Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tututue Dzɔna Ðe Ame Dzi Ne Eku?

Nu Ka Tututue Dzɔna Ðe Ame Dzi Ne Eku?

Nu Ka Tututue Dzɔna Ðe Ame Dzi Ne Eku?

“Luʋɔwo katã nye nu makumakuwo, eye ame vɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã tɔwo le eme . . . Wotsɔa hlɔ̃biabia si seɖoƒe meli na o le dzo si metsina gbeɖe o me la hea to na wo, esi womekuna o ta la, woƒe fukpekpea mate ŋu [awu enu] gbeɖe o.”—Clement si tso Alexandria, nuŋlɔla aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa evelia kple etɔ̃lia Mía Ŋɔli me.

ABE Clement ene la, ame siwo fiaa nu be dzo mavɔ nye teƒe aɖe si wowɔa funyafunya amewo le la susunɛ be amegbetɔwo ƒe luʋɔwo mekuna o. Ðe Biblia da asi ɖe nufiafia sia dzia? Kpɔ nu si Mawu ƒe Nya la gblɔ tsɔ ɖo nyabiase siwo gbɔna ŋui la ɖa.

Ðe luʋɔ makumaku aɖe nɔ ame gbãtɔ Adam mea? Gɔmeɖeɖe si nye Eʋegbe Biblia gblɔ tso Adam wɔwɔ ŋu be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.” (1 Mose 2:7) De dzesii be mawunyakpukpui sia megblɔ be wona luʋɔ Adam o.

Nu kae va dzɔ ɖe Adam dzi mlɔeba esi wòwɔ nu vɔ̃? Tohehe si Mawu gblɔ be ava edzi la menye funyafunyawɔwɔ ame tegbee le dzo mavɔ me o. Ke boŋ gɔmeɖeɖea gblɔ tohehe si Mawu gblɔ be ava edzi la ale: ‘Fifia ate wò, hafi nàkpɔ abolo aɖu, va se ɖe esime nàgatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!’ (1 Mose 3:19) Naneke medze le nya si Mawu gblɔ la me si fia be Adam ayi edzi anɔ agbe le eƒe ku megbe o. Esime Adam ku la, Adam si nye luʋɔ lae ku.

Ðe luʋɔ makumaku le amegbetɔ aɖe mea? Mawu gblɔ na nyagblɔɖila Xezekiel be: ‘Luʋɔ, si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku.’ (Xezekiel 18:4) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “To Adam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ me la, nu vɔ̃ ge ɖe amegbetɔƒome blibo la me. Eƒe nu vɔ̃ he ku va xexe blibo la me, ale nu sia nu de asi tsitsi kple kuku me, elabena ame sia ame wɔ nu vɔ̃.” (Romatɔwo 5:12, Agbenya La) Nenye be amewo katã wɔ nu vɔ̃ la, ekema nyataƒoƒo si me susu le koe nye be, luʋɔwo katã kuna.

Ðe luʋɔ kukuwo nyaa nu alo sea nu le lãmea? Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Esi Biblia nɔ nu ƒom tso nu si dzɔna ɖe ame dzi ne eku ŋu la, egblɔ be: ‘Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbe ma gbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.’ (Psalmo 146:4) Ne kukuawo “menya naneke o” eye woƒe “tameɖoɖowo nu yina” la, ɖe woate ŋu anya be wole funyafunya wɔm yewo le dzo mavɔ mea?

Yesu Kristo metsɔ ku sɔ kple ŋutenɔnɔ o, ke boŋ etsɔe sɔ kple alɔ̃dɔdɔ. * (Yohanes 11:11-14) Ke hã, ame aɖewo agblɔ be Yesu fia nu be dzo mavɔ nye teƒe xɔdzo aɖe eye woatsɔ nu vɔ̃ wɔlawo aƒu gbe ɖe afi ma. Na míadzro nu si tututu Yesu gblɔ tso dzo mavɔ ŋu la me.

[Etenuŋɔŋlɔ]