Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Siwo Wogblɔ Ði Be Woadzɔ Le Míaƒe Ŋkekea Me

Nu Siwo Wogblɔ Ði Be Woadzɔ Le Míaƒe Ŋkekea Me

Nu Siwo Wogblɔ Ði Be Woadzɔ Le Míaƒe Ŋkekea Me

BIBLIA gblɔe ɖi be Mawu Fiaɖuƒea ahe ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ ava anyigba dzi. (Daniel 2:44) Le Mía Fofo Si Le Dziƒo alo, Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa, me la, Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.” (Mateo 6:10) Le Yesu ƒe nyagblɔɖi ɖedzesi si amewo nya nyuie, si wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le Amitoa dzi me la, egblɔ nudzɔdzɔ kple nɔnɔme aɖewo koŋ siwo ava eme teti do ŋgɔ na Fiaɖuƒe ma ƒe vava la ŋu nya ɖi. Nu siawo katã ƒo ƒu nye dzesi aɖe si dzi anukwaretɔ siwo katã léa ŋku ɖe nu ŋu la akpɔ adze sii kɔtɛ. Dzesi ma ƒe akpa vovovo siwo gbɔna la kawo me vava teƒee wò ŋutɔ nèkpɔ?

Dukɔwo Dome Ʋawo. Yesu gblɔ ɖi be: “Dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu.” (Mateo 24:7) Do ŋgɔ na xexemeʋa gbãtɔ ƒe dzɔdzɔ le ƒe 1914 me la, aʋawɔwɔwo mekekea ta boo o. Gake Xexemeʋa I ya keke ta ɖo anyigba la ƒe akpa gã aɖe dzi, eye wòna aʋawɔnu dziŋɔ siwo ameƒomea mekpɔ kpɔ o la wɔwɔ dzi ɖe edzi kabakaba hã. Le kpɔɖeŋu me, wotsɔ yameʋu siwo woto vae teti ɣemaɣi la nɔ bɔmbwo dudum ɖe dumevi dzrowo dzi. Aʋawɔnuwo wɔwɔ le agbɔsɔsɔme na amewuwu le aʋaa me dzi ɖe edzi wu ale si wobui ɣemaɣi be ate ŋu adzɔ, eye asrafo siwo ade miliɔn 65, siwo woɖo ɖe aʋagbedzi la, dometɔ siwo wu afã ku alo xɔ abi. Ke hã, le ƒe alafa 20 lia me, esime ƒeawo va nɔ yiyim la, amewuwua gava do gã ɖe edzi. Le ŋutinyaŋlɔla aɖe ƒe nya nu la, míate ŋu anya asrafo kple dumevi dzro siwo ku le Xexemeʋa II me la “ƒe xexlẽme ŋutɔŋutɔ gbeɖe o.” Eye aʋawɔwɔwo gakpɔtɔ le edzi yim fifia gɔ̃ hã.

Dɔwuame Akeke Ta. Yesu gblɔe ɖi be: “Nuɖuɖu ave.” (Mateo 24:7) Le ƒe 2005 me la, Science magazine ka nya ta be: “Ame miliɔn 854 le xexea me (anɔ abe anyigbadzinɔla 14 le alafa me ene) mekpɔa nu nyui ɖuna gbe aɖeke gbe o, alo womekpɔa nu nyui ɖuna ɣeaɖewoɣi o.” Le ƒe 2007 me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔ aɖe ka nya ta be, dukɔ 33 mekpɔa nuɖuɖu si asu na woƒe dukɔmeviwo o. Esi wònye be agblemenukuwo le dzidzim ɖe edzi le xexea me godoo la, ke nu ka tae amewo mekpɔa nu ɖuna o? Susu ɖekae nye be wole anyigba kple nuku siwo woate ŋu azã atsɔ anyi amewoe la zãm tsɔ le mɔmemi boŋ wɔmee. South Africa nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Witness ka nya ta be: “Nuku si gbegbe wotsɔ wɔa mɔmemi ƒe agbɔsɔsɔme si woate ŋu akɔ ɖe ʋu ƒomevi aɖewo me zi ɖeka pɛ la, ate ŋu anyi ame ɖeka hena ƒe ɖeka blibo.” Le dukɔ deŋgɔwo gɔ̃ hã me la, ale si nuɖuɖu ƒe asi le dzi yimee la zii ɖe amewo dzi be woatiae nenye be yewoaɖu fiẽnu loo alo yewoazã ga ma atsɔ axe nu vevi bubuwo ƒe fe, abe atikefe ene.

Anyigbaʋuʋu Gãwo. Yesu gblɔ be: “Anyigba aʋuʋu ŋutɔ.” (Luka 21:11) Ne ewɔna na wò be anyigbaʋuʋuwo le nu gblẽm le ame geɖe ŋu fifia wu tsã la, ke wò nya le eme. Anyigbaʋuʋuŋutinunyala R. K. Chadha si nye Indiatɔ la gblɔ le ƒe 2007 me be: “Anyigbaʋuʋuwo dzi ɖe edzi le xexea me godoo zi ɖeka.” Eyi edzi be: “Ame aɖeke menya nu si tae o.” Gawu la, ale si amewo le agbɔ sɔm kabakaba ɖe teƒe siwo anyigba ate ŋu aʋuʋu le la na be ame siwo kuna le anyigbaʋuʋuwo me la dzi ɖe edzi. United States ƒe Anyigbaŋutinumekuku Habɔbɔ gblɔ le anyigba si ʋuʋu le India Ƒugã gɔme le ƒe 2004 me kple tsiɖɔɖɔ si wòhe vae ŋu be, ena be ƒe ma nye “esi me amewo ku le wu le anyigbaʋuʋu siwo katã dzɔ le ƒe 500 kloe me la dome” eye wònye “esiwo gblẽ nu le ŋutinya me wu la ƒe evelia.”

Dɔléle Siwo Menya Dana O. Yesu gblɔ ɖi be: “Dɔvɔ̃wo . . . ava.” (Luka 21:11) Le xexea me godoo la, dɔléle xoxowo kple yeyewo le ame geɖe wu dzi dzem, eye atike siwo wokpɔ mɔ be woada dɔawo la mete ŋu le wo dam o. Le kpɔɖeŋu me, dukɔwo ɖo taɖodzinu be yewoaɖe asrãdɔ (atikesi) ɖa, gake ɖeko wodo kpo nu zi gbɔ zi geɖe, esi amegbetɔwo ƒe asi mete ŋu le dɔlélea dzi kpem o ta. Gakpe ɖe eŋu la, dɔléle xoxowo le ame miliɔn geɖewo wum; wo dometɔ ɖekae nye yɔmekpe si hã le ame wum fifia abe AIDS (ɖikanakudɔ) kple dɔléle yeye bubuwo ene. Xexea Me Ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta be: “Anyigbadzinɔla ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me xɔ yɔmekpe fifia.” Habɔbɔ sia de dzesii hã be HIV dɔlékuia wɔa akpa aɖe le ale si yɔmekpe le ta kekem le dukɔ geɖewo me la me. Sɛkɛnd ɖe sia ɖe la, ame ɖeka xɔa yɔmekpe, eye sesẽm koe wòle ɖe edzi be woadae kple atike siwo li. New Scientist magazine gblɔ be, le ƒe 2007 me la, wokpɔ yɔmekpedɔ aɖe le dɔnɔ aɖe si le Europa ŋu, eye “yɔmekpetike ɖe sia ɖe si le mía si la mete ŋu kpe edzi o.”

Agbe Nyui Nɔnɔ Kple Hadomegbenɔnɔ Ƒe Toyiyi. Yesu gblɔ be: “Le sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi ta la, ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ ayi to.” (Mateo 24:12) Tsɔ kpe ɖe nya si Yesu gblɔ ɖi ŋu la, apostolo Paulo hã ƒo nu tso hadomegbenɔnɔ kple agbe nyui nɔnɔ ƒe toyiyi ŋu. Eƒo nu tso ‘ŋkeke mamlɛ’ siwo me nɔnɔ asesẽ siwo ava do ŋgɔ teti hafi Mawu Fiaɖuƒea nava he nuɖoanyi sia ava nuwuwui ŋu. Egblɔ be: “Amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, ɖokuidoɖedzilawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe nya aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame magbɔdziɖiwo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu, ame siwo si ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme le, gake womenɔa agbe ɖe eƒe ŋusẽ nu o.” (2 Timoteo 3:1-5) Ðe mèkpɔe be amewo le nɔnɔme gbegblẽ mawo ɖem fia fifia wu tsã oa?

Yesu kple Paulo meyɔ ŋutinya me, hadomegbenɔnɔ, kple dunyahehe me nudzɔdzɔ siwo gbɔ xexea me ƒe nɔnɔme siawo atso la katã o. Ke hã, wogblɔ nu siwo teƒe kpɔm míele kple nɔnɔme siwo ɖem amewo le fiafiam egbea la ɖi pɛpɛpɛ. Ke nyagblɔɖi kawoe ku ɖe etsɔme ya ŋu? Yesaya ƒe nyagblɔɖi si me wogblɔ Mesia la ƒe vava ŋu nya le wòva eme pɛpɛpɛ la ƒo nu tso tɔtrɔ dodzidzɔname siwo Mawu Fiaɖuƒea ahe ava anyigba dzi la ŋu. Mina míadzro esiawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

“Dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu”

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

© WHO/P. Virot

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

‘Dɔvɔ̃wo ava’