Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mizu Mawu Srɔ̃lawo”

“Mizu Mawu Srɔ̃lawo”

Te Ðe Mawu Ŋu

“Mizu Mawu Srɔ̃lawo”

Efesotɔwo 4:32–5:2

DƆMENYONYO. Dɔmetɔtrɔ. Tsɔtsɔke. Lɔlɔ̃. Nublanuitɔe la, ƒãa hafi nàkpɔ amewo woanɔ nɔnɔme nyui siawo ɖem fia egbea. Ke wò ya ɖe? Ðe wòwɔ na wò kpɔ be, aleke kee nèdze agbagbae o, màte ŋu atu nɔnɔme nyui siawo ɖo gbeɖe oa? Ðewohĩ ne wò dzi bua fɔ wò la, esia ana nàyi edzi anɔ sesem le ɖokuiwò me be le nɔnɔme manyomanyo siwo ƒo ke ɖe to ɖe mewò alo nɔnɔme sesẽ siwo me nèto va yi kple esiawo tɔgbi ta la, manya wɔ be nàtu nɔnɔme nyoameŋuwo ɖo o. Ke hã, Biblia la fia nyateƒenya sia si ŋu kakaɖedzi le la mí—eyae nye be mía Wɔlaa nya be ŋutete le mía si be míatu nɔnɔme nyuiwo ɖo.

Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí Kristotɔ vavãwo be: “Eya ta mizu Mawu srɔ̃lawo, abe lɔlɔ̃viwo ene.” (Efesotɔwo 5:1) Nya mawo nye nya ɖedzesi siwo ɖe ale si Mawu ka ɖe esubɔlawo dzii la fia. Le mɔ ka nu? Yehowa Mawu wɔ amegbetɔ ɖe Eƒe nɔnɔme nu, eye wòɖii. (1 Mose 1:26, 27) Esia fia be Mawu tsɔ nɔnɔme siwo le eya ŋutɔ me la de amegbetɔwo me esime wòwɔ wo. * Eya ta esi Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woazu Mawu srɔ̃lawo’ la, ɖeko wòle abe ɖe Yehowa ŋutɔ nɔ gbɔgblɔm be, ‘Meka ɖe mia dzi. Menya be, togbɔ be miede blibo o hã la, ŋutete le mia si be mianɔ abe nye ene va se ɖe afi aɖe.’

Mawu ƒe nɔnɔme siwo míate ŋu asrɔ̃ la dometɔ aɖewo ɖe? Kpukpui siwo ƒo xlã afi si nuxlɔ̃amea le la ɖo nya ma ŋu. De dzesii be Paulo dze nuxlɔ̃ame si wòna be míazu Mawu srɔ̃lawo la gɔme kple nyagbɔgblɔ si nye “eya ta.” Nyagbɔgblɔ sia nye nyablanya si tsya kpukpui si do ŋgɔ, si ƒo nu tso dɔmenyonyo, dɔmetɔtrɔ ɖe ame ŋu vevie, kple tsɔtsɔke ŋu, la ɖe esi kplɔe ɖo la nu. (Efesotɔwo 4:32; 5:1) Eye le kpukpui si kplɔ esi me Paulo ɖo aɖaŋu le be míasrɔ̃ Mawu ɖo me la, egblɔ na Kristotɔwo be woayi edzi anɔ agbe si ɖenɛ fiana be ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ le wo si na amewo. (Efesotɔwo 5:2) Le nyateƒe me la, le dɔmenyonyo, dɔmetɔtrɔ ɖe ame ŋu lɔlɔ̃tɔe, nu vɔ̃ tsɔtsɔ ke amewo faa, kple lɔlɔ̃ɖeɖefia gome la, ame si ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake si wòle be mí katã míasrɔ̃ ɖi lae nye Yehowa Mawu.

Nu ka tae wòle be míadi be míanɔ abe Mawu ene? De dzesi nya ʋãme si dze le Paulo ƒe nyawo me: “Mizu Mawu srɔ̃lawo, abe lɔlɔ̃viwo ene.” Ðe esia meʋã dzi na wò ŋutɔ oa? Yehowa bua esubɔlawo abe vi siwo wòlɔ̃na vevie ene. Abe ale si ɖevi sue adze agbagba be yeanɔ abe ale si ko ye fofo le ene la, nenema kee Kristotɔwo wɔa nu sia nu si woate ŋui be yewoanɔ abe yewo Fofo si le dziƒo la ene.

Yehowa mezinɛ ɖe amegbetɔwo dzi be woasrɔ̃ ye o. Ke boŋ ede bubu mía ŋu hena tiatiawɔblɔɖe mí. Eya ta be nàzu Mawu srɔ̃la alo màzui o la nye wò ŋutɔ wò nyametsotso. (5 Mose 30:19, 20) Ke hã, mègaŋlɔ be o be ŋutete le asiwò be nàɖe mawumenɔnɔmewo afia. Le nyateƒe me la, hafi nàte ŋu asrɔ̃ Mawu la, ele be nànya ame si tututu wònye. Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu tso Mawu ƒe nɔnɔmewo kple eƒe mɔwo ŋu. Mawu sia ƒe amenyenye si ɖeke mesɔ kpli o ʋã ame miliɔn geɖewo wova zu esrɔ̃lawo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Kolosetɔwo 3:9, 10 ɖee fia be amegbetɔwo wɔwɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu ku ɖe woƒe amenyenye ŋu. Woxlɔ̃ nu ame siwo di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la be woado “amenyenye yeye” si ‘wowɔ yeyee le [Mawu] Ame si wɔe la ƒe nɔnɔme nu.’