Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wokpe Amewo Le Taɖodzinu Aɖewo Ta

Wokpe Amewo Le Taɖodzinu Aɖewo Ta

Wokpe Amewo Le Taɖodzinu Aɖewo Ta

“NU KAE wowɔna le afi ma?” Ame geɖe siwo kua ʋu toa Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe gã si le Mogale City (Krugersdorp), si te ɖe Johannesburg ŋu, le South Africa la, biaa nya ma. Eya ta Ðasefoawo ɖoe be yewoakpe amewo woava ɖi tsa le yewoƒe alɔdzedɔwɔƒea le October 12 kple 13, 2007 dzi. Taɖodzinu eve tae—be woatsɔ atsi aʋatsonya siwo wokakana tso wo ŋu la nu, eye woana amewo nakpɔ dɔ si wɔm alɔdzedɔwɔƒea le tsɔ le asi kpem ɖe dɔ si Yesu Kristo de se be woawɔ la ŋu.—Mateo 28:19, 20.

Ame siwo wɔa dɔ le alɔdzedɔwɔƒea klã dzesi gãwo ɖe mɔa nu tsɔ kpe amewo, eye wozã amekpegbalẽvi tɔxɛ aɖe tsɔ kpe ame siwo ƒe aƒe te ɖe alɔdzedɔwɔƒea ŋu. Wokpe asitsala siwo si woƒlea nu le la kple woƒe ƒomewo hã. Aleke nuwo yii? Ame siwo wu 500 siwo menye Ðasefowo o va ɖi tsa le alɔdzedɔwɔƒea.

Nu si wɔ dɔ ɖe amewo dzi koŋue nye agbalẽtamɔ si woyɔna be MAN Roland Lithoman si tea ŋu taa magazine 90,000 le gaƒoƒo ɖeka me. Teƒe bubu siwo gawɔ dɔ ɖe amewo dzi ŋutɔ le alɔdzedɔwɔƒeae nye agbalẽɖoɖadɔwɔƒe gã la, afi si woƒoa agbalẽ siwo wu tɔn 14 nu ƒu le gbe sia gbe kpakple agbalẽblaƒea. Ðasefo siwo wɔa dɔ le dɔwɔƒe vovovoawo klã foto dzeaniwo ɖe teƒeteƒewo; fotoawo dometɔ aɖewo fia ale si agbalẽtamɔzazã ƒe ŋutinya dze egɔme tso Gutenberg ƒe agbalẽtamɔ dzi va se ɖe MAN Roland Lithoman agbalẽtamɔ si zãm wole egbea le alɔdzedɔwɔƒea la dzi. Foto bubuwo ɖe nu si alɔdzedɔwɔƒea wɔna tsɔ kpɔa egbɔ be nutoa me meƒoa ɖi o la fia. Le kpɔɖeŋu me, mɔa ƒe akpa tɔxɛ aɖewo ɖea aɖiyawo ɖa, akpa bubu aɖewo ɖea ʋeʋẽwo ɖa le mɔa me, eye sranuiwo ɖea agbalẽ kakɛwo ɖa le agbalẽtamɔa me.

Nutoa me nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ta nyati aɖe si gblɔ tso lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 700 siwo le alɔdzedɔwɔƒea ŋu be, “wonye subɔla siwo woɖo siwo tsɔ wo ɖokuiwo na be yewoawɔ dɔ na Yehowa.” Eƒo nu tso “dzadzɛnyenye si ɖeke mesɔ kplii o kple ale si nu sia nu yia edzi ɖe game dzi le ɖoɖo nu” le agbalẽtaƒea hã ŋu. Aƒetɔ aɖe si tsia tsitre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu tsã la hã va ɖi tsa. Emegbe la, eŋlɔ lɛta aɖe si me nyawo yi ale: “Miedze agbagba ŋutɔ! Menye ɣesiaɣie amewo awɔ nu sia nu wòasɔ pɛpɛpɛ abe ale si miele ewɔm ene o.”

Vavalawo dometɔ geɖe ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nu siwo teƒe wova kpɔ le alɔdzedɔwɔƒea ŋu eye wòwɔ nuku na wo be Biblia srɔ̃gbalẽ siwo le gbegbɔgblɔ 151 me ye le teƒea, eye wotaa agbalẽwo na dukɔ 18 le anyiehe kple titina Afrika. Woɖea mɔ be amewo nava ɖi tsa le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexea me godoo la le woƒe dɔwɔɣiwo. Ðe manyo be nàbia woagblɔ ɣeyiɣi siwo me wokplɔa amewo ɖia tsae le alɔdzedɔwɔƒe si te ɖe mia ŋu la na wò oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Amekpegbalẽvia

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Amewo va ɖo be yewoava ɖi tsa le alɔdzedɔwɔƒea

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

South Africa alɔdzedɔwɔƒe si le Mogale City, South Africa

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Agbalẽtamɔ si nye MAN Roland Lithoman

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Agbalẽblaƒea

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Agbalẽɖoɖadɔwɔƒea