Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nye Xɔse Kpe Ðe Ŋunye Menɔ Te Ðe Nublanuinyawo Nu

Nye Xɔse Kpe Ðe Ŋunye Menɔ Te Ðe Nublanuinyawo Nu

Nye Xɔse Kpe Ðe Ŋunye Menɔ Te Ðe Nublanuinyawo Nu

Abe ale si Soledad Castillo gblɔe ene

Edzɔ zi geɖe le nye agbe me be akogotsitsi kpe dzinye kloe—gake mete ŋui o. Esi mexɔ ƒe 34 la, srɔ̃nye lɔlɔ̃a ku. Ƒe ade megbe la, fofonye hã ku. Ɣleti enyi le fofonye ƒe ku megbe la, wokpɔ dɔléle aɖe si womate ŋu ada o le vinyeŋutsu ɖeka kolia ŋu.

ŊKƆNYEE nye Soledad, si gɔmee nye “Akogotsitsi.” Gake ewɔ nuku be nyemese le ɖokuinye me kpɔ be metsi akogo keŋkeŋ o. Esi nublanuinyawo dzɔ ɖe dzinye la, mexɔe se vevie be, Yehowa Mawu nɔ kplim, ‘elé nye nuɖusi,’ eye ‘wòkpe ɖe ŋunye ale be nyemevɔ̃ o.’ (Yesaya 41:13) Mina magblɔ ale si mewɔ te ŋu nɔ te ɖe nu wɔnublanui siwo dzɔ ɖe dzinye la nui kple ale si wona mete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu la na mi.

Dzidzɔɣi Aɖe Si Me Kuxi Boo Menɔ O

Wodzim le Barcelona, Spain, le May 3, 1961, eye nye ɖeka koe dzinyela siwo nye, José kple Soledad, dzi. Esi mexɔ ƒe asieke la, danye srɔ̃ Mawu ƒe Nya la me nyateƒea. Enɔ nyabiase siwo nɔ esi ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu la ƒe ŋuɖoɖowo dim, gake woƒe sɔlemeha mena ŋuɖoɖo gbagbe aɖekee o. Gbe ɖeka la, Yehowa Ðasefo eve aɖewo va srãe kpɔ le aƒe me, eye wotsɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo eƒe nyabiaseawo katã ŋu nɛ. Elɔ̃ dzidzɔtɔe be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.

Eteƒe medidi o, danye xɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefo, eye le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, fofonye hã dze eƒe kpɔɖeŋua yome. Eliana, ame si nɔ nua srɔ̃m kple danye la, de dzesii be metsɔ ɖe le Mawu ƒe Nya la me ŋutɔ. Togbɔ be nyɔnuvi dzaa aɖe ko menye ɣemaɣi hã la, Eliana do susu ɖa be yeasrɔ̃ nu kplim ɖe vovo. Eƒe kpekpeɖeŋu kple danye ƒe dzideƒoname wɔe be mexɔ nyɔnyrɔ esime mexɔ ƒe 13 ko.

Zi geɖe le nye ƒewuiwo me la, metena ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me, vevietɔ ne ehiã be mawɔ nyametsotso aɖe. Le nyateƒe me la, kuxi ʋɛ aɖewo koe medo go le nye sɔhɛmenɔɣi. Le hamea me la, xɔlɔ̃ geɖewo nɔ asinye, eye mía kple dzinyelawo dome nɔ kplikplikpli. Le ƒe 1982 me la, meɖe Felipe, Ðasefo aɖe si ƒe mawusubɔsubɔ me taɖodzinuwo sɔ kple tɔnyewo.

Hehenana Mía Vi Be Wòalɔ̃ Yehowa

Ƒe atɔ̃ megbe la, medzi ŋutsuvi dzeɖekɛ aɖe si míetsɔ ŋkɔ na be Saúl. Dzi dzɔ mía kple Felipe be míedzi vi. Enye míaƒe mɔkpɔkpɔ be, Saúl atsi le lãmesẽ me ava zu vi ɖɔʋu aɖe si alɔ̃ Mawu. Mía kple Felipe míezã ɣeyiɣi geɖe tsɔ ƒoa nu na Saúl tso Yehowa ŋu, míeɖua nu ɖekae, míekplɔnɛ yia tsaɖibɔwo me, eye míefena kplii. Edoa dzidzɔ na Saúl be yeakplɔ Felipe ɖo ayi aɖagblɔ Biblia me nyateƒea na amewo. Felipe kpe ɖe eŋu tso ɖevime ke be wòakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye wòfiae ale si wòazi agbonugawo kple ale si wòana trakt amewo.

Saúl nɔ agbe ɖe lɔlɔ̃ si míeɖe fiae kple hehe si míenae la nu. Kaka wòaxɔ ƒe ade la, edea gbeƒãɖeƒe kpli mí edziedzi. Biblia me ŋutinyawo sese doa dzidzɔ nɛ, eye ekpɔa mɔ na míaƒe ƒome ƒe Biblia nusɔsrɔ̃ vevie. Esi wòte sukudede megbe kpuie la, enɔa te ɖe Biblia me sidzedze si su esi la dzi wɔa nyametsotso suesuewo.

Gake esi Saúl xɔ ƒe adre la, nuwo trɔ bubui kura le míaƒe ƒomea me. Dɔlékui aɖe va te nugbegblẽ le Felipe ƒe dzitodzitowo ŋu. Ewɔ avu kple dɔléle sia ɣleti 11 sɔŋ, metea ŋu wɔa dɔ o, eye wòtsia aba dzi zi geɖe. Srɔ̃nye ku le eƒe ƒe 36 lia xɔxɔ me.

Megafaa avi kokoko ne meɖo ŋku ɣeyiɣi sesẽ mawo dzi. Dɔlékuia nɔ Felipe dzi ɖum vivivi, gake naneke menɔ anyi mawɔ tso eŋu o. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, medze agbagba be mayi edzi anɔ dzi dem ƒo na Felipe, togbɔ be le ememe la, menyae be nu siwo míekpɔ mɔ na kple ɖoɖo siwo míewɔ ɖe míaƒe ƒomea ŋu dome gblẽ kura hã. Mexlẽa nyati siwo wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi la nɛ, eye esiawo doa ŋusẽ mí ne míete ŋu de Kristotɔwo ƒe kpekpewo o. Esime wòku la, mese le ɖokuinye me be viɖe aɖeke megale nye agbe ŋu o.

Ke hã, Yehowa lém ɖe te. Medoa gbe ɖa nɛ ɣesiaɣi be wòana eƒe gbɔgbɔ lam. Medaa akpe nɛ ɖe ƒe siwo mía kple Felipe míenɔ anyi ɖekae le dzidzɔ me kple mɔkpɔkpɔ si nye be magakpɔ Felipe ake le tsitretsitsia me la ta. Mebiaa Mawu be wòakpe ɖe ŋunye be ŋkuɖoɖo ɣeyiɣi siwo mía kple srɔ̃nye míetsɔ nɔ anyi ɖekae la dzi nana manɔ dzidzɔ kpɔm, eye wòana nunyam be mahe mía via wòazu Kristotɔ vavã. Togbɔ be vevesesea nu sẽ hã la, mekpɔ akɔfafa.

Dzinyelawo kple hamea me tɔwo siaa na kpekpeɖeŋu geɖem. Togbɔ be enɔ alea hã la, enɔ nam be maxɔ ŋgɔ le Biblia sɔsrɔ̃ kple Saúl me ahafiae ale si wòasubɔ Yehowa. Nye dɔtɔ tsãtɔ aɖe tsɔ ɔfisdɔ nyui aɖe ɖo ŋkunyeme, gake metiae be mawɔ xɔmedzraɖodɔ bene mate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe Saúl ŋu ahanɔ egbɔ ne egbɔ tso suku.

Mawunyakpukpui aɖe te gbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo fiafia Saúl ƒe vevienyenye dzi nam, egblɔ be: ‘Mla ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.’ (Lododowo 22:6) Mawunyakpukpui sia na mekpɔe be ne mewɔ nye ŋutete katã tsɔ fia Mawu ƒe dzidzenuwo Saúl la, Yehowa ayra ɖe nye agbagbadzedzewo dzi. Nyateƒee, esia wɔwɔ biana be matsɔ nanewo asa vɔe le ga gome, gake ehiã be makpɔ ɣeyiɣi ɖe vinyea ŋu, eye esia nɔ vevie nam wu ŋutilãmeviɖe ɖe sia ɖe.

Esime Saúl xɔ ƒe 14 la, fofonye ku. Esia te ɖe Saúl dzi ale gbegbe, elabena tɔgbuia ƒe ku ɖo ŋku veve siwo katã wòse esime fofoa ku la dzi nɛ. Fofonye hã ɖo lɔlɔ̃ na Yehowa ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Le fofonye ƒe ku megbe la, Saúl se le eɖokui me be ye ɖeka koe nye “ŋutsu” si susɔ le ƒomea me, eye le esia ta, enye yeƒe agbanɔamedzi be yeakpɔ ye dada kple ye mama dzi.

Avuwɔwɔ Kple Ʋumenugbagbeviɣidɔ

Ɣleti enyi le fofonye ƒe ku megbe la, míaƒe ƒomea ƒe ɖɔkta gblɔ nam be makplɔ Saúl ayi kɔdzi si te ɖe mía ŋu, elabena ɖeɖi tea eŋu belibeli. Le dodokpɔ vovovowo wɔwɔ megbe la, ɖɔkta la gblɔ nam be, wokpɔ ʋumenugbagbeviɣidɔ aɖe le Saúl ŋu. *

Le ƒe eve kple afã siwo kplɔe ɖo me la, woxɔa Saúl ɖe kɔdzi edziedzi esi wònɔ agbagba dzem be yeanɔ te ɖe kansadɔa kple kansadɔlékuiwutike si ɖɔktawo nɔ zazãm tsɔ nɔ agbagba dzem be yewoada dɔa nɛ la nu. Esi wozã atikeawo nɛ ɣleti ade wu enu vɔ la, dɔa ka ɖe eme eye eƒe lãme sẽ nyuie ɣleti 18 sɔŋ. Gake kansadɔa gatrɔ gbɔ, wogazã atikeawo na Saúl ake ɣeyiɣi kpui aɖe, eye esia na wògbɔdzɔ vevie. Kansadɔa gaɖiɖi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko, eye fifia ya la, Saúl megate ŋu nɔ te ɖe kansadɔlékuiwutike zazã nɛ zi etɔ̃lia nu o. Saúl tsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu hegblɔ be yedi be yeaxɔ nyɔnyrɔ azu Yehowa Ðasefo hafi, ke hã, eku esi wòxɔ ƒe 17 teti ko.

Zi geɖe la, ɖɔktawo biana be woado ʋu nɛ bene woatsɔ alé kansadɔlékuiwutikeawo ƒe fuɖeɖe nɛ nu. Le nyateƒe me la, ʋudodo mate ŋu ada dɔa o. Esi ɖɔktawo ke ɖe ʋumenugbagbeviɣidɔa ŋu zi gbãtɔ la, mía kple Saúl míena eme kɔ na ɖɔktawo nyuie be míalɔ̃ woado ʋu nɛ o, esi wònye be míedi be míawɔ ɖe Yehowa ƒe sedede si nye be ‘míatsri ʋu’ la dzi ta. (Dɔwɔwɔwo 15:19, 20) Zi geɖe ne nyemeli o la, enɔna na Saúl be wòana ɖɔktawo nakpɔe be eya ŋutɔ ƒe nyametsotsoe wònye be womado ʋu na ye o. (Kpɔ aɖaka si le axa 31.)

Mlɔeba la, ɖɔktaawo va ƒo nya ta be Saúl nye ƒewuivi si tsi le susu me, eye wònya nu si eƒe dɔlélea agblẽ le eŋu la nyuie. Wolɔ̃ ɖe edzi be yewoade bubu míaƒe nukpɔsusuwo ŋu, eye yewoawɔ atike nɛ ʋumadomadoe, togbɔ be woƒonɛ ɖe mía nu vevie ɣesiaɣi be míatrɔ míaƒe nyametsotsoa hã. Ne mekpɔ Saúl wòle eƒe nukpɔsusu ku ɖe ʋu ŋu me ɖem na ɖɔktawo la, dzi dzɔam ŋutɔ. Eme kɔ ƒãa be etu ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa ɖo.

Le dzomeŋɔli si míese nu tso Saúl ƒe dɔlélea ŋu zi gbãtɔ me la, woɖe agbalẽ si ƒe tanyae nye, Te Ðe Yehowa Ŋu ɖe go le takpekpe gã aɖe si wowɔ le Barcelona la me. Agbalẽ vevi ma nɔ na mí abe seke aɖe si lé mí ɖe te sesĩe ene esi míedze ŋgɔ etsɔme ɖivɔvɔ̃ si ŋu kakaɖedzi menɔ o la. Esime míenɔ kɔa dzi la, míexlẽ eƒe akpa aɖewo ɖekae. Le ɣeyiɣi sesẽ gbogbo siwo me míeva to emegbe me la, míeɖoa ŋku emenyawo dzi zi geɖe. Ɣemaɣie gɔmesese tɔxɛ aɖe va nɔ Yesaya 41:13 me nya siwo woyɔ le agbalẽa ƒe ŋgɔdonya me la ŋu na mí. Egblɔ be: ‘Nye Yehowa, wò Mawu, ame si le gbɔgblɔm na wò be, megavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.’

Saúl Ƒe Xɔse Wɔ Dɔ Ðe Amewo Dzi

Saúl ƒe tsitsi le susu me kple mɔkpɔkpɔ si nɔ esi ku ɖe etsɔme ŋu la wɔ dɔ ɖe ɖɔkta kple dɔnɔdzikpɔla siwo le Vall d’Hebrón Kɔdzi la dzi vevie. Eƒe nuwɔna na be kɔdzidɔwɔla siwo katã kpɔ egbɔ la va lɔ̃ eƒe nya gbɔ vevie. Le esia megbe la, ɖɔktagã si kpɔa ʋunyawo gbɔ si nɔ kansatikea wɔm nɛ la lɔ̃ kpɔ Ðasefowo ƒe vi bubu siwo ŋu ʋumenugbagbeviɣidɔ nɔ la gbɔ, eye wòde bubu wo ŋu ŋutɔ. Eɖoa ŋku ale si Saúl ɖoe kplikpaa lé eƒe dzixɔsewo me ɖe asi, ale si dzi nɔ eƒo togbɔ be enyae be yeaku hã, kple ale si wòkpɔa dzidzɔ ɣesiaɣi la dzi. Dɔnɔdzikpɔlaawo gblɔ na Saúl be, eyae nye dɔnɔ si si nɔnɔme nyuiwo le wu si woxɔ ɖe kɔdzixɔ ma me kpɔ. Wogblɔ be metoa nyatoƒoe gbeɖe o, eye wògakpɔtɔ nye dzidzɔme kokoko—le esime wòsusɔ vie wòaku gɔ̃ hã.

Nyɔnu aɖe si nye susuŋutinunyala gblɔ nam be, ɖevi geɖe siwo xɔ ƒe sia tɔgbi eye kudɔ sia tɔgbi le wo ŋu la, dzea aglã ɖe ɖɔktawo kple wo dzilawo ŋu, le vevesese kple dziɖeleameƒo ta. Ede dzesii be menɔ alea le Saúl ya gome o. Ale si nukpɔsusu nyui kpɔtɔ nɔ Saúl si, eye wòɖea dzi ɖi bɔkɔɔ la, wɔ nuku nɛ. Esia na mɔnukpɔkpɔ mía kple Saúl míeɖi ɖase nɛ tso míaƒe dzixɔsewo ŋu.

Meɖo ŋku ale si Saúl kpe ɖe Ðasefo aɖe si le míaƒe hamea me ŋu le mɔ aɖe nu la dzi. Enɔ blanuiléledɔ lém ƒe ade sɔŋ ye nye ema, eye atike siwo katã wowɔ nɛ la mewɔ dɔ o. Zi geɖe la, enɔa Saúl gbɔ le zã me le dɔnɔkɔa dzi henɔa be lém nɛ. Egblɔ nam be, ale si Saúl nɔ te ɖe ʋumenugbagbeviɣidɔa nui la wɔ dɔ ɖe ye dzi vevie. Ede dzesii be togbɔ be Saúl gbɔdzɔ ale gbegbe hã la, edzea agbagba dea dzi ƒo na ame sia ame si va srãe kpɔ. Ðasefo sia gblɔ be: “Saúl ƒe kpɔɖeŋua na dzideƒom be mawɔ avu kple nye blanuiléledɔa.”

Ƒe etɔ̃e nye esi va yi tso esime Saúl ku. Ke hã, megakpɔtɔ sea veve kokoko. Ŋusẽ mele ŋunye o, gake Mawu na “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” lam. (2 Korintotɔwo 4:7) Mesrɔ̃e be nu nyuiwo ate ŋu ado tso nɔnɔme dovevesesename sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me. Agbagbadzedze be manɔ te ɖe srɔ̃nye, fofonye, kple vinyeŋutsu ƒe ku nu kpe ɖe ŋunye be meva zu ɖokuitɔmadila kple ame si sea nu gɔme na ame siwo le fu kpem la geɖe wu. Ƒo wo katã ta la, ena meva te ɖe Yehowa ŋu geɖe wu. Mate ŋu akpe akɔ kple nu siwo adzɔ le etsɔme la vɔvɔ̃manɔmee, elabena Fofonye si le dziƒo la gakpɔtɔ le kpekpem ɖe ŋunye. Ekpɔtɔ léa nye nuɖusi ɖe asi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 19 Wokpɔ ʋumenugbagbeviɣidɔ si nu sẽ, si nye ʋumekansa tɔgbi aɖe si gblẽa ʋumenugbagbeviɣiwo dome la le Saúl ŋu.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 31]

Èbu Eŋu Kpɔa?

Ðewohĩ èse wogblɔ kpɔ be Yehowa Ðasefowo melɔ̃na wodoa ʋu na wo o. Èbu nu si tae womelɔ̃na o la ŋu kpɔa?

Zi geɖe la, amewo mesea woƒe nyametsotso sia si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi la gɔme o. Ɣeaɖewoɣi la, amewo susuna be Yehowa Ðasefowo gbea atikewɔwɔ ɖe sia ɖe ƒomevi alo be womedea bubu aɖeke koŋ agbe ŋu o. Nya mawo menye nyateƒe o. Yehowa Ðasefowo dina be woazã dɔdamɔnu nyuitɔ kekeake siwo li la na yewo kple yewoƒe ƒometɔwo. Gake dɔdamɔnu siwo me womezãa ʋu le o ye wodina. Nu ka tae?

Woƒe nyametsotso sia nɔ te ɖe se vevi aɖe si Mawu de na ameƒomea dzi. Le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa megbe teti la, Mawu ɖe mɔ na Noa kple eƒe ƒomea be woaɖu lãwo. Gake Mawu de se ɖeka aɖe na wo: Womekpɔ mɔ aɖu ʋu o. (1 Mose 9:3, 4) Amewo katã ƒomevi dzɔ tso Noa me, eya ta se ma bla ameƒomea me tɔ ɖe sia ɖe. Womegblɔ tso se sia ŋu kpɔ be megale dɔ wɔm o. Ƒe alafa enyi kple edzivɔ megbe la, Mawu gate gbe ɖe se sia dzi na Israel dukɔa heɖe eme be ʋu nye nu kɔkɔe, etsi tsitre ɖi na luʋɔ alo agbe. (3 Mose 17:14) Ƒe 1,500 kple edzivɔ megbe la, Kristo ƒe apostoloawo de se na Kristotɔwo katã be ‘woayi edzi atsri ʋu.’—Dɔwɔwɔwo 15:29.

Yehowa Ðasefowo kpɔe be, manya wɔ kura be ame aɖe natsri ʋu esime wògale ʋu xɔm ɖe lãme to ʋudodo dzi o. Eya ta dɔdamɔnu si me womezãa ʋu le o koe wodina. Woƒe nyametsotso sia si nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi la wɔnɛ be dɔdamɔnu nyuitɔ boŋue wozãna na wo. Ðikeke mele eme o be esia tae ame geɖe siwo menye Yehowa Ðasefowo o hã biana be woawɔ atike na yewo ʋumazãmazãe ɖo.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mía kple srɔ̃nye Felipe kpakple mía vi Saúl

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Fofonye José kple danye Soledad

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Saúl, ɣleti ɖeka do ŋgɔ na eƒe ku