Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzixɔse Aɖe Si De Du

Dzixɔse Aɖe Si De Du

Dzixɔse Aɖe Si De Du

“Mekua drɔ̃e baɖabaɖawo be mele bibim le dzo mavɔ me! Mekua drɔ̃e be wotsɔm ƒu gbe ɖe teƒe aɖe si dzo le bibim le, eye menyɔna henɔa ɣli dom. Abe ale si nàkpɔ mɔe ene la, medzea agbagba vevie be nyemagawɔ nu vɔ̃ o.”—Arline.

ÈXƆE se be dzo mavɔ nye teƒe aɖe si woɖo ɖi hena funyafunyawɔwɔ nu vɔ̃ wɔlawoa? Ame geɖe xɔe se nenema. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2005 me la, mawusubɔsubɔ ŋuti nunyala aɖe si le St. Andrews Yunivɛsiti le Scotland gblɔ be, du ma me ƒe subɔsubɔhakplɔla ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me xɔe se be ame siwo klã ɖa tso Mawu gbɔ la akpe “fu le susu me tegbee le dzo mavɔ me.” Wo dometɔ ɖeka le atɔ̃ ɖe sia ɖe me xɔe se be woawɔ funyafunya ame siwo ayi dzo mavɔ me la le ŋutilã me.

Le dukɔ geɖewo me egbea la, ame geɖewo xɔ dzo mavɔ ƒe nufiafia dzi se. Le kpɔɖeŋu me, le United States la, Gallup numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 2007 me ɖee fia be ame siwo wobia gbe la dometɔ 70 le 100 me xɔ dzo mavɔ ƒe nufiafiaa dzi se. Eye le dukɔ siwo me ame akpa gãtɔ metsɔa ɖeke le mawusubɔsubɔ me o gɔ̃ hã me la, amewo gakpɔtɔ xɔ dzo mavɔ ƒe nufiafiaa dzi se kokoko. Gallup numekuku aɖe si wowɔ le Canada le ƒe 2004 me ɖee fia be ame 42 le 100 me xɔ dzo mavɔ ƒe nufiafiaa dzi se. Eye le Great Britain la, ame 32 le 100 me ka ɖe edzi be dzo mavɔ li ŋutɔŋutɔ.

Nu Si Subɔsubɔhakplɔlawo Fiana

Subɔsubɔhakplɔla geɖe dzudzɔ nufiafia be dzo mavɔ nye teƒe aɖe si wotsɔa dzo ŋutɔŋutɔ wɔa fu amewo le. Ke boŋ wova le gɔmeɖeɖe aɖe si sɔ kple esi dze le agbalẽ si nye Catechism of the Catholic Church, si wota le ƒe 1994 me me la, dom ɖe ŋgɔ. Le agbalẽ ma ƒe nya nu la, “dzo mavɔ ƒe tohehea koŋ ye nye kaklãɖa tso Mawu gbɔ tegbee.”

Togbɔ be ele alea hã la, ame geɖewo gaxɔe se kokoko be dzo mavɔ nye teƒe si amewo kpea fu le susu me kple ŋutilã me le. Ame siwo fiaa nu siawo la gblɔna be Biblia dzie yewotu nufiafia ma ɖo. Anyiehe Baptist Osɔfosuku ƒe zimenɔla R. Albert Mohler gblɔ be: “Kpuie ko la, nyateƒenya si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzie wònye.”

Nu Ka Tae Nu Si Dzi Nèxɔ Se La Le Vevie?

Ne dzo mavɔ nye teƒe aɖe si wowɔa funyafunya amewo le ŋutɔŋutɔ la, ke ele be nàvɔ̃ nɛ. Ke hã, ne nufiafia sia menye nyateƒe o la, ekema subɔsubɔhakplɔla siwo fiaa nu sia la le ame siwo xɔ edzi se la tɔtɔm hena wole fu kpem le susu me dzodzro. Wodoa vlo Mawu hã.

Nya kae Mawu ƒe Nya, Biblia, gblɔ tso nya sia ŋu? Le nyati siwo kplɔe ɖo me la, míazã Eʋegbe Biblia, Agbenya La, kple Nubabla Yeye La si Katoliko kple Protestante hamewo ta la atsɔ aɖo biabia etɔ̃ siwo gbɔna la ŋu: (1) Nu ka tututue dzɔna ɖe ame dzi ne eku? (2) Nu kae Yesu fia tso dzo mavɔ ŋu? (3) Ŋusẽ kae nyateƒe si ku ɖe dzo mavɔ ŋu la sɔsrɔ̃ akpɔ ɖe dziwò?