Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋusẽ Kae Nyateƒe Si Ku Ðe Dzo Mavɔ Ŋu La Sɔsrɔ̃ Akpɔ Ðe Dziwò?

Ŋusẽ Kae Nyateƒe Si Ku Ðe Dzo Mavɔ Ŋu La Sɔsrɔ̃ Akpɔ Ðe Dziwò?

Ŋusẽ Kae Nyateƒe Si Ku Ðe Dzo Mavɔ Ŋu La Sɔsrɔ̃ Akpɔ Ðe Dziwò?

AME siwo fiaa nu be dzo mavɔ nye teƒe aɖe si wowɔa fu amewo le la daa alakpa vɔ̃ɖi tso Yehowa Mawu kple eƒe nɔnɔmewo ŋu. Nyateƒee, Biblia gblɔ be Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ya. (2 Tesalonikatɔwo 1:6-9) Gake dziku dzɔdzɔe dodo menye Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔ o.

Mawu menye ŋutasẽla alo wɔɖenuiwɔla o. Ebia gɔ̃ hã be: “Ðe ame vɔ̃ɖi ƒe ku vivia nunyea?” (Xezekiel 18:23) Ne ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia Mawu nu o la, aleke wòate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe funyafunyawɔwɔ ame vɔ̃ɖiwo teƒe kpɔkpɔ ŋu tegbee?

Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔe nye lɔlɔ̃. (1 Yohanes 4:8) Le nyateƒe me la, “Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.” (Psalmo 145:9) Mawu di be míawo hã míalɔ̃ ye tso dzi me.—Mateo 22:35-38.

Vɔvɔ̃ Na Dzo Mavɔ Alo Lɔlɔ̃ Na Mawu—Kae Ʋãa Wò?

Nufiafia si nye be luʋɔwo kpea fu le dzo mavɔ me naa amewo vɔ̃a Mawu abe nu dziŋɔ aɖe ene. To vovo na ema la, vɔvɔ̃ nyuitɔ va sua ame si srɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu eye wòva lɔ̃e la si. Psalmo 111:10 gblɔ be: ‘Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto; ame siwo katã léa eme ɖe asi la, gɔmesese nyui sua wo si.’ Mawu vɔvɔ̃ mefia be eƒe nu nadzi ŋɔ na mí o, ke boŋ enye vɔvɔ̃ nyuitɔ kple bubu deto dede Wɔlaa ŋu. Enaa vɔvɔ̃ nyuitɔ, si nye vɔvɔ̃ be míawɔ naneke adze agɔ le edzi o la, nɔa mía me.

Kpɔ ale si nyateƒe si ku ɖe dzo mavɔ ŋu la sɔsrɔ̃ kpɔ ŋusẽ ɖe Kathleen, nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 32 si zãa atike vɔ̃ɖiwo tsã la dzi ɖa. Nu siwo ŋu wòvuna ɖo le agbe mee nye kplɔ̃ɖoƒewo yiyi, ŋutasẽnuwo wɔwɔ, fuléle eɖokui, kple agbe gbegblẽ nɔnɔ. Egblɔ be: “Menɔa vinyenyɔnuvi si xɔ ƒe ɖeka kpɔm dũu hegblɔna na ɖokuinye be, ‘Kpɔ nu si wɔm mele ɖe eŋu ɖa. Woatɔ dzom le dzo mavɔ me ɖe esia ta godoo.’” Kathleen dze agbagba be yeadzudzɔ atike vɔ̃ɖiawo zazã, gake medze edzi o. Egblɔ be: “Medi be manye ame nyui, gake nu siwo katã yia edzi le nye agbe me kple xexea me la ɖea dzi le ƒonye. Edze abe susu aɖeke meli si tae wòle be manye ame nyui ɖo o ene.”

Emegbe Kathleen do go Yehowa Ðasefowo. Egblɔ be: “Meva srɔ̃e be dzo mavɔ si me woatɔ dzo amewo le aɖeke meli o. Susu le nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ la me ŋutɔ. Esi meva nyae be womatɔ dzom le dzo mavɔ me o la, ena nye dzi dze eme ale gbegbe.” Esrɔ̃ nu tso ŋugbe si Mawu do be amegbetɔwo anɔ agbe tegbee le anyigba si dzi ŋutasesẽ aɖeke maganɔ o la dzi hã ŋu. (Psalmo 37:10, 11, 29; Luka 23:43) Egblɔ kple dzidzɔ be, “fifia mɔkpɔkpɔ vavã le asinye be manɔ agbe tegbee le Paradiso me!”

Ðe Kathleen ate ŋu adzudzɔ atike vɔ̃ɖiwo zazã ne megale vɔvɔ̃m na dzo mavɔ oa? Egblɔ be: “Ne atike vɔ̃ɖiwo dzrom vevie la, medoa gbe ɖa ɖea kuku na Yehowa Mawu be wòakpe ɖe ŋunye. Mebua ale si wòbua nuwɔna ƒoɖiame mawoe la ŋu, eye nyemedi be mawɔ nu wòavee o. Eɖoa nye gbedodoɖawo ŋu nam.” (2 Korintotɔwo 7:1) Vɔvɔ̃ be yeagawɔ nu adze agɔ le Mawu dzi o kpe ɖe Kathleen ŋu be wòdzudzɔ atike vɔ̃ɖiawo zazã.

Ɛ̃, lɔlɔ̃ kple vɔvɔ̃ nyuitɔ na Mawu ate ŋu aʋã mí míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu bene míakpɔ dzidzɔ ɖaa, ke menye vɔvɔ̃ na funyafunyawɔwɔ ame le dzo mavɔ mee o. Hakpalaa dzi ha be: ‘Woayra ame si vɔ̃a Yehowa, eye wòzɔa eƒe mɔwo dzi la.’—Psalmo 128:1.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

AME KAWOE WOAÐE TSO HELL ALO TSIẼƑE?

Yevugbe me Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo tɔtɔ amewo le ale si wotsɔ nya ɖeka pɛ si nye “hell” alo dzo mavɔ ɖe Helagbe me nya siwo nye Geʹen·na kple Haiʹdes gɔmee ta. Le Biblia me la, nya Geʹen·na fia tsɔtsrɔ̃ ɖikaa si ŋu tsitretsitsimɔkpɔkpɔ aɖeke mele o. To vovo na ema la, mɔkpɔkpɔ li be woagbɔ agbe ame siwo le Haiʹdes alo Tsiẽƒe la ya.

Eya ta, esi Yesu ku eye wofɔe ɖe tsitre megbe la, apostolo Petro na kakaɖedzi eƒe nyaselawo be “womegblẽ” Yesu “ɖe hell o.” (Dɔwɔwɔwo 2:27, 31, 32; Psalmo 16:10; King James Version) Nya si gɔme woɖe le kpukpui sia me be “hell” lae nye Helagbe me nya Haiʹdes si fia tsiẽƒe. Yesu meyi teƒe aɖe si dzo nɔ bibim le o. Tsiẽƒe alo “hell” lae nye yɔdo. Gake menye Yesu ɖeka koe woɖe tso Tsiẽƒe o.

Biblia gblɔ ku ɖe tsitretsitsia ŋu be: “Ku kple hell [tsiẽƒe] woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena.” (Nyaɖeɖefia 20:13, 14, KJ) Ame siwo katã le “hell” la ɖeɖe tso eme fia be woagbɔ agbe ame siwo katã Mawu bu be wodze be woafɔ wo ɖe tsitre la. (Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Etsɔmemɔkpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye esi be míakpɔ eteƒe woafɔ míaƒe ame veviwo tso yɔdo me! Yehowa, Mawu si ƒe lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o lae awɔ esia.