Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fia Nu Viwòwo Ðe Nèʋã Ŋu Kpɔa? Yosef Nɔviwo Ʋã Ŋui

Fia Nu Viwòwo Ðe Nèʋã Ŋu Kpɔa? Yosef Nɔviwo Ʋã Ŋui

Fia Nu Viwòwo Ðe Nèʋã Ŋu Kpɔa? Yosef Nɔviwo Ʋã Ŋui

NA MÍAƑO nu tso nu si ŋuʋaʋã nye la ŋu. Ðe wòsesẽ na wò kpɔ be nàlɔ̃ ame aɖe ƒe nya le esi ame bubuwo gblɔna be enye ame nyui, edze ɖeka, alo eƒe tagbɔ ɖa ta? *— Esiae dzɔna ne èle ŋu ʋãm ame aɖe.

Ne dzilawo lɔ̃a ɖevi aɖe ƒe nya gbɔ wu bubuawo la, esia ate ŋu ana ŋuʋaʋã nanɔ aƒea me. Biblia ƒo nu tso ƒome aɖe si me ŋuʋaʋã he kuxi gã aɖe vae ŋu na mí. Na míakpɔ xaxa si esia he vae kple nu si míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ me la ɖa.

Yosef ye nye Yakob viŋutsu 11 lia, eye Yosef tɔviwo nɔ ŋu ʋãmee. Ènya nu si taea?— Nu si tae nye be wo fofo Yakob lɔ̃a Yosef ƒe nya gbɔ wu. Le kpɔɖeŋu me, Yakob tɔ awu ʋlaya nyui aɖe na Yosef. Yakob lɔ̃ Yosef vevie “elabena edzii le eƒe amegãkuku me,” eye eyae nye srɔ̃a lɔlɔ̃a Raxel ƒe vi gbãtɔ.

Biblia gblɔ be, ‘esi Yosef nɔviwo kpɔ bena, yewo fofo lɔ̃nɛ wu yewo katã la, wolé fui.’ Emegbe Yosef gblɔ na eƒe ƒomea gbe ɖeka be yeku drɔ̃e be wo katã wobɔbɔ na ye, eye ye fofo ŋutɔ hã nɔ eme. Biblia gblɔ be “nɔviawo ʋã ŋui,” eye fofoa gɔ̃ hã ka mo nɛ ɖe drɔ̃e ma si wògblɔ be yeku la ta.—1 Mose 37:1-11.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe, esime Yosef xɔ ƒe 17 la, nɔviaŋutsuawo nɔ ƒomea ƒe alẽwo kple gbɔ̃wo dzi kpɔm le teƒe aɖe si didi kilometa geɖe. Eya ta Yakob dɔ Yosef ɖa be wòayi aɖakpɔ ɖa be nɔviawo fɔ nyuie hã. Ènya nu si wo dometɔ akpa gãtɔ di be yewoawɔ esi wokpɔe wògbɔnaa?— Wodi be yewoawui! Gake wo dometɔ eve siwo nye Ruben kple Yuda ya medi be woawui o.

Esi asitsala aɖewo tso eme va yina Egipte la, Yuda gblɔ be: “Mina míatsɔe adzra.” Wolɔ̃ ɖe edzi eye wodzra Yosef. Emegbe wowu gbɔ̃tsu aɖe, eye wotsɔ ʋua sisi ɖe Yosef ƒe awu ʋlaya la me. Esi wotsɔ awu ʋlaya la fia wo fofo emegbe la, efa avi gblɔ be: ‘Lã wɔdã aɖe vuvu Yosef!’—1 Mose 37:12-36.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yosef va kpɔ amenuveve le Egipte fia Farao gbɔ. Nu si tae nye be Mawu kpe ɖe Yosef ŋu wòte ŋu ɖe drɔ̃e eve aɖewo siwo Farao ku la gɔme nɛ. Drɔ̃e gbãtɔ la ku ɖe nyinɔ dami adre kple nyinɔ lédɔ adre ŋu. Evelia ku ɖe nuku ƒe ta adre siwo do ku henyo kple nuku ƒe ta adre siwo medo ku o la ŋu. Yosef gblɔ be drɔ̃e eveawo siaa fia be agblemenuwo anyo ƒe adre, eye emegbe dɔ ato ƒe adre. Farao de dɔ asi na Yosef be wòaxɔ ŋgɔ ne woaƒo nuɖuɖuwo nu ƒu le ƒe siwo me nuwo anyo la me atsɔ adzra ɖo ɖe dɔwuamea ŋu.

Esi dɔ va to la, nuɖuɖu va hiã Yosef ƒe ƒometɔ, siwo nɔ teƒe aɖe si didi kilometa geɖe la. Le esia ta Yakob dɔ Yosef nɔviŋutsu tsitsi ewoawo ɖe Egipte be woaɖaƒle nuɖuɖu. Wova do ɖe Yosef ŋkume, gake womekpɔe dze si o. Gbã la, Yosef meɖe eɖokui fia nɔviawo o, edo wo kpɔ, eye wòkpɔe be eve wo be yewomewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o. Emegbe Yosef gblɔ ame si wònye la na wo. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo eye wokpɔ dzidzɔ ale gbegbe!—Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 40 va se ɖe ta 45.

Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso ŋuʋaʋã ŋu le Biblia me ŋutinya sia me?— Ŋuʋaʋã ate ŋu ahe kuxi sesẽwo avae, ate ŋu ana ame nadi be yeawɔ nu vevi ye nɔvi kpamkpam gɔ̃ hã! Na míaxlẽ Dɔwɔwɔwo 5:17, 18 kple Dɔwɔwɔwo 7:54-59 ne míakpɔ nu si ŋuʋaʋã na amewo wɔ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu ɖa.— Esi míexlẽ mawunyakpukpui siawo vɔ la, èkpɔ nu si tae wòle be míakpɔ nyuie le ŋuʋaʋã ŋu ɖoa?—

Yosef nɔ agbe xɔ ƒe 110. Edzi viwo, eye viawo hã dzi tɔgbuiyɔviwo nɛ, emegbe tɔgbuiyɔviawo hã dzi tɔgbuitɔgbuiyɔviwo nɛ. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yosef fia wo zi geɖe be woalɔ̃ wo nɔewo, eye woaganɔ ŋu ʋãm o.—1 Mose 50:22, 23, 26.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi aɖe la, fli kpui siawo tɔgbi aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie ahaɖe mɔ na ɖevia be wòagblɔ eƒe susu.

Nyabiasewo:

○ Nu kae ŋuʋaʋã nye?

○ Nu kae ŋuʋaʋã na Yosef nɔviŋutsuwo wɔ?

○ Nu ka tae Yosef tsɔ nɔviaŋutsuwo ƒe vodadawo ke wo ɖo?

○ Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutinya sia me?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]