Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Dɔ ka ƒomevie Yesu anya wɔ abe atikpala ene?

Atikpalae Yosef ame si xɔ Yesu nyi la nye. Dɔ ma kee Yesu hã srɔ̃. Esi Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme la, exɔ “abe ƒe blaetɔ̃ ene,” eye menye ɖeko amewo bunɛ be enye ‘atikpala la ƒe vi’ o, ke boŋ wobuna eya ŋutɔ hã be enye atikpala.—Luka 3:23; Mateo 13:55; Marko 6:3.

Le du si me Yesu nɔ tsi me la, anɔ eme be amewo hiã na agbledenu siwo wotsɔa ati kpana zi geɖe, abe anyigbadzobonuwo alo kodziwo kple kɔkutiwo ene. Nu bubu siwo atikpalawo kpana la ƒe ɖewo anya nye xɔmenuwo, abe kplɔ̃wo, zikpuiwo, dɔwɔnuwo, kple aɖakagowo ene, tsɔ kpe ɖe nu bubuwo abe ʋɔtruwo, fesrewo, gametiwo kple xɔgbatiwo ene ŋu. Le nyateƒe me la, atikpalawo ƒe dɔ ƒe akpa aɖe hã nyea xɔtutudɔ.

Le kpɔɖeŋu aɖe me la, Yohanes Amenyrɔɖetsimela la ƒo nu tso fía, si nye dɔwɔnu aɖe si anɔ eme be Yesu kple atikpala bubuwo zãna tsɔ tsoa atiwoe ɣemaɣi, la ŋu. Emegbe la, wofea atiawo le avea me loo alo lɔa wo nenema vaa woƒe dɔwɔƒewoe. Ðikeke mele eme o be dɔa ƒe akpa sia wɔwɔ bia alɔkame sesẽ. (Mateo 3:10) Yesaya yɔ dɔwɔnu bubu siwo atikpalawo zãna le eƒe ɣeyiɣia me: “Atikpala daa dzidzeka, etsɔa ɣe tanɛ, eye wòtsɔa fi kpanɛ, etsɔa nudzidzega tanɛ.” (Yesaya 44:13) Nu siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo la ɖo kpe edzi be le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, wozãa laxalaxa, hama alo zu, kple gatagbadzɛ siwo wotsɔ gadzẽ wɔ. (2 Mose 21:6; Yesaya 10:15; Yeremiya 10:4) Susu le eme be míaƒo nya ta be Yesu zã nu mawo.

Ame kawoe ‘gasitsala’ siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe kpɔɖeŋu aɖe me la nye, eye aleke wowɔa woƒe dɔwoe?

Yesu ƒo nu tso aƒetɔ aɖe si ka mo na eƒe kluvi kuviatɔ aɖe la ŋu. Aƒetɔa gblɔ na kluvia be: “Ðe wòle be nàtsɔ nye ga la ada ɖe gasitsalawo gbɔ, ale be ne metrɔ gbɔ la, maxɔ nye nu kple eŋuti viɖe.”—Mateo 25:27.

Gadzraɖoƒe gãgã siwo li egbea menɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me o. Gake tso gbe aɖe gbe ke la, gadzraɖolawo xea deme ɖe ga si amewo va dana ɖe wo gbɔ la dzi, eye woxɔa deme si sɔ gbɔ wu ne woawo wodo ga na amewo. Le agbalẽ si nye The Anchor Bible Dictionary ƒe nya nu la, gadodo si dzi woxea deme ɖo la nye nu si bɔ le Hela le ƒe alafa enelia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me. Le ɣeyiɣi si me Romatɔwo ɖo ŋutifafa anyi me la, woxea ga si wodo la ƒe akpa 4 va se ɖe 6 le 100 me ɖe gadodo dzi ƒe sia ƒe le Roma Fiaɖuƒe bliboa katã me.

Le Mose ƒe Sea me la, wode se be woagaxɔ deme ɖe ga si wodo na Israel vi dahewo dzi o. (2 Mose 22:24) Edze abe se sia ku ɖe ga si wodo na ame dahewo koŋ ŋu ene. Ke hã, abe ale si wòdze le Yesu ƒe kpɔɖeŋua mee ene la, enye nu si bɔ be woaxɔ deme ɖe ga si woda ɖe gadzraɖolawo alo “gasitsalawo” gbɔ la dzi. Eya ta abe ale si Yesu wɔnɛ ɣesiaɣi ene la, ezã nu si eƒe nyaselawo nya nyuie la tsɔ wɔ kpɔɖeŋui na wo.