Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya La—“Mawu” Ye Loo Alo “mawu aɖe” Ye?

Nya La—“Mawu” Ye Loo Alo “mawu aɖe” Ye?

Nya La—“Mawu” Ye Loo Alo “mawu aɖe” Ye?

NYABIASE sia dzea ŋgɔ Biblia gɔmeɖelawo ne wole Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa ƒe kpukpui gbãtɔ gɔme ɖem. Le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖea me la, woɖe kpukpui sia gɔme be: “Le gɔmedzedzea me la, Nya la nɔ anyi, eye Nya la nɔ anyi kple Mawu, eye Nya la nye mawu aɖe.” (Yohanes 1:1) Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo ɖe kpukpui sia ƒe akpa mamlɛa gɔme wòfia be Nya la “nɔ abe Mawu ene” alo ɖe egɔme alea tɔgbi. (A New Translation of the Bible, si James Moffatt ta; The New English Bible) Gake Biblia gɔmeɖeɖe geɖe ɖe Yohanes 1:1 ƒe akpa mamlɛa gɔme ale: “Eye Nya lae nye Mawu.”—Eʋegbe Biblia.

Helagbe ƒe gbeŋutisewo kple nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpui ma na kpeɖodzi sẽŋuwo mí be ale si woɖe egɔme le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖea me lae nye nyuitɔa, eye mele be woagblɔe wòadze abe “Nya la” ye nye “Mawu” si ŋu woƒo nu tsoe do ŋgɔ le mawunyakpukpuia me ene o. Ke hã, esi womezãa asifianyakui si nye “aɖe” le Helagbe si wodona le ƒe alafa gbãtɔ me o ta la, amewo ƒe nukpɔsusu va to vovo le nya sia ŋu. Eya tae Biblia gɔmeɖeɖe aɖe si le gbe aɖe si wodo le ƒe alafa gbãtɔ siwo kplɔ Yesu dzidzi ɖo me la le vevie na mí ŋutɔ ɖo.

Gbe mae nye Sahidik, si nye Koptgbe ƒe gbetagbe aɖe. Wodo Koptgbe sia le Egipte le ƒe alafa siwo kplɔ Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔ ɖo teti me, eye eƒe gbetagbe si nye Sahidik nye gbe gbãtɔ siwo wotsɔ ŋlɔa agbalẽwo ɣemaɣi dometɔ ɖeka. Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ tso Koptgbe me Biblia gɔmeɖeɖe gbãtɔwo ŋu be: “Esi wònye be wonɔ [Septuagint] la kple [Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo] gɔme ɖem ɖe Koptgbe me le ƒe alafa etɔ̃lia Mía Ŋɔli mawo me ta la, [Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ] siwo woŋlɔ xoxoxo do ŋgɔ na esiwo li fifia dometɔ geɖe la dzie wokpɔ ɖe wo gɔme.”—The Anchor Bible Dictionary.

Nuŋlɔɖi siwo le Koptgbe ƒe gbetagbe si nye Sahidik me la le vevie le susu eve ta. Abe ale si míegblɔe va yi ene la, gbãtɔe nye be, eɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmesese si nɔ Kristotɔ siwo nɔ anyi do ŋgɔ na ƒe alafa enelia la fia. Ƒe alafa enelia mee Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la va zu nufiafia si dzi sɔlemehawo da asi ɖo. Eye susu eveliae nye be, Koptgbe ƒe gbeŋutise sɔ kple Eŋlisigbe kple Eʋegbe ƒe gbeŋutisewo le mɔ vevi aɖe nu. Woɖe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo gɔme zi gbãtɔ ɖe Siriagbe, Latingbe, kple Koptgbe me. Asifianyakui si nye “aɖe” menɔ Siriagbe, Latingbe, kple Helagbe si wodona ɣemaɣi la me o. Ke hã, asifianyakui ma nɔ Koptgbe ya me. Gawu la, agbalẽnyala Thomas O. Lambdin gblɔ le eƒe agbãle si nye Introduction to Sahidic Coptic me be: “Ale si Kopttɔwo zãa asifianyakuiwo la sɔ kple ale si wozãnɛ le Eŋlisigbe me.”

Eya ta Koptgbe me gɔmeɖeɖea na míekpɔ kpeɖodzi veviwo ku ɖe ale si amewo anya se Yohanes 1:1 gɔme ɣemaɣi la ŋu. Nu ka ŋue míeke ɖo? Koptgbe ƒe gbetagbe si nye Sahidik ƒe gɔmeɖeɖea tsɔ asifianyakui si nye “aɖe” kpe ɖe nya “mawu” ŋu le Yohanes 1:1 ƒe akpa mamlɛtɔ. Eya ta, ne woɖe egɔme ɖe Eʋegbe me la, axlẽ ale: “Eye Nya la nye mawu aɖe.” Edze ƒãa be gbegɔmeɖela gbãtɔ mawo kpɔe dze sii be Yohanes ƒe nya siwo dze le Yohanes 1:1 la mefia be Yesu kee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o. Nya la nye mawu aɖe, ke menye Mawu Ŋusẽkatãtɔ lae o.

[Nuwo ƒe nɔnɔme/​Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

YOHANES 1:1. KOPTGBE ƑE GBETAGBE SAHIDIK ME NUŊLƆÐI; P. CHESTER BEATTY-813; KPLE EƑE GƆMEÐEÐE ÐE NYAWO NU

Le gɔmedzedzea me la nɔ anyi Nya la

eye Nya la nɔ anyi kple

Mawu la eye mawu aɖe nye

Nya la

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Reproduced by Permission of the Chester Beatty Library