Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mesia La Ŋu Nya Gbɔgblɔ Ði

Mesia La Ŋu Nya Gbɔgblɔ Ði

Mesia La Ŋu Nya Gbɔgblɔ Ði

ESI Yudatɔwo nya nu tso nya siwo Yesaya kple nyagblɔɖila bubuwo ŋlɔ tso Mesia la ŋuti ŋu ta la, wonɔ mɔ kpɔm na eƒe vava vevie ɣeyiɣi didi aɖe. Le nyateƒe me la, kaka Yesu ƒe ŋkekea naɖo la, Yudatɔ geɖe “nɔ mɔkpɔkpɔ me” be Mesia la ava kpuie. (Luka 3:15) Eɖe dzesi be wogblɔ nu siwo adzɔ le Mesia la ƒe agbe me la ɖi tsitotsito le Biblia me nyagblɔɖiwo me. Amegbetɔ dzro aɖeke mate ŋu agblɔ nudzɔdzɔ mawo ɖi alo ana be nu mawo katã nava eme ɖe Yesu dzi o.

Nya Siwo Wogblɔ Ði Ku Ðe Mesia La Dzidzi Ŋu. Yesaya gblɔ ɖi be ɖetugbui nɔaƒe aɖee adzi Mesia, alo Kristo la. Esi apostolo Mateo ƒo nu tso ale si wodzi Yesu le mɔ wɔnuku aɖe nu ŋu vɔ la, eŋlɔ bena: ‘Nu siawo katã dzɔ, bene nya si Yehowa gblɔ to eƒe nyagblɔɖila dzi la nava eme, be: “Kpɔ ɖa! Ðetugbui, si menya ŋutsu o la le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi.”’ (Mateo 1:22, 23; Yesaya 7:14) Yesaya gblɔe ɖi hã be Kristo anye David ƒe dzidzimevi, eye eyɔ David fofo Isai ŋkɔ tẽe. David ƒe dzidzime mee Yesu dzɔ tso tẽe vavã. (Mateo 1:6, 16; Luka 3:23, 31, 32) Eya ta do ŋgɔ na Yesu dzidzi la, mawudɔla Gabriel gblɔ na Yesu dada Maria be: “Mawu atsɔ fofoa David ƒe fiazikpui la anae.”—Luka 1:32, 33; Yesaya 11:1-5, 10; Romatɔwo 15:12.

Nya Siwo Wogblɔ Ði Ku Ðe Mesia La Ƒe Agbenɔnɔ Ŋu. Le ƒuƒoƒe si nɔ Nazaret me la, Yesu si nye ɖekakpui ɣemaɣi la, xlẽ nya aɖe tso Yesaya ƒe agbalẽa me, eƒe akpa aɖe gblɔ be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena esi ami nam be magblɔ nya nyui na ame dahewo.” Yesu tsɔ nyagblɔɖi sia ku ɖe eɖokui ŋu hegblɔ be: “Ŋɔŋlɔ sia si miese fifi laa la va eme egbea.” (Luka 4:17-21; Yesaya 61:1, 2) Yesaya gblɔ ale si Yesu awɔ nu ɖe ame siwo hiã gbedada la ŋu le dɔmenyonyo, tufafa, kple ɖokuibɔbɔ me la hã ɖi. Mateo ŋlɔ bena: “Ame geɖewo hã dze eyome, eye wòda gbe le wo katã ŋu, gake ede se na wo vevie be woagana woanya ye o; bene nya si wogblɔ ɖi to Yesaya nyagblɔɖila la dzi la nava eme, . . . ‘Mahe nya o, mado ɣli o, . . . Maɖe aƒla si ŋe vɔ kloe la ɖa le enu o.’”—Mateo 8:16, 17; 12:10-21; Yesaya 42:1-4; 53:4, 5.

Nya Siwo Wogblɔ Ði Ku Ðe Fu Siwo Mesia La Akpe Ŋu. Yesaya gblɔ ɖi be Israel vi akpa gãtɔ maxɔ Mesia la dzi ase o, ke boŋ Mesia la azu “kpe si ana woakli nu.” (1 Petro 2:6-8; Yesaya 8:14, 15) Eye eva eme nenema hã be togbɔ be Yesu wɔ nukunu geɖe hã la, “womenɔ edzi xɔm nɔ sesem o, si na Yesaya nyagblɔɖila la ƒe nya si wògblɔ la va eme, be: ‘Yehowa, ame kae xɔ nya si míese la dzi se?’” (Yohanes 12:37, 38; Yesaya 53:1) Nu siwo na Yudatɔwo mexɔ Mesia la dzi se o la dometɔ aɖee nye ale si ame geɖe xɔe se vodadatɔe be Mesia la aɖe dukɔa tso Roma dziɖuɖua si me enumake, eye wòagaɖo David ƒe fiaɖuƒe nɔɖokuisi aɖe anyi le anyigba dzi. Esi wònye be Yesu kpe fu heku ta la, Yudatɔ akpa gãtɔ mete ŋu xɔe se be eyae nye Mesia la o. Ke hã, le nyateƒe me la, Yesaya gblɔe ɖi be, Mesia la ato fukpekpe me hafi ava zu Fia emegbe.

Le Yesaya ƒe agbalẽa me la, Mesia la gblɔ le nyagblɔɖi me be: ‘Mesia nye medome ɖi na ameƒolawo. Nyemetsyɔ nu ŋkume le vlododo kple taɖeɖe ŋuti o.’ Mateo ɖɔ nu si dzɔ esime wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu ale: “Woɖe ta ɖe mo nɛ, wotu kɔe, eye ame aɖewo hã ƒo tome nɛ.” (Yesaya 50:6; Mateo 26:67) Yesaya ŋlɔ bena: “Wowɔ fui, ebɔbɔ eɖokui, eye meke nu o.” Eya ta esime Pilato nɔ gbe biam Yesu ku ɖe nya siwo Yudatɔwo tsɔ nɔ enu tsomee ŋu la, Yesu “meɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu o, ale be nutomefia la ƒe mo wɔ yaa ŋutɔ.” —Yesaya 53:7; Mateo 27:12-14; Dɔwɔwɔwo 8:28, 32-35.

Nya Siwo Wogblɔ Ði Ku Ðe Mesia La Ƒe Ku Ŋu. Yesaya ƒe nyagblɔɖia yi edzi va eme le Yesu ƒe ku me kple eƒe ku megbe siaa gɔ̃ hã. Yesaya gblɔe ɖi be: “Woɖe yɔdo nɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome eye le eƒe ku me wòmlɔ kesinɔtɔwo dome.” (Yesaya 53:9, Agbenya La) Aleke nyagblɔɖi sia si dze abe ɖe emenyawo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu ene la va emee? Adzodala eve domee woklã Yesu ɖo wòku. (Mateo 27:38) Gake emegbe la, kesinɔtɔ Yosef si tso Arimatia tsɔ Yesu ƒe kukua mlɔ eƒe yɔdo yeye si wòna woɖe la me. (Mateo 27:57-60) Mlɔeba la, Yesu ƒe kua na Yesaya ƒe nyagblɔɖia me nya vevitɔwo dometɔ ɖeka va eme. Esime Yesaya nɔ nu ƒom tso Mesia la ŋu la, egblɔ be: “Nye dɔla dzɔdzɔe la . . . atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe vodadawo te.” Nyateƒee, Yesu ƒe kua zu tafe si wɔe be woate ŋu aɖe nu vɔ̃ ƒe agba la ɖa le nuteƒewɔlawo katã dzi.—Yesaya 53:8, 11; Romatɔwo 4:25.

Nyagblɔɖiawo Vaa Eme Godoo

Be apostoloawo kple Yesu ŋutɔ hã naɖo kpe ame si Mesia la nye dzi tso Ŋɔŋlɔawo me la, woyɔ nyawo tso Yesaya ƒe nyagblɔɖia me zi gbɔ zi geɖe wu Biblia gbalẽ bubu ɖe sia ɖe me. Ke hã, menye Yesaya ƒe agbalẽa koe gblɔ etsɔme ɖi o. Hebri Ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖi bubu geɖewo ku ɖe Yesu, eƒe Fiaɖuƒea, kple nu nyui siwo Fiaɖuƒea awɔ le etsɔme la ŋu. * (Dɔwɔwɔwo 28:23; Nyaɖeɖefia 19:10) Kakaɖedzi ka gbegbee nɔ nyagblɔɖi siawo ƒe emevava ŋu? Yesu gblɔ na Yudatɔ siwo nɔ to ɖomee la be: “Migasusu be ɖe meva Se la kple Nyagblɔɖilawo [alo Hebri Ŋɔŋlɔawo] ɖe ge ɖa o. Nyemeva be maɖe wo ɖa o, ke boŋ be mana woava eme; elabena vavã mele egblɔm na mi be, ele bɔbɔe be dziƒo kple anyigba nu nava yi kaba wu be ŋɔŋlɔdzesi suetɔ ɖeka, alo ŋɔŋlɔdzesi aɖe si le Sea me ƒe kakɛ aɖe, nu nayi le mɔ aɖe nu, hafi nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la nava eme.”—Mateo 5:17, 18.

Yesu gahe susu yi Biblia me nyagblɔɖi siwo va eme le eƒe ɣeyiɣia me kple esiwo ava va eme emegbe la dzi. (Daniel 9:27; Mateo 15:7-9; 24:15) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ŋutɔwo hã gblɔ nudzɔdzɔ aɖewo siwo ava va eme le wo megbe, siwo me nu siwo teƒe kpɔm míele egbea hã le la, ŋu nya ɖi. Nyati si kplɔ esia ɖo adzro nyagblɔɖi siawo kple Biblia me nyagblɔɖi bubu siwo ava eme le etsɔme la me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Ne èdi numeɖeɖe bubuwo ku ɖe Yesu ŋuti nyagblɔɖi siwo va eme ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, axa 200. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

‘Ðetugbui, si menya ŋutsu o la adzi ŋutsuvi’

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

‘Nyemetsyɔ nu ŋkume le vlododo ŋuti o’