Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Siwo Adzɔ Le Etsɔme Kpuie La Gbɔgblɔ Ði

Nu Siwo Adzɔ Le Etsɔme Kpuie La Gbɔgblɔ Ði

Nu Siwo Adzɔ Le Etsɔme Kpuie La Gbɔgblɔ Ði

ESI apostolo Petro nɔ nu ƒom tso amegbetɔwo kple anyigba la ƒe etsɔme ŋu la, eŋlɔ bena: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.” (2 Petro 3:13) Wodo “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ƒe ŋugbe zi gbãtɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi. (Yesaya 65:17; 66:22) Esi Petro gahe susu yi nyagblɔɖi sia dzi la, enɔ eɖem fia be le yeƒe ŋkekea me la, nyagblɔɖi ma mekpɔ va eme keŋkeŋ haɖe o.

Emegbe le Nyaɖeɖefia si wotsɔ na to apostolo Yohanes dzi le ƒe 96 Mía Ŋɔli me me la, wotsɔ “anyigba yeye” ma do ƒome kple yayra siwo ava le Mawu Fiaɖuƒedziɖuɖua te. (Nyaɖeɖefia 21:1-4) Nya siwo Yesu gblɔ kple esiwo apostolo Paulo hã gblɔ ku ɖe ale si xexea me ƒe nɔnɔmewo anɔ do ŋgɔ teti na Mawu Fiaɖuƒea ƒe vava la le eme vam fifia. Eya ta míate ŋu akpɔ mɔ be eteƒe madidi o, Fiaɖuƒe ma ahe xexe yeye la avae. Aleke xexe yeye ma anɔ? Biblia gbalẽ si nye Yesaya gblɔe na mí.

Yayra Siwo Míakpɔ Le Xexe Yeyea Me

Ŋutifafa Anɔ Anyigba Katã Dzi Eye Amewo Awɔ Ðeka Le Tadedeagu Me. “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”—Yesaya 2:2-4.

Ŋutifafa Anɔ Amegbetɔwo Kple Lãwo Dome. ‘Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ, eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo. Nyinɔ kple sisiblisinɔ woaɖu gbe, eye wo viwo atsyɔ akɔ ɖe afi ɖeka. Dzata aɖu gbe abe nyi ene. . . . Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu me ene.’—Yesaya 11:6-9.

Nuɖuɖu Abɔ Eye Ame Sia Ame Akpɔ Nu Aɖu. “Yehowa Zebaot atsɔ nuɖuɖu damiwo kple wein, siwo ɖo ƒã la, atu aglo na dukɔwo katã ɖe to sia dzi; nuɖuɖuawo da ami, eye ƒuto me mi le wo me, weinawo ɖo ƒã, eye wo me dza.”—Yesaya 25:6.

Ku Maganɔ Anyi O. “[Mawu] ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me, eye wòaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.”—Yesaya 25:8.

Woafɔ Ame Kukuwo Ðe Tsitre. “Ame siwo ku le mewò la anɔ agbe; woƒe ŋutilãwo atsi tre. Mi ame siwo mlɔ ke me, minyɔ eye miado dzidzɔɣli. . . . Anyigba aɖe eƒe ame siwo ku la ɖe go.”—Yesaya 26:19, Agbenya La.

Mesia La Anye Ʋɔnudrɔ̃la Dzɔdzɔe. ‘Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu o, eye matso afia ɖe nu si eƒe to le sesem la nu o. Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe.’—Yesaya 11:3, 4.

Woada Gbe Le Ŋkuagbãtɔwo Kple Tokunɔwo Ŋu. “Ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu.”—Yesaya 35:5.

Gbegbewo Azu Anyigba Wɔnuwo. “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene. Woaƒo se ake, eye woatsɔ dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso ase vivii.”—Yesaya 35:1, 2.

Anyigba Yeye Aɖe. ‘Mawɔ dziƒo yeye [dziƒodziɖuɖu yeye] kple anyigba yeye [ameƒome dzɔdzɔe yeye], eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o; ke boŋ miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa le nu si mawɔ la ŋuti. . . . [Xexe yeye si ŋugbe Mawu do la me nɔlawo atu] xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe ale si ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo. Womadze agbagba dzodzro o, eye womadzi dzikudziku o; elabena Yehowa ƒe ame yayrawo ƒe ƒome wonye, eye wo viwo le wo ŋu. Eye wòava me be, matɔ, hafi woava yɔm, eye ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.’ ‘Yehowa be: Ale si dziƒo yeye kple anyigba yeye, si wɔ ge mala la, anɔ anyi le ŋkunye mee la, nenema ke miaƒe ƒome kple miaƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbee.’—Yesaya 65:17-25; 66:22.

Etsɔme Wɔnuku Aɖe Gbɔgblɔ Ði

Menye Biblia gbalẽ si nye Yesaya koe gblɔ yayra siwo ava le etsɔme la ɖi o. Nyagblɔɖi geɖewo le Biblia me siwo ƒo nu tso nu wɔnuku siwo Mawu awɔ to eƒe Fiaɖuƒe si le Kristo si me dzi la ŋu. * Àdi be yeanɔ agbe le paradiso nyui ma mea? Àte ŋui! Wò ŋutɔ srɔ̃ nu si tututu Biblia fia tso Mawu ƒe tameɖoɖo nyui siwo ku ɖe etsɔme ŋu la ŋu, bene nànya nu si nàwɔ akpɔ gome le yayra mawo me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 15 Ne èdi nyatakaka bubuwo tso Mawu Fiaɖuƒea kple nu siwo wòava wɔ ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, axa 76-85; Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Amegbetɔwo anɔ ŋutifafa me kple wo nɔewo kpakple lãwo siaa

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Kukuawo agbɔ agbe

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Anyigba blibo la azu paradiso