Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Nyui Gbalẽawo Ðe Kakaɖedzi Le Wo Ŋua?

Nya Nyui Gbalẽawo Ðe Kakaɖedzi Le Wo Ŋua?

Nya Nyui Gbalẽawo Ðe Kakaɖedzi Le Wo Ŋua?

“Ele be woabu nya nyui gbalẽawo azɔ be wonye Kristotɔ gbãtɔwo ƒe nyakpakpawo.”—Burton L. Mack si nye Nubabla Yeye la sɔsrɔ̃ ŋuti nufialagã si xɔ dzudzɔ le dɔ me.

MENYE nufialagã si ŋu míeƒo nu tsoe le etame la ko sie nukpɔsusu ma le o. Agbalẽnyala geɖe gblɔ be kakaɖedzi mele Mateo, Marko, Luka kple Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽ—siwo nye Biblia me nuŋlɔɖi siwo me Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔ ŋuti nya le la—ŋu o. Nu ka tae ame aɖewo bua Nya Nyui Gbalẽawo be wonye nyakpakpawo? Ðe wòle be woƒe nukpɔsusua nana nàke ɖi Nya Nyui Gbalẽawo me nyawo ƒe nyateƒenyenyea? Mina míadzro kpeɖodzi aɖewo me kpɔ.

Wogblɔ Be Kakaɖedzi Mele Nya Nyui Gbalẽawo Ŋu O

Tso ƒe alafa gbãtɔ va se ɖe ƒe alafa 17 lia Mía Ŋɔli me la, womeke ɖi kakaɖedzi si le Nya Nyui Gbalẽawo me nyawo ŋu nenema gbegbe kpɔ o. Gake vevietɔ tso ƒe alafa 19 lia ƒe gɔmedzedze va se ɖe egbe la, agbalẽnyala aɖewo bunɛ be menye Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Nya Nyui Gbalẽawo o, ke boŋ amewo ŋutɔwo ƒe nyakpakpawoe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wogblɔna be Nya Nyui Gbalẽawo ŋlɔlawo ŋutɔ mekpɔ nudzɔdzɔ siwo ku ɖe Yesu ŋu la teƒe o, eye wotea tɔ ɖe edzi be ame mawo mate ŋu aŋlɔ ŋutinya si ŋu kakaɖedzi le la ɖi o. Gakpe ɖe eŋu la, woƒo nya ta be ɖoɖo si nu woŋlɔ Nya Nyui Gbalẽ etɔ̃ gbãtɔ siawo ɖo kple ale si wo me nyawo ɖi wo nɔewoe la ɖee fia be agbalẽ siawo ŋlɔlawo kpɔ nu geɖe le wo nɔewo gbɔ gbugbɔ ŋlɔ. Ðeklemiɖelawo gblɔ hã be alakpanyawoe Yesu ƒe nukunuwo kple tsitretsitsi ŋu nya siwo dze le Nya Nyui Gbalẽawo me la nye. Wo dometɔ aɖewo gblɔ gɔ̃ hã be Yesu menye ame aɖe si nɔ anyi ŋutɔŋutɔ kpɔ o!

Ame siawo kee ƒo nya ta be Marko ye anya ŋlɔ Nya Nyui Gbalẽawo ƒe gbãtɔ, esi wòdze abe nya siwo le eme, siwo mele Nya Nyui Gbalẽ bubuawo me o la, le ʋɛ ŋutɔ ene ta. Ðeklemiɖelawo bui hã be Mateo kple Luka kpɔ Marko ƒe agbalẽa dzi ŋlɔ woƒe Nya Nyui Gbalẽawo, eye wogazã nyatsoƒe bubu aɖe si agbalẽnyalawo yɔna be Q (si woɖe tso Germanygbe me nya Quelle, si gɔmee nye “nyatsoƒe” la me). Le Biblia ŋuti nunyala A. F. J. Klijn ƒe nya nu la, nususugblɔ sia si dzi ame geɖe lɔ̃ ɖo la “ɖi gbɔ̃ Nya Nyui Gbalẽawo ŋlɔlawo be nuŋlɔɖi vovovowo nuƒoƒula dzro aɖewo koe wonye.” Le nyateƒe me la, nukpɔsusu ma na wobua Nya Nyui Gbalẽawo ŋlɔlawo be wonye ame siwo kpɔa nuŋlɔɖi bubuwo dzi ŋlɔna alo nye nyakpakpaŋlɔlawo. Nufiafia sia na dzixɔse si le amewo si be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia la me gbɔdzɔ.—2 Timoteo 3:16.

Ame Siwo Kpɔa Ame Bubuwo Ƒe Nuŋlɔɖiwo Dzi Gbugbɔ Ŋlɔna Ye Wonyea?

Ðe ɖekawɔwɔ si le Nya Nyui Gbalẽ etɔ̃ gbãtɔawo me ɖo kpe edzi be ɖeko eŋlɔlawo kpɔ nuwo le wo nɔewo gbɔ gbugbɔ ŋlɔa? Ao. Nu ka tae míeɖo eŋu nenema ɖo? Susu ɖekae nye be, Yesu do ŋugbe na eƒe nusrɔ̃lawo be gbɔgbɔ kɔkɔea ‘aɖo ŋku nu siwo katã yegblɔ na wo la dzi na wo.’ (Yohanes 14:26) Eya ta mewɔ nuku be Nya Nyui Gbalẽawo ŋlɔlawo ɖo ŋku nudzɔdzɔ ɖeka mawo ke dzi eye woŋlɔ wo ɖi o. Ate ŋu anɔ eme be Biblia ŋlɔlawo dometɔ aɖewo xlẽ Biblia ŋlɔla bubuwo ƒe nuŋlɔɖiwo eye wodzro wo me ya, gake nuwɔna sia afia be wowɔ numekuku tsitotsito ke menye be ɖeko wokpɔ ame bubuwo ƒe nuŋlɔɖiwo dzi gbugbɔ ŋlɔ ko o. (2 Petro 3:15) Gakpe ɖe eŋu la, The Anchor Bible Dictionary gblɔ be: “Ate ŋu anye be nyateƒe si wònye be susu mee woléa nyawo ɖo le blema la gbɔe wòtso be nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yesu ŋu la ɖi wo nɔewo ɖo.”

Luka gblɔ be, yeƒo nu kple nudzɔdzɔawo teƒekpɔla geɖewo, eye ‘yeku nuwo katã me tsitotsito tso gɔmedzedzea me.’ (Luka 1:1-4) Ðe ema na wòdze abe ame si kpɔa ame bubuwo ƒe nuŋlɔɖiwo dzi gbugbɔ ŋlɔna dzro aɖe ko alo nyakpakpaŋlɔla aɖe ko Luka nye enea? Gbeɖe! Esi blematomenukula William Ramsay dzro Luka ƒe nuŋlɔɖiawo me tsitotsito vɔ la, eƒo nya ta be: “Luka nye ŋutinyaŋlɔla adodoeawo dometɔ ɖeka: eye menye ɖeko eƒe nuŋlɔɖiwo nye nyateƒe si ŋu kakaɖedzi le o, ke boŋ enya ale si woŋlɔa ŋutinyawo ɖi nyuie hã . . . Ele be woabu agbalẽŋlɔla sia de ŋutinyaŋlɔla nyuitɔwo kekeake dome.”

Sɔlemeha Fofowo kple mawunyaŋununyala Origen si nɔ agbe le ƒe alafa etɔ̃lia me ɖi ɖase gblɔ be, apostolo Mateo ye nye Nya Nyui Gbalẽ ŋlɔla gbãtɔ. Origen ŋlɔ bena: “Gbãtɔe nye esi Mateo si nye adzɔxɔla tsã si va zu Yesu Kristo ƒe apostolo emegbe ŋlɔ, eye esi wòtae na ame siwo do tso Yuda subɔsubɔ me va zu xɔsetɔwo ta la, eŋlɔe ɖe Hebrigbe me.” Edze ƒãa be, mahiã be Mateo, si nye apostolo kple ame si kpɔ nudzɔdzɔawo teƒe la, nakpɔ Marko si mekpɔ nuawo teƒe o la ƒe nuŋlɔɖiwo dzi agbugbɔ aŋlɔ o. Ekema kpeɖodzi kae le nya si wogblɔ be Mateo kple Luka kpɔ Marko ƒe agbalẽa kple agbalẽ aɖe si woyɔna be Q si wosusu be enɔ anyi dzi ŋlɔ woƒe agbalẽawo la ŋu?

Marko Ƒe Nya Nyui Gbalẽae Woŋlɔ Gbã?

Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe si nye The Anchor Bible Dictionary gblɔ tso nya si wogblɔna be Marko ƒe Nya Nyui Gbalẽae woŋlɔ gbã eye wònye esi dzi Mateo kple Luka kpɔ ŋlɔ woƒe agbalẽawo la ŋu be, menye nya si wotu ɖe “kpeɖodzi sẽŋu aɖeke dzi o.” Ke hã, agbalẽnyala geɖe susui be Marko ŋlɔ eƒe Nya Nyui Gbalẽa do ŋgɔ na Mateo kple Luka, elabena wogblɔ be nya siwo le Marko ƒe agbalẽa me siwo mele Nya Nyui Gbalẽ bubuawo me o la le ʋɛ ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, ƒe alafa 19 lia me Biblia ŋuti nunyala Johannes Kuhn te tɔ ɖe edzi be anɔ eme kokoko be Marko ƒe Nya Nyui Gbalẽa ye woŋlɔ gbã. Kuhn gblɔ be ne mele nenema o la, “ke ɖeko wòle be woaƒo nya ta be, Marko lã Mateo kple Luka ƒe agbalẽ xatsaxatsawo me kakɛkakɛ tsɔ kɔ ɖe ze me, tsaka wo, eye emegbe wòɖe eƒe Nya Nyui Gbalẽa tso wo me.”

Esi wònye be Marko ƒe Nya Nyui Gbalẽa ye nye kpuitɔ ta la, mewɔ nuku o be nya siwo dze le eya ɖeɖe ko me mesɔ gbɔ de Nya Nyui Gbalẽ bubuawo tɔwo nu o. Ke hã, ema meɖo kpe edzi be eya kokokoe woanya ŋlɔ gbã o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, aʋatsoe nya si amewo gblɔna be, nya aɖeke medze le Marko ƒe agbalẽa ɖeɖe ko me si medze le Mateo kple Luka ƒe agbalẽawo me o la nye. Le nyateƒe me la, nya kple numeɖeɖe wɔdɔɖeamedzi 180 le Marko ƒe nuŋlɔɖi si me agbe le si me wòƒo nu tso Yesu ƒe subɔsubɔdɔ ŋu le la me, siwo medze le Mateo kple Luka ƒe nuŋlɔɖiawo me o, si wɔe be Marko ƒe agbalẽa nye Yesu ƒe agbemeŋutinya ɖedzesi aɖe.—Kpɔ aɖaka si le axa 13.

Ke Agbalẽ Ma Si Woyɔna Be Q Ya De?

Nu kae míate ŋu agblɔ tso agbalẽ si nye Q ma si ame aɖewo gblɔ be eya mee Mateo kple Luka kpɔ woƒe nyawo tsoe la ŋu? Mawusubɔsubɔ ŋuti nufialagã James M. Robinson gblɔ be: “Kakaɖedzitɔe la, Q ye nye Kristotɔwo ƒe nuŋlɔɖi vevitɔ si le mía si.” Eƒe nya siawo wɔ nuku loo! Elabena agbalẽ si woyɔna be Q la meli egbea míakpɔ o, eye le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu aɖo kpe edzi be enɔ anyi kpɔ hã o! Agbalẽ sia ƒe bubu keŋkeŋ nye nu si gawɔ nuku wu, elabena agbalẽnyalawo gblɔ be eƒe gbogbo aɖewo anya nɔ ame geɖewo si ɣemaɣi. Gakpe ɖe eŋu la, Sɔlemeha Fofowo dometɔ aɖeke meyɔ nya tso agbalẽ si woyɔna be Q la me kpɔ o.

Bu nya sia ŋu kpɔ. Wogblɔ be Q nɔ anyi kpɔ eye wòɖo kpe edzi be Marko ƒe agbalẽae woŋlɔ gbã. Ðe esia menye nususugblɔ si wotu ɖe nususugblɔ bubu dzi ko oa? Le amegbetɔwo ƒe nususugblɔwo abe esia tɔgbi ene gome la, nunya anɔ eme be Lododo sia me nyawo nanɔ susu me na mí be: “Amebebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala kpɔa ale si wòhiã be wòakpɔ kpeɖodzi na nyawo la dzea sii.”—Lododowo 14:15, The New English Bible.

Nya Nyui Gbalẽawo Nye Nyateƒegbalẽ Siwo Ŋu Kakaɖedzi Le

Ðeklemiɖelawo ƒe nususugblɔ siawo siwo ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o la he ame geɖe ƒe susu ɖa le Nya Nyui Gbalẽawo me nuŋlɔɖi, siwo ŋu kakaɖedzi le, siwo ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔ ŋu la ŋu. Nuŋlɔɖi siawo ɖee fia kɔtɛ be Kristotɔ gbãtɔwo mebu Yesu ƒe agbenɔnɔ, subɔsubɔdɔ, ku, kple tsitretsitsi ŋuti nyawo be wonye nyakpakpawo o. Nudzɔdzɔawo teƒekpɔla alafa geɖe ɖo kpe ŋutinya siawo ƒe nyateƒenyenye dzi. Kristotɔ gbãtɔ siawo, siwo nɔ klalo be yewoadze ŋgɔ yometiti kple ku le Yesu yome dzedze ta, nyae nyuie be Kristotɔnyenye anye bometsinu ne Yesu ƒe subɔsubɔdɔ kple tsitretsitsi ŋu nyawo nye nyakpakpa dzrowo ko.—1 Korintotɔwo 15:3-8, 17, 19; 2 Timoteo 2:2.

Mawuŋununya ŋuti nufialagã George W. Buchanan gblɔ tso nyaʋiʋli siwo ku ɖe nususugblɔ si nye be Marko ƒe Nya Nyui Gbalẽa ye woŋlɔ gbã kple agbalẽ si woyɔna be Q si ŋu womeke ɖo kpɔ o ŋu la ŋu be: “Nuƒoƒo tso nususugblɔ siwo ku ɖe nuwo ƒe tsoƒe ŋu fũu hea Biblia nusrɔ̃lawo ƒe susu ɖa tso Biblia me nyawo ŋutɔ sɔsrɔ̃ ŋu.” Nya siawo wɔ ɖeka kple aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na Timoteo be, wòagalé “to ɖe gliwo kple dzidzimewo xexlẽ fia ŋuti o; viɖe aɖeke mele wo ŋu o, ke boŋ wofɔa biabia manyatalenuwo ɖe te, le esi woana woanya nane si tso Mawu gbɔ le xɔse ŋu teƒe.”—1 Timoteo 1:4.

Kakaɖedzi le Nya Nyui Gbalẽawo ŋu. Ame siwo kpɔ nudzɔdzɔawo teƒe ƒe nya siwo dzi woate ŋu aka ɖo ye le wo me. Wotu wo me nyawo ɖe numekuku tsitotsito dzi. Wona míenya nyateƒenya dodzidzɔname geɖe tso Yesu Kristo ƒe agbenɔnɔ ŋuti. Eya ta abe Timoteo ene la, anyo be míawɔ ɖe Paulo ƒe nya siawo dzi be: “Yi edzi nànɔ nu siwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo ŋu hexɔ wo dzi se la me.” Kpeɖodzi sẽŋuwo le mía si siwo ta míalɔ̃ ɖe edzi be “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me”—Nya Nyui Gbalẽ eneawo hã le eme.—2 Timoteo 3:14-17.

[Aɖaka si le axa 13]

Esi Woŋlɔ Marko Ƒe Agbalẽa Tae Míenya Be . . .

Yesu tsa ŋku le wo dzi godoo kple dziku, eye wòxa nu vevie le woƒe dzimesesẽ la ŋuti (Marko 3:5)

wona ŋkɔ Yohanes kple Yakobo be Boanerges (Marko 3:17)

nyɔnu si nɔ ʋusisidɔ lém la zã eƒe nunɔamesiwo katã (Marko 5:26)

Herodia Yohanes Amenyrɔɖetsimela ɖe dɔ me, eye Herodes nɔ vɔvɔ̃m na Yohanes, eye wòkpɔa eta dedie (Marko 6:19, 20)

Yesu kpe eƒe nusrɔ̃lawo be woava yewoaɖi ɖe eme vie (Marko 6:31)

Farisitɔwo klɔa asi va se ɖe abɔklugui ke (Marko 7:2-4)

Yesu xɔ ɖeviawo ɖe eƒe akɔnu (Marko 10:16)

Yesu lɔ̃ ɖekakpui dziɖula la (Marko 10:21)

Petro, Yakobo, Yohanes kple Andrea ɖeɖe va bia nya Yesu (Marko 13:3)

ɖekakpui aɖe gblẽ eƒe aklalawu ɖi (Marko 14:51, 52)

Gakpe ɖe eŋu la, Marko ƒe agbalẽa me koe Yesu ƒe kpɔɖeŋu ɖeka aɖe kple eƒe nukunu eve aɖewo dze le.—Marko 4:26-29; 7:32-37; 8:22-26.

Nyatakaka bubu geɖe gale Marko ƒe agbalẽa me siwo míakpɔ le Nya Nyui Gbalẽ bubuawo me o. Ne míedia ɣeyiɣi tsɔ dea ŋugble le asixɔxɔ si le nyatakaka vevi mawo katã ŋu ŋu bliboe la, ana míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe wo ŋu nadzi ɖe edzi godoo.