Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Enye Ame Si Lɔ̃a Nya Dzɔdzɔe Hebritɔwo 10:26-31

Enye Ame Si Lɔ̃a Nya Dzɔdzɔe Hebritɔwo 10:26-31

Te Ðe Mawu Ŋu

Enye Ame Si Lɔ̃a Nya Dzɔdzɔe

Hebritɔwo 10:26-31

ÐE AME aɖe wɔ nu madzɔmadzɔ alo sẽ ŋuta le ŋuwò kpɔ evɔ wòdze abe womehe to nɛ o, alo mese veve ɖe nu si wòwɔ la ta o enea? Asesẽ ŋutɔ be nànɔ te ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ vɔ̃ɖi sia tɔgbi nu, vevietɔ nenye be ame aɖe si nèkpɔ mɔ be wòalɔ̃ wò ahalé be na wòe wɔe ɖe ŋuwò. Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be, ‘Nu ka tae Mawu ɖea mɔ nu siawo tɔgbi dzɔna ya?’ * Nyateƒe lae nye be Yehowa Mawu lé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo katã. Eƒe Nya, Biblia la, ka ɖe edzi na mí be Mawu ahe to na nu vɔ̃ wɔla sẽdzimewo godoo. Na míadzro apostolo Paulo ƒe nya siwo le Hebritɔwo 10:26-31 me kpɔ.

Paulo ŋlɔ bena: “Elabena ne nyateƒe la ƒe sidzedze vavãtɔ su mía si, hafi míegaɖoa nu vɔ̃ nɔa wɔwɔm la, ekema vɔsasa ɖe nu vɔ̃wo ta aɖeke megali o.” (Kpukpui 26) Ame siwo ɖonɛ koŋ wɔa nu vɔ̃ woe dze na fɔbubu wu. Nu ka tae? Gbã la, menye nu vɔ̃ si ɖi ɖe wo ɣeaɖeɣi esime wogbɔdzɔ—si nye vodada si mí katã míewɔna ɣeaɖewoɣi le esi míede blibo o ta—lae wowɔna o. Wotsɔa nu vɔ̃ wɔwɔ ɖoa dɔe. Evelia, ɖe woɖonɛ koŋ nɔa nu vɔ̃ wɔm. Le Eʋegbe Biblia ƒe nya nu la, ‘wobua wɔa nu vɔ̃.’ Nu baɖa wɔwɔ ƒo ke ɖe to ɖe woƒe dziwo me. Etɔ̃lia, menye numanyamanya mee wowɔa nu vɔ̃ le o. Nya lae nye be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe mɔwo ŋuti “nyateƒe la ƒe sidzedze vavãtɔ” su wo si hafi.

Aleke Mawu bua nu vɔ̃ wɔla sẽŋuta matrɔdzimewoe? Paulo gblɔ be, “vɔsasa ɖe nu vɔ̃wo ta aɖeke megali o.” Kristo ƒe vɔsa la—si nye Mawu ƒe nunana na ameƒomea—tsyɔa nu vɔ̃ si míewɔna le esi míenye ame madeblibowo ta la dzi. (1 Yohanes 2:1, 2) Gake ame siwo wɔa nu vɔ̃ hegbea dzimetɔtrɔ la ɖenɛ fiana be yewomekpɔ ŋudzedze aɖeke ɖe nunana xɔasi sia ŋu o. Le Mawu gbɔ la, “wotu afɔ Mawu ƒe Vi la dzi, eye [wobu Yesu] ƒe ʋu . . . la nu maɖinui.” (Kpukpui 29) To woƒe nuwɔna dzi la, wodoa vlo Yesu, eye womebua eƒe ʋu la “ɖe naneke me o,” si fia be wobua eƒe ʋu la abe amegbetɔ madeblibo ɖe sia ɖe tɔ ko ene. (Nubabla Yeye La) Kristo ƒe vɔsa la maɖe vi na ame madakpe mawo o.

Nu kae le ame vɔ̃ɖiwo lalam? Dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu la do ŋugbe be: “Tɔnyee nye hlɔ̃biabia; maɖo eteƒe.” (Kpukpui 30) Ele be ame siwo vu ɖe nu siwo ate ŋu agblẽ nu le ame bubuwo ŋu la wɔwɔ ŋu nakpɔ nyuie. Womagbe tohehe na ame siwo ɖonɛ koŋ daa Mawu ƒe se dzɔdzɔeawo dzi la o. Zi geɖe la, woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiawo trɔna va dzea woawo ŋutɔwo dzi. (Galatiatɔwo 6:7) Gake ne medzɔ alea o hã la, woava tsi tsitre ɖe Mawu ŋkume le etsɔme kpuie, ne Mawu va nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo katã ɖe ge ɖa le anyigba sia dzi. (Lododowo 2:21, 22) Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Ŋɔdzinue wònye be ame nadze Mawu gbagbe la ƒe asi me.”—Kpukpui 31.

Míeva srɔ̃e be Yehowa Mawu meŋea aɖaba ƒua nu vɔ̃ si woɖo koŋ wɔ la dzi o. Eye esia faa akɔ na mí hedea dzi ƒo na mí, vevietɔ mía dometɔ siwo nu vɔ̃ wɔla sẽdzimewo do nuxaxa na la. Míate ŋu atsɔ kakaɖedzi agblẽ nu madzɔmadzɔ siwo wowɔ ɖe mía ŋu ƒe hlɔ̃biabia katã ɖe Mawu, ame si lé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo katã la, si me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, axa 106-114, hena numeɖeɖe bubuwo ku ɖe nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo la ŋu. Yehowa Ðasefowoe tae.