Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Kae Ate Ŋu Anya Etsɔme?

Ame Kae Ate Ŋu Anya Etsɔme?

Ame Kae Ate Ŋu Anya Etsɔme?

“Nyee nye Mawu, . . . , nye [ame si] ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple [nu si] gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke.” —Yesaya 46:9, 10.

LE ƔEYIƔI tɔzi sia me la, dunyahehe, ga, kple hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyalawo le nu srɔ̃m tso egbegbe ŋutinya kple ale si nuwo le edzi yimee ŋu bene yewoate ŋu agblɔ nu si adzɔ le etsɔme la ɖi. Le ame bubuwo ya gome la, esi wotsi dzimaɖi ɖe nu si adzɔ ɖe wo dzi le etsɔme nyanya ŋu ta la, wotrɔ ɖe ɣletivimefakalawo kple gbɔgbɔyɔlawo ŋu bene woana ŋuɖoɖowo yewo. Zi geɖe la, ŋuɖoɖo siwo wonaa wo la ɖea dzi le wo ƒo. Ðe wònye nu si manya wɔ kura be míanya nu si adzɔ ɖe xexe sia, míaƒe ƒomewo, kple mía ŋutɔwo dzi le etsɔme oa? Míabia ko be, ɖe ame aɖe ate ŋu anya nu siwo adzɔ le etsɔme la ŋutɔŋutɔa?

Le nya siwo Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, gblɔ na nyagblɔɖila Yesaya, siwo dze le etame me la, eƒo nu tso ŋutete si le esi be wòagblɔ etsɔme ɖi la ŋu. Mawu gblɔ ale si woaɖe Israel viwo le Babilontɔwo ƒe aboyo me kple ale si woatrɔ agbɔ ava gbugbɔ Yerusalem kple gbedoxɔa atu la ɖi to Yesaya dzi. Aleke wògblɔ nu siwo adzɔ la ɖi tsitotsitoe? Abe ƒe 200 ene do ŋgɔ la, Yesaya yɔ aʋadziɖula si aɖu Babilon dzi la ƒe ŋkɔ kã be, Kores. Gakpe ɖe eŋu la, Yesaya ɖɔ mɔnu si dzi Kores ato la hã, eye wòva eme nenema pɛpɛpɛ—si nye ale si Kores trɔ mɔ na Frat Tɔsisi si nye ametakpɔnu na dua la. Ekpɔe do ŋgɔ gɔ̃ hã be Kores akpɔ be wogblẽ dugã la ƒe agbo eveawo ɖi ŋumaɖɔɖotɔe wonɔ ʋuʋu ɖi, si wɔe be Kores ɖu aʋa dzi bɔbɔe.—Yesaya 44:24–45:7.

To vovo na Mawu la, ŋutete mele amegbetɔwo si be woanya ale si etsɔme anɔ o. Fia nyanu Salomo ŋlɔ bena: ‘Megaƒo adegbe ɖe etsɔ, si gbɔna ŋu o, elabena mènya nu ka dzi ge etsɔ ala o.’ (Lododowo 27:1) Nya ma si wòkpɔ dze sii la gakpɔtɔ nye nyateƒe. Amegbetɔ aɖeke mate ŋu akpɔ eya ŋutɔ ƒe etsɔme teti do ŋgɔ o. Nu kae na Mawu ya to vovo? Ese nu sia nu gɔme ku ɖe eƒe nuwɔwɔwo ŋu; ale si amegbetɔwo le kple woƒe dzimedidiwo hã le nyanya nɛ. Ne Mawu ŋutɔ dii la, ate ŋu akpɔ ale si tututu ame ɖekaɖekawo kple dukɔ blibowo awɔ nui la do ŋgɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, seɖoƒe meli na ŋutete si le esi be wòafia mɔ ale si nuwo ava nɔe la o. Ne egblɔ to eƒe nyagblɔɖilawo dzi be nane adzɔ la, eva nyea “ame si nana eƒe dɔlawo ƒe nya vaa me, eye wòwɔa eƒe ame dɔdɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi.” (Yesaya 44:26) Yehowa Mawu koe ate ŋu agblɔ nya ma nyateƒetɔe.

Yesaya nɔ agbe ƒe 700 kple edzivɔ do ŋgɔ na Yesu, Mesia la. Ke hã Yesaya gblɔ nya ɖi ku ɖe Mesia la ƒe vava ŋu. Gake ame siwo ɖea ɖeklemi Biblia me nyawo tɔ gbe Yesaya ƒe agbalẽa ƒe nyateƒenyenye, vevietɔ tso ƒe alafa 18 lia dzi yina. Wogblɔ be Yesaya ƒe nyagblɔɖiwo menye nyagblɔɖi ŋutɔŋutɔwo o, ke boŋ nuawo dzɔ hafi woŋlɔ wo ɖi, si fia be ame aɖe si nɔ agbe emegbe sãa ye ŋlɔ nu siwo dzɔ xoxo la ɖi. Nyateƒeea? Le ƒe 1947 me la, woke ɖe Yesaya ƒe agbalẽa ƒe nuŋlɔɖi aɖe kple blemagbalẽ xatsaxatsa aɖewo ŋu le agado aɖe me le teƒe aɖe si gogo Ƒu Kukua. Agbalẽnyalawo gblɔ be, woŋlɔ agbalẽ sia ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ do ŋgɔ na Mesia, alo Kristo si ŋu nya wogblɔ ɖi la, dzidzi. Ɛ̃, Biblia la ɖe nu si adzɔ le etsɔme la fia!

Manya wɔ be Yesaya kple Biblia ŋlɔla bubuwo ŋutɔwo nanɔ te ɖe woawo ŋutɔwo ƒe nunya ɖeɖe ko dzi agblɔ nu siwo adzɔ le etsɔme la ɖi o. Ke boŋ “gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã [wo hafi] wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.” (2 Petro 1:21) Le nyati siwo kplɔe ɖo me la, míadzro nanewo siwo dzɔ le Yesu ƒe agbe me siwo wogblɔ ɖi tsitotsito to Yesaya dzi la me. Eye emegbe míadzro nudzɔdzɔ aɖewo siwo Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ ɖi ku ɖe míaƒe ŋkekea kple nu siwo adzɔ le etsɔme ŋu la me.