Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔ Nubabla Xoxoa Dzi Sea?

Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔ Nubabla Xoxoa Dzi Sea?

Exlẽlawo Bia Be

Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔ Nubabla Xoxoa Dzi Sea?

Yehowa Ðasefowo bua Biblia be enye Mawu ƒe Nya, eye wobua Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyea siaa be wonye eƒe akpa veviwo. Ke hã, Yehowa Ðasefowo ya lɔ̃a wo yɔyɔ be “Hebri Ŋɔŋlɔawo” kple “Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo,” eye esia sɔ wu, elabena Hebrigbe kple Helagbe me koŋue woŋlɔ Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyea ɖo zi gbãtɔ.

Le go bubu me la, esesẽna na ame aɖewo siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la be woaxɔ Nubabla Xoxoa dzi ase. Wogblɔna be Mawu si ŋu Nubabla Xoxoa ƒo nu tsoe la nye Mawu dɔmedzoetɔ aɖe si da asi ɖe aʋawɔwɔwo, amewuwu, kple nuwɔna siawo tɔgbi dzi, eye eƒe nuwɔnawo to vovo tso Mawu lɔ̃ame kple nyuiwɔla si ŋu woƒo nu tsoe le Nubabla Yeyea me la tɔwo gbɔ kura. Wogblɔna hã be esi Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ koŋ ŋue woƒo nu tsoe le Nubabla Xoxoa me ta la, mesɔ na Kristotɔwo o. Esi wònye be Mawu de se le 5 Mose 13:1 be ame aɖeke nagatsɔ nya aɖeke akpe yeƒe nyawo alo aɖe ɖeke le eme o ta la, ɖe woƒe nya siawo nye nu si dzi woanɔ te ɖo agbe Nubabla Xoxoa si nye Biblia la ƒe akpa etɔ̃ le ene mea?

Ɣeaɖeɣi le ƒe 50 Mía Ŋɔli me, esi apostolo Paulo ɖi tsa yi be yeaɖasrã Tesalonikatɔwo kpɔ le Hela la, “[edzro] Ŋɔŋlɔawo me kpli wo sabat etɔ̃ sɔŋ, eye wònɔ nu me ɖem heyɔa nyawo tsɔ ɖoa kpe edzi be, ehiã be Kristo la nakpe fu, eye wòafɔ tso ame kukuwo dome.” (Dɔwɔwɔwo 17:1-3) Paulo ƒe nyaselawo dometɔ aɖewo va zu Kristotɔwo, eye wòkafu wo emegbe be: “Esi miexɔ Mawu ƒe nya la, si miese tso mía gbɔ la, miexɔe abe amegbetɔwo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene.” (1 Tesalonikatɔwo 2:13) Edze abe esime wòyi ɖasrã wo kpɔ la, Mateo ƒe Nya Nyui Gbalẽa koe nye agbalẽ 27 siwo ƒo ƒu wɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo la dometɔ si woŋlɔ xoxo ɣemaɣi ene. Eya ta edze ƒãa be Hebri Ŋɔŋlɔawo mee Paulo ‘yɔ Ŋɔŋlɔwo tsoe’ tsɔ ɖo kpe eƒe nyawo dzi.

Le nyateƒe me la, Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋlɔlawo yɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me tẽe zi 320 sɔŋ, eye wohe susu yi wo me nyawo dzi zi gbɔ zi alafa geɖe. Nu ka tae? “Elabena nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi le míaƒe nufiafia ta, bene to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔna le Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.” (Romatɔwo 15:4) Esia ɖee fia kɔtɛ be ame siwo xɔ Biblia bliboa dzi se egbea la kpɔa viɖe geɖe tso eme.

Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo nye Mawu ƒe Nya si me wòɖe eƒe tameɖoɖo siwo wòɖe fia vivivi ɖe ɖoɖo nu le ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo me gbã la dzi yiyi. Hela Ŋɔŋlɔawo mena asixɔxɔ si le Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋu la dzi ɖe kpɔtɔ kura o. Herbert H. Farmer si nye mawuŋutinunyafiala le Cambridge Yunivɛsiti gblɔ be, “míate ŋu ase [Nya Nyui Gbalẽawo] gɔme o negbe ɖe míenya dukɔ si [Mawu] bla nu kple le blema la ƒe ŋutinya si woŋlɔ ɖe Nubabla Xoxoa me ko hafi.”

Ðɔɖɔɖo aɖeke mehiã le Mawu ƒe Nya la ŋu o. Ke hã, ‘ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe edzi, va se ɖe esime ŋu kena keŋ ene.’ (Lododowo 4:18) Eya ta esi Mawu tsɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo kpe ɖe Biblia gbalẽwo ŋu la, egana numekɔkɔ geɖe wu ku ɖe ale si wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme vivivi la ŋu, evɔ esia mena be asixɔxɔ si le Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋu la dzi ɖe kpɔtɔ o. Wo katã wonye ‘Yehowa ƒe nya siwo nɔa anyi tegbee.’—1 Petro 1:24, 25.