Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Yesu Fia Tso Dzo Mavɔ Ŋu?

Nu Kae Yesu Fia Tso Dzo Mavɔ Ŋu?

Nu Kae Yesu Fia Tso Dzo Mavɔ Ŋu?

“Ne wò ŋku hea wò dea [nu vɔ̃] me la, hoe le eto me. Enyo na wò be nàyi ɖe mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka, wu be ŋku eve nanɔ ŋuwò, gake woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me. [Afi si] nyé mekuna le o, eye dzo hã metsina o.”—MARKO 9:47, 48, Nubabla Yeye La.

Ɣebubuɣi la, Yesu ƒo nu tso ʋɔnudrɔ̃ɣi aɖe ŋu, esime wòagblɔ na ame vɔ̃ɖiwo be: “Mite ɖa tso gbɔnye, mi [ame siwo] woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!” Eye wògblɔ hã be ame mawo ‘ayi ɖe fukpekpe mavɔ la me.’—MATEO 25:41, 46, Eʋegbe Biblia.

NE ÈXLẼ Yesu ƒe nya siwo dze le etame zi gbãtɔ la, àsusu be ɖe wode dzo mavɔ ƒe nufiafia dzi. Edze ƒãa be menye Yesu ƒe susue nye be yeatsi tsitre ɖe Mawu ƒe Nya, si gblɔe eme kɔ ƒãa be, “kukuawo menya naneke o” la ŋu o.—Nyagblɔla 9:5.

Ekema nu kae Yesu wɔnɛ esime wògblɔ be woatsɔ ame aƒu gbe ɖe “dzo mavɔ” la me? Nu ŋutɔŋutɔe “dzo mavɔ” si ŋu Yesu xlɔ̃ nu tsoe la nye loo alo kpɔɖeŋunu ye wònyea? Mɔ ka nue ame vɔ̃ɖiwo ‘yina ɖe fukpekpe mavɔ me’ le? Na míadzro nyabiase siawo me ɖekaɖeka.

Nu kae Yesu wɔnɛ esime wògblɔ be woatsɔ ame aƒu gbe ɖe “dzo mavɔ me”? Helagbe gbãtɔ me nya si gɔme woɖe le Marko 9:47 be “dzo mavɔ” lae nye Geʹen·na. Woɖe nya sia tso Hebrigbe me nya Geh Hin·nomʹ, si gɔmee nye “Hinom Bali” la me. Hinom Bali la nɔ blema Yerusalem dua godo. Le Israel fiawo ƒe ŋkekeawo me la, wotsɔa ɖeviwo saa vɔe le bali ma me—esia nye nuwɔna nyɔŋu aɖe si ŋu Mawu ƒo nu tsi tsitre ɖo. Mawu gblɔ be yeatsrɔ̃ ame siwo kpɔ gome le alakpasubɔsubɔ nuwɔna mawo me. Eye woayɔ Hinom Bali la ɣemaɣi be “Amewubalime,” eye wòanye afi si “dukɔ sia ƒe kukuawo” atsi anyi maɖimaɖi le. (Yeremiya 7:30-34) Yehowa to esia dzi gblɔe ɖi be Hinom Bali la azu teƒe si woatsɔ nu kukuwo aƒu gbe ɖo, ke menye teƒe si woanɔ fu wɔm ame gbagbewo le o.

Le Yesu ƒe ŋkekea me la, Yerusalemtɔwo kɔa gbeɖuɖɔ ɖe Hinom Bali la me. Wotsɔa nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe kukuwo ƒua gbe ɖe gbeɖuɖɔkɔƒe sia, eye wokpɔa egbɔ be dzo si nɔ teƒea la nɔa bibim ɖaa bene wòafiã gbeɖuɖɔawo kple nu kukuawo siaa.

Esi Yesu ƒo nu tso nyé siwo mekuna o kple dzo si metsina o ŋu la, anɔ eme be Yesaya 66:24 ƒe nyawo dzie wòhe susu yi. Yesaya gblɔ tso ame siwo “dze go” ɖe Mawu ŋu la “ƒe kukuwo” ŋu be, “woƒe nyẽwo maku o, woƒe dzo matsi o.” Yesu kple eƒe nyaselawo nyae be Yesaya ƒe nya siawo ku ɖe ale si wotsɔa ame siwo medze be woaɖi o la ƒe kukuwo ƒua gbee la ŋu.

Eya ta Yesu zã Hinom Bali alo Gehena tsɔ wɔ ku si ŋu tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o la ƒe kpɔɖeŋu si sɔ nyuie. Ena wòdze kɔtɛ be nu mae yewɔnɛ esi wòxlɔ̃ nu be Mawu “ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le Gehena.” (Mateo 10:28, NW) Gehena nye tsɔtsrɔ̃ mavɔ ƒe kpɔɖeŋu, ke menye funyafunyawɔame mavɔ o.

Nu ŋutɔŋutɔe “dzo mavɔ” si ŋu Yesu xlɔ̃ nu tsoe la nye loo alo kpɔɖeŋunu ye wònye? De dzesii be wodzra “dzo mavɔ” si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le Mateo 25:41 la ɖi na “Abosam kple eƒe dɔlawo.” Èsusu be dzo ŋutɔŋutɔ ate ŋu afiã gbɔgbɔmenuwɔwɔwoa? Alo kpɔɖeŋumɔ nue Yesu nɔ “dzo” zãm ɖoa? Kakaɖedzitɔe la, “alẽwo” kple “gbɔ̃wo,” siwo ŋu wòƒo nu tsoe le nuƒo ma ke me la menye nu ŋutɔŋutɔwo o, ke boŋ wonye kpɔɖeŋu siwo tsi tsitre ɖi na ame ƒomevi eve. (Mateo 25:32, 33) Dzo mavɔ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la fiãa ame vɔ̃ɖiwo keŋkeŋ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu.

Mɔ ka nue ame vɔ̃ɖiwo ‘yina ɖe fukpekpe mavɔ me’ le? Togbɔ be Biblia gɔmeɖeɖe akpa gãtɔ zã nya “fukpekpe” le Mateo 25:46 hã la, gɔmesese si koŋ le Helagbe me nya koʹla·sin si ye nye “atiwo ŋu ɖeɖe” alo alɔ siwo mehiã o ɖeɖeɖa. Eya ta ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo la akpɔ agbe mavɔ, ke ame matrɔdzime siwo ƒe nɔnɔme ɖi gbɔ̃wo ya tɔ gome anye “fukpekpe mavɔ,” le nya ŋutɔŋutɔ nu la, woaɖe wo ɖa tegbee.

Nu Kae Nèsusu?

Yesu mefia amewo gbeɖe kpɔ be luʋɔ makumaku aɖe le amegbetɔ me o. Ke hã, efia nu amewo zi geɖe tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋu. (Luka 14:13, 14; Yohanes 5:25-29; 11:25) Nu ka tae Yesu agblɔ be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre nenye be exɔe se be woƒe luʋɔwo meku o?

Yesu mefia nu amewo be Mawu awɔ funyafunya ame vɔ̃ɖiwo ŋutasesẽtɔe tegbee o. Ðe Yesu gblɔ boŋ be: ‘Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexea me bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena ame sia ame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.’ (Yohanes 3:16, Eʋegbe Biblia) Yesu ƒe nya siawo fia be ame siwo mexɔ ye dzi se o la aku. Nenye ɖee Yesu di be yeagblɔ be ame vɔ̃ɖiwo anɔ agbe ɖaa ahanɔ fu kpem le dzo mavɔ me la, anye ne magblɔe oa?

Nufiafia si nye be dzo mavɔ nye teƒe aɖe si wowɔa fu amewo le la metso Biblia me o. Ke boŋ enye trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔse si ŋu wotrɔ asi le wòdze abe Kristotɔwo ƒe nufiafia ene. (Kpɔ aɖaka si nye,  “Dzo Mavɔ Nufiafia La Ƒe Ŋutinya Kpui Aɖe” le axa 6.) Gbeɖe, Mawu mewɔa fu ame aɖeke le dzo mavɔ me tegbee o. Ŋusẽ kae nyateƒe si ku ɖe dzo mavɔ ŋu la sɔsrɔ̃ akpɔ ɖe nukpɔsusu si le asiwò ku ɖe Mawu ŋu la dzi?

[Aɖaka si le axa 6]

 DZO MAVƆ NUFIAFIA LA ƑE ŊUTINYA KPUI AÐE

EDZƆ TSO TRƆ̃SUBƆLAWO ƑE DZIXƆSEWO ME: Blema Egiptetɔwo xɔe se be amewo kpea fu le dzo mavɔ me. Agbalẽ si nye The Book Ȧm-Ṭuat, si wota le ƒe 1375 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me la ƒo nu tso ame siwo “woatsɔ aƒu gbe ɖe dzoʋewo me; eye . . . womasi le afi ma o, eye . . . womate ŋu asi adzo le dzoa me o” la ŋu. Helatɔwo ƒe xexemenunyala Plutarch (ƒe 46-120 Mía Ŋɔli) ŋlɔ tso ame siwo wosusu be wole anyigba te la ŋu be: “Wodo konyifaɣli esime wonɔ fuwɔame dziŋɔ kple vevesese helĩhelĩ ƒe tohehe ɖigbɔame aɖe me tom.”

EGE ÐE YUDASUBƆSUBƆ ƑE KƆMAMAWO ME: Ŋutinyaŋlɔla Josephus (ƒe 37-100 Mía Ŋɔli) ka nya ta be Essenetɔwo, siwo nye Yudatɔwo ƒe kɔmama aɖe, xɔe se be, “luʋɔwo mekuna o, eye woyia edzi nɔa anyi tegbee.” Egblɔ kpee be: “[Nukpɔsusu] sia ɖi Helatɔwo tɔ . . . Wogblɔna be luʋɔ vɔ̃ɖiwo nɔa agado doviviti dziŋɔ si me yɔ fũu kple tohehe mavɔ la me.”

EGE ÐE “KRISTOTƆNYENYE” ME: Le ƒe alafa evelia Mía Ŋɔli me la, Apocalypse of Peter si nye agbalẽ aɖe si metso Mawu ƒe gbɔgbɔ me o, gblɔ tso ame vɔ̃ɖiwo ŋu be: “Wodo dzo si mate ŋu atsi o la da ɖi na wo.” Egblɔ hã be: “Ezrael, si nye dziku ƒe mawudɔla la hea ŋutsu kple nyɔnu siwo ƒe ametia ƒe afã nɔa bibim la vanɛ, eye wòtsɔa wo ƒua gbe ɖe teƒe doviviti aɖe, si nye amewo ƒe dzo mavɔ me; eye dziku ƒe gbɔgbɔ aɖe hea to na wo.” Le ɣeyiɣi mawo ke me la, agbalẽŋlɔla Theophilus si tso Antioxia gblɔ be Helatɔwo ƒe nyɔnunyagblɔɖila Sibyl gblɔ ale si woahe to na ame vɔ̃ɖiwoe la ɖi ale: “Dzobibi ava mia dzi, eye mianɔ bibim le dzo me gbe sia gbe yi ɖe mavɔ me.” Nya siwo Theophilus gblɔ be wonye “nyateƒenya, siwo ŋu viɖe le, siwo le eteƒe, eye wonyo na amewo katã” la dometɔ aɖewoe nye esiawo.

WOTSƆ DZO MAVƆ DO TAFLATSƐ ÐE ŊUTASESẼ TA LE TITINA ƔEYIƔIWO ME: Wogblɔ be, England fianyɔnu Mary I, (ƒe 1553-1558), si dzi woda ŋkɔ ɖo be “Mary Hlɔ̃me” le esi wòtɔ dzo Protestanttɔ 300 kloe ta, gblɔ be: “Esi wònye be wogbɔna dzo tɔ ge aglãdzelawo ƒe luʋɔwo le dzo mavɔ me tegbee ta la, nu nyuitɔ si mate ŋu awɔ koe nye be masrɔ̃ Mawu ƒe hlɔ̃biabia to dzotɔtɔ wo le anyigba dzi me.”

ALE SI WOÐE EGƆME NYITSƆ LAA: Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, subɔsubɔha aɖewo gbugbɔ trɔ asi le nu si wofiana tso dzo mavɔ ŋu la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, England Sɔlemeha Ƒe Nufiafiamekuha gblɔ le ƒe 1995 me be: “Menye teƒe si wowɔa funyafunya ame le tegbee ye dzo mavɔ nye o, ke boŋ enye ame siwo ɖoe koŋ tsi tsitre ɖe Mawu ŋu ɖikaa la ƒe nuwuwu matrɔmatrɔ si nye anyimanɔmanɔ kura.”

[[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]

NU KAE NYE ‘DZOTA’ LA?

Nyaɖeɖefia 20:10 gblɔ be woatsɔ Abosam aƒu gbe ɖe ‘dzota’ la me, eye ‘woawɔ funyafunyae le afi sia zã kple keli tso mavɔ me yi mavɔ me.’ (Nubabla Yeye La) Ne woawɔ funyafunya Abosam tegbee la, ahiã be Mawu nana wòayi edzi anɔ agbe, gake Biblia gblɔ na mí be Yesu ‘atsrɔ̃e.’ (Hebritɔwo 2:14, Nubabla Yeye La) Kpɔɖeŋu ƒe dzota la tsi tsitre ɖi na “ku evelia.” (Nyaɖeɖefia 21:8) Esia menye ku si ŋu woƒo nu tsoe zi gbãtɔ le Biblia me—ku si Adam ƒe nu vɔ̃ he va mía dzi—si nye ku si me woate ŋu aɖe amewo tsoe to tsitretsitsia dzi la o. (1 Korintotɔwo 15:21, 22) Esi Biblia megblɔ be ‘dzota’ la aɖe ame siwo le eme ɖe go o ta la, ele be “ku evelia” nafia ku bubu ƒomevi aɖe si ŋu tsitretsitsimɔkpɔkpɔ aɖeke mele o.

Ekema gɔmesese ka nue wowɔa funyafunya ame siwo le “dzota” la me tegbee le? Ɣeaɖewoɣi la, nya “funyafunya” ate ŋu afia “mɔxexe ɖe ame nu.” Esi Yesu kple gbɔgbɔ vɔ̃wo do go gbe ɖeka la, gbɔgbɔ vɔ̃awo do ɣli gblɔ be: ‘Ðe nèva afi sia funyafunya wɔ ge mí [axe mɔ ɖe mía nu le aʋli la me], hafi ɣeyiɣi la nade mahã?’ (Mateo 8:29; Luka 8:30, 31; Eʋegbe Biblia) Eya ta woawɔ “funyafunya” ame siwo katã le “dzota” la me, esia fia be woaxe mɔ ɖe wo nu tegbee alo woaku “ku evelia.”