Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ke Dzie Nèle Etum Ðo Loo Alo Agakpe Dzie?

Ke Dzie Nèle Etum Ðo Loo Alo Agakpe Dzie?

Ke Dzie Nèle Etum Ðo Loo Alo Agakpe Dzie?

BIBLIA xexlẽ vivia nuwòa? Èɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi si Yehowa Ðasefo aɖe va srɔ̃a Biblia kpli wòa? Ne ele alea la, ke ɖikeke mele eme o be sidzedze si su asiwò la kpe ɖe ŋuwò be nèse nu si tae kuxiwo bɔ ɖe xexea me egbea alea gbegbe ɖo la gɔme nyuie wu. (Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia me nya geɖewo fa akɔ na wò le xaxaɣiwo, eye wona etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe hã su asiwò.—Psalmo 145:14; 147:3; 2 Petro 3:13.

Afɔ vevi aɖe si ame siwo dina be yewoazu Kristo yomedzelawo ɖena ye nye be wodzea agbagba Biblia me sidzedze vavãtɔ sua wo si. Gake afɔɖeɖe sia koe hiã? Ao. Afɔɖeɖe vevi aɖe gahiã bene Biblia nusrɔ̃vi nayi edzi anye Kristotɔ vavã, vevietɔ ne wodo eƒe xɔse kpɔ. Afɔɖeɖe mae nye ka? Be míakpɔ nya siawo ƒe ŋuɖoɖo la, na míadzro Todzimawunya, si nye nuƒo aɖe si Yesu ƒo le to aɖe dzi le Galilea la, me kpuie.—Mateo 5:1, 2.

Wodo Xɔ Eve Aɖewo Kpɔ

Ènya Todzimawunyaa me nyawo nyuiea? Àte ŋu akpɔ nuƒo vevi sia le Mateo kple Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽawo me. (Mateo 5:1–7:29; Luka 6:20-49) Àte ŋu atsɔ miniti 20 pɛ ko axlẽ nuƒo ma me nyawo katã. Ke hã, woyɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me wu zi 20 le eme, eye kpɔɖeŋu siwo wu 50 hã le eme. Kpɔɖeŋu si ku ɖe xɔ ƒomevi eve tutu ŋu ɖe dzesi ŋutɔ, elabena Yesu zãe tsɔ ƒo eƒe nuƒoa tae. Ne èkpɔ vevienyenye si le kpɔɖeŋu ma si wòtsɔ ƒo eƒe nuƒoa tae ŋu la dze sii la, akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si nàte ŋu awɔ anɔ te sesĩe abe Kristo yomedzela ene, eɖanye xɔse ƒe dodokpɔ ka kee nàdo goe o.

Yesu gblɔ be: “Ame sia ame si sea nye nya siawo, eye wòwɔa wo dzi la, woatsɔe asɔ kple ŋutsu dzeaɖaŋu, si tu eƒe xɔ ɖe agakpe dzi. Eye tsi gã aɖe dza, eye tɔwo ɖɔ, eye ya ƒo va lɔ xɔ ma, gake memu o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe dzi. Eye ame sia ame si sea nye nya siawo, eye mewɔa wo dzi o la, woatsɔe asɔ kple ŋutsu tsibome, si tu eƒe xɔ ɖe ke dzi. Eye tsi gã aɖe dza, eye tɔwo ɖɔ, eye ya ƒo va lɔ xɔ ma, eye wòmu hegbã gudugudu.”—Mateo 7:24-27.

Ŋutsu Aɖe Si “Ku Do Wòyi To”

Nyateƒe vevi kae Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo to kpɔɖeŋu si ku ɖe xɔtula eveawo ŋu dzi? Be nàte ŋu anya esia la, gbugbɔ lé ŋku ɖe Yesu ƒe nyawo ŋu nyuie. Nu kae nède dzesi le xɔ eveawo ŋu? Nɔnɔme sesẽ ɖeka mawo ke va xɔ evea siaa dzi. Ate ŋu anye be xɔawo ɖi wo nɔewo. Ate ŋu anɔ eme be wotu wo ɖe nuto ɖeka me—ɖewohĩ wonɔ wo nɔewo xa gɔ̃ hã. Ke hã, wotu ɖeka ɖe ke dzi, eye wotu evelia ɖe agakpe dzi. Aleke wòdzɔe? Abe ale si Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa gblɔe ene la, ŋutsu dzeaɖaŋu la “ku do wòyi to” bene wòaɖo egɔme anyi ɖe agakpe dzi. (Luka 6:48) Esia wɔe be ŋutsu dzeaɖaŋu la ƒe xɔa li ke sesĩe.

Nu ka dzie Yesu di be yeate gbe ɖo? Yesu wɔ kpɔɖeŋu sia be yeatsɔ ate gbe ɖe xɔtulawo ƒe dɔwɔnawo dzi, ke menye xɔawo ƒe dzedzeme alo teƒe si wotu wo ɖo loo alo ale si gbegbe ya kple tsi si va ɖe fu na xɔ eveawo la nu sẽe la dzi o. Ŋutsuawo dometɔ ɖeka ku do wòyi to, gake evelia ya mewɔe nenema o. Aleke nàwɔ anɔ abe ŋutsu dzeaɖaŋu si ku do wòyi to la ene? Yesu ŋutɔ te gbe ɖe nufiame vevi si nɔ kpɔɖeŋua me dzi esi wògblɔ be: “Ke nu ka tae miele yɔyem be ‘Aƒetɔ! Aƒetɔ!’ evɔ miewɔa nya siwo megblɔna ya dzi o? Ame sia ame si vaa gbɔnye, eye wòsea nye nyawo hewɔa wo dzi la, mafia mi ame si wòɖi: Ele abe ame aɖe . . . si ku do wòyi to, eye wòɖo egɔme anyi ɖe agakpe dzi ene.”—Luka 6:46-48.

Le nyateƒe me la, Biblia me nyawo sese alo wo xexlẽ le aƒe me dzaa ko le abe xɔtutu ɖe ke dzi ene—mebia dokuku aɖeke o. Ke hã, Kristo ƒe nufiamewo dzi wɔwɔ alo agbenɔnɔ ɖe wo nu bia kutrikuku. Ebia be woaku do wòayi to va se ɖe esime woake ɖe agakpe ŋu.

Eya ta ne ètsɔa nu siwo nèsena dea dɔwɔwɔ me la, ànye Kristo yomedzela si li ke sesĩe, gake ne mètsɔa nu siwo nèsena la dea dɔwɔwɔ me o la, màli ke o. Ne ètsɔa nu siwo ŋu nèkena ɖo le wò Biblia sɔsrɔ̃ me dea dɔwɔwɔ me le wò gbe sia gbe gbenɔnɔ me la, ke èle abe ŋutsu dzeaɖaŋu si ku do wòyi to la ene. Eya ta ele be Biblia nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe natɔ sẽ ahabia eɖokui be: ‘Nyasela ko menye loo alo nyadziwɔla ye menye? Ðeko mexlẽa Biblia hesrɔ̃nɛ dzro ko loo alo ɖe mewɔna ɖe Biblia ƒe sededewo dzi le nye nyametsotsowo mea?’

Nu Siwo Dona Tso Dokuku Wòayi To Me

Bu José ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Edzilawo fiae be wòade bubu Biblia me dzidzenuwo ŋu, gake mena nu siwo wòsrɔ̃ le Mawu ƒe Nya la me de dzi gbɔ nɛ o. José gblɔ be: “Esi medzo le dzinyelawo gbɔ la, medzea agbagba be manye ame nyui, gake medea ha kple ame siwo si nɔnɔme nyuiwo menɔ o. Meƒo ɖokuinye ɖe atamanono kple agbe gbegblẽ nɔnɔ me, eye medaa kɔ kple amewo edziedzi.”

Mlɔeba la, José ɖoe be yeatrɔ yeƒe agbenɔnɔ, eye wòte Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe. José gblɔ be: “Nu si ʋãm ŋutɔŋutɔ meɖoe be matrɔ nye agbenɔnɔe nye Yesu ƒe Todzimawunya la xexlẽ kple egɔmesese. Gake exɔ ɣeyiɣi hafi mete ŋu trɔ nye amenyenye kple nye agbenɔnɔ. Le gɔmedzedzea me la, mevɔ̃na na nu si ‘xɔ̃nyewo’ abu tso ŋunye, gake meva ɖu vɔvɔ̃ ma dzi. Medzudzɔ alakpadada kple nya madzetowo gbɔgblɔ, eye megadze Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede gɔme ake. Abe ale si Yesu gblɔe ene la, meva de dzesii be agbe tsɛ nɔnɔ kple Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me hea dzidzɔ mavɔ vanɛ nyateƒe.”—Mateo 5:3-12.

Nu kae ado tso eme na wò ne èkua do wòyia to be nàtu xɔ ɖe agakpe dzi, si fia be nèkua kutri vevie wɔna ɖe nu siwo nèxlẽna le Mawu ƒe Nya la me dzi? Yesu gblɔ be: “Esi tɔ ɖɔ la, tɔsisia va nyẽ zi ɖe xɔ ma ŋu, ke hã, ŋusẽ menɔ eŋu wòte ŋu ʋuʋui o, le esi wotui nyuie ta.” (Luka 6:48) Kakaɖedzitɔe la, ne ètua wò xɔse nyuie to nu siwo nèsrɔ̃na tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me dzi la, dodokpɔ sesẽ siwo le abe ahom ene la mate ŋu aʋuʋui kaka wòahayi edome gblẽ ge o. Nya fakɔname kae nye esi!

Nusrɔ̃la Yakobo, si nye Yesu dadavi, gblɔ viɖe bubu si Biblia nusrɔ̃vi siwo menye nyasela dzrowo ko o, ke boŋ wonye Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la dzi wɔla vavãwo akpɔ la. Yakobo ŋlɔ bena: “Mizu nyadziwɔlawo, ke menye nyaselawo ko o, . . . Ame si léa ŋku ɖe se deblibo si naa ablɔɖe la ŋu, eye wònɔa edzi ɖaa la akpɔ dzidzɔ le ewɔwɔ me, le esi wòzu nyadziwɔla, ke menye nyasela si ŋlɔa nu be o la ta.”—Yakobo 1:22-25.

Vavãe, ame siwo tsɔa Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔe la kpɔa dzidzɔ ŋutɔŋutɔ. Eye dzidzɔ sia naa ŋusẽ nɔa Kristo yomedzelawo ŋu wonɔa te ɖe dodokpɔ sesẽ siwo le abe ahom ene siwo doa woƒe xɔse kple woƒe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye kpɔna la nu dzidzedzetɔe.

Nu Kae Nàwɔ?

Yesu te gbe ɖe edzi le eƒe Todzimawunya la me be, zi geɖe la, Yehowa Mawu subɔsubɔ menye be woatia esi kple ekemɛ o, ke boŋ ebia be woatia esi alo ekemɛ. Le kpɔɖeŋu me, Yesu fia nu be, ame ƒe ŋku anɔ nu ɖeka ŋu loo alo ŋku vɔ̃ɖi anɔ amea si, ame anye Mawu ƒe kluvi loo alo anye kesinɔnuwo ƒe kluvi, amea anɔ mɔ xaxɛa dzi loo alo anɔ mɔ gbadzaa dzi. (Mateo 6:22-24; 7:13, 14) Eye Yesu tsɔ tiatiawɔwɔ aɖe ɖo eyomedzelawo ŋkume le kpɔɖeŋu si wòwɔ ku ɖe xɔtula eveawo ŋu tsɔ ƒo eƒe nuƒoa tae me: Ame awɔ nu abe ŋutsu dzeaɖaŋu ene loo alo abe ŋutsu tsibome ene.

Ne èyi edzi tsɔ nu siwo nèsrɔ̃na le Biblia me la dea dɔwɔwɔ me tso dzi blibo me la, ekema èle nu wɔm abe aɖaŋudzela ene. Ɛ̃, ne èkua do wòyia to be nàtu xɔ ɖe agakpe dzi la, àkpɔ yayra geɖe fifia kple etsɔme siaa.—Lododowo 10:25.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Ne míewɔna ɖe nu siwo míesrɔ̃na la dzi ko hafi míate ŋu anɔ te sesĩe