo siaa ɖe ale si wòdo dɔmedzoe la ta. Ekpɔe be ale si yeɖe kuku la wɔ dɔ ɖe ye viwo dzi ale gbegbe be mesesẽna na wo be woaɖe kuku o.

Ðeviwo Hiã Aƒe Si Me Dzidzɔ Le

Yehowa nye “Mawu dzidzɔtɔ.” (1 Timoteo 1:11) Mewɔ nuku o be Via Yesu kpɔa dzidzɔ gã aɖe le Egbɔ nɔnɔ me. Lododowo 8:30 na míese ƒomedodo si le Yesu kple Fofoa dome la gɔme nyuie, esi wògblɔ be: “Menye dɔnunɔla le [Fofo la gbɔ,] . . . [“eye metsoa aseye le eŋkume,” Agbenya La] ɣeawokatãɣi.” Ƒomedodo nyui ka gbegbee nye esi nɔ Vi kple Fofo dome!

Viwòwo hiã aƒe si me dzidzɔ le. Ɣeyiɣi didi atsɔ afe kple viwòwo ate ŋu ana be dzidzɔ nanɔ aƒewò me. Fefe kple ɖeviawo nana be woa kple wo dzilawo dome nɔa kplikplikpli. Felix si si viŋutsu ƒewuivi aɖe le la lɔ̃ ɖe esia dzi. Egblɔ be: “Ɣeyiɣi ɖoɖoɖi koŋ na modzakaɖeɖe kple vinyea wɔ akpa vevi aɖe le mía kplii dome ƒomedodoa me. Míefena ɖekae, dea ha kple xɔlɔ̃wo, eye míeɖia tsa yia teƒe dodzidzɔnamewo. Esia na be míaƒe ƒomekadodoa me va sẽ goŋgoŋ.”

Ehiã Be Woafia Mawu Ƒe Dzidzenuwo Ðeviwo

Yesu Fofo fia nui. Eya ta Yesu te ŋu gblɔ be: “Nu siwo tututu mese tso [Fofo la gbɔ] la, nu siawo gblɔmee mele le xexea me.” (Yohanes 8:26) Le Mawu gbɔ la, vifofo ƒe agbanɔamedzie wònye be wòafia agbe nyui nɔnɔ kple Mawu ƒe dzidzenuwo viawo. Abe vifofo ene la, wò agbanɔamedziwo dometɔ ɖekae nye be nàƒã dzidzenu dzɔdzɔewo ɖe viwòwo ƒe dzi me. Ele be nàdze hehe sia nana wo gɔme tso woƒe vidzĩme ke. (2 Timoteo 3:14, 15) Felix te Biblia me ŋutinyawo xexlẽ na via tso eƒe vidzĩme ke. Felix zã agbalẽ siwo me ŋutinya dodzidzɔname siwo ŋuti nɔnɔmetatawo kpe ɖo le; wo dometɔ ɖekae nye Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo. * Esi via va nɔ tsitsim la, Felix zã Biblia srɔ̃gbalẽ bubu siwo sɔ ɖe via ƒe ƒexɔxɔ nu.

Donizete gblɔ be: “Menɔa bɔbɔe be dzilawo nana ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ navivi wo viwo nu o. Ele vevie be dzilawo naɖee afia be yewodea asixɔxɔ mawusubɔsubɔ ŋu, elabena ɖeviwo kpɔnɛ dzea sii kaba ne wo dzilawo mewɔna ɖe nya siwo woawo ŋutɔwo gblɔna dzi o.” Carlos, si si viŋutsu etɔ̃ le, gblɔ be: “Míaƒe ƒomea kpea ta kwasiɖa sia kwasiɖa hedea ŋugble tso ƒomea ƒe nu hiahiãwo ŋu. Mɔnukpɔkpɔa nɔa ʋuʋu ɖi na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe be wòatia nu si me míadzro.” Kelvin dzea agbagba be yeaƒo nu tso Mawu ŋu na ye viwo eɖanye afi ka kee wole alo nu ka ke wɔmee wole o. Ema na míeɖo ŋku Mose ƒe nya siawo dzi be: “Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.”—5 Mose 6:6, 7.

Ðeviwo Hiã Amehehe

Ðeviwo hiã amehehe ale be woate ŋu atsi ava zu ame tsitsi dovevienu siwo tsɔa woƒe agbanɔamedziwo nyuie. Dzila aɖewo susunɛ be ɖeviwo hehe fia ŋutasesẽ le wo ŋu, ŋɔdzidodo na wo, kple gbɔɖiɖi wo. Ke hã, Biblia megblɔ be dzilawo nasẽ ŋuta le wo viwo ŋu le wo hehe me o. Ðe ema teƒe la, ele be dzilawo nahe wo viwo le lɔlɔ̃ me abe ale si Yehowa wɔnɛ ene. (Hebritɔwo 12:4-11) Biblia gblɔ be: “Mi vifofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.”—Efesotɔwo 6:4.

Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be woahe to na ɖeviawo. Ke hã, ele be woana ɖevia nase nu si tae wole to hem nɛ ɖo la gɔme. Mele be ale si vifofoa hea to na via la nana wòase le eɖokui me gbeɖe be womelɔ̃ yeƒe nya gbɔ o. Biblia meda asi ɖe ɖevia ƒoƒo vevie ahade abi eŋu gɔ̃ hã dzi o. (Lododowo 16:32) Kelvin gblɔ be: “Ne wòhiã be mahe to na vinyewo le ŋkubiãnyawo ŋu la, medzea agbagba ɣesiaɣi be mana eme nakɔ na wo be esi melɔ̃ wo tae mele to hem na wo ɖo.”

Ðeviwo Hiã Takpɔkpɔ

Ehiã be woakpɔ ɖeviwo ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo kple ame siwo ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu la si me. Nublanuitɔe la, “ame vɔ̃ɖiwo” le xexe sia me siwo ƒe taɖodzinu koŋ ye nye be yewoagblẽ ɖevi siwo mele ɖeke me nyam o la. (2 Timoteo 3:1-5, 13) Aleke nàte ŋu akpɔ viwòwo tae? Biblia ɖo aɖaŋu sia si me nunya le na mí be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.” (Lododowo 22:3) Be nàkpɔ viwòwo ta tso afɔku me la, ehiã be nànɔ ŋudzɔ ɖe nu siwo ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu la ŋu. Bu nɔnɔme siwo ate ŋu ahe kuxiwo vae la ŋu do ŋgɔ, eye nàɖe afɔ siwo hiã be nàtsɔ akpɔ wo ta. Le kpɔɖeŋu me, ne èɖe mɔ na viwòwo wozãa Internet la, ekema kpɔ egbɔ be wonya ale si woate ŋu azãe ŋuɖɔɖɔɖotɔe. Anyo wu be nàda kɔmpiuta la ɖe ŋkukpɔƒe, afi si nàte ŋu anɔ nu siwo wɔm wole le edzi la kpɔm le.

Ehiã be vifofo nadzra viawo ɖo ahana hehe wo ɖe afɔku siwo woate ŋu ado go le nuɖoanyi gblẽku sia me la ŋu. Ðe viwòwo nya nu siwo wòle be woawɔ ne ame aɖe dze agbagba be yeagblẽ wo ne mèli oa? * Ehiã be ɖeviwo nanya mɔ nyui kple mɔ siwo nu mele be woazã woƒe ɣaɣlaƒewo le o. Kelvin gblɔ be: “Nyemegblẽ esia fiafia wo ɖe ame bubu aɖeke, woƒe nufialawo kura gɔ̃ hã, si me kpɔ o. Mekpɔe be nye agbanɔamedzie wònye be mafia nu vinyewo tso gbɔdɔnyawo ŋu ahaxlɔ̃ nu wo tso ɖevigbɔdɔlawo ŋu.” Viawo katã tsi dedie va zu ame tsitsiwo eye woɖe srɔ̃ hele dzidzɔ kpɔm egbea.

Di Mawu Ƒe Kpekpeɖeŋu

Nu nyuitɔ kekeake si vifofo ate ŋu ana viawoe nye be wòakpe ɖe wo ŋu woawo ŋutɔwo natu ƒomedodo sẽŋu me nɔnɔ kple Mawu ɖo. Kpɔɖeŋu si vifofo ɖona la le vevie ale gbegbe. Donizete gblɔ be: “Ele vevie be vifofowo naɖe ale si gbegbe wodea asixɔxɔ woawo ŋutɔwo kple Mawu dome ƒomedodoa ŋui la afia. Ele be esia nadze ƒãa vevietɔ ne wodo go kuxiwo alo nɔnɔme sesẽwo. Le ɣeyiɣi mawo me la, vifofoa ɖea ale si gbegbe wòka ɖe Yehowa dzii la fiana. Ƒomea ƒe gbedodoɖa ɖekae, si me vifofoa anɔ eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe nyuiwɔwɔ ŋu gblɔm le edziedzi la, ana ɖeviwo nakpɔ ale si gbegbe wòle vevie be woana Mawu nanye wo Xɔlɔ̃ la adze sii.”

Ekema nu kae ana nànye vifofo nyui? Di aɖaŋuɖoɖowo tso Yehowa Mawu, ame si nya ale si woahe ɖeviwo nyuie wu la, gbɔ. Ne èhe viwò le ɖekawɔwɔ me kple mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nya la me la, ava eme na wò abe ale si wogblɔe le Lododowo 22:6 me ene be: “Ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo siwo me míedzro le nyati sia me la ku ɖe vifofowo koŋ ŋu hã la, aɖaŋuɖoɖoawo dometɔ geɖewo aɖe vi na vidadawo hã.

^ mm. 18 Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 25 Kpɔ October–December 2007 ƒe Nyɔ!, axa 13-21 (yevugbe me tɔ October 2007, axa 3-11) hena nyatakaka bubuwo ku ɖe ale si nàkpɔ viwòwo ta tso ɖevigbɔdɔlawo si me ŋu. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Ehiã be vifofo nanye kpɔɖeŋu nyui na viawo

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ele be vifofo nafia Mawu ƒe dzidzenuwo viawo

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Ðeviwo hiã amehehe si me lɔlɔ̃ le