Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzadzɛnyenye—Nu Ka Tae Wòle Vevie?

Dzadzɛnyenye—Nu Ka Tae Wòle Vevie?

DzadzɛnyenyeNu Ka Tae Wòle Vevie?

Ƒe akpe geɖee nye esia si dɔlélewo kple dɔvɔ̃wo ɖe kpe na ameƒomea. Ame aɖewo susui be esiawo nye dzesi be Mawu do dziku ɖe ameƒomea ŋu, eye wòto esiawo dzi le to hem na nu gbegblẽ wɔlawo. Ŋkuléle ɖe nu ŋu dzigbɔɖitɔe kple numekuku tsitotsito siwo wowɔ ƒe alafa geɖe ɖee fia be nu gbagbe suesue aɖewo siwo le mía dome la gbɔe kuxiawo tso.

Dɔdada ŋuti numekulawo de dzesii be kisiwo, afiwo, gbagbladzawo, tagbatsuwo, kple muwo ate ŋu akaka dɔlélewo. Wode dzesii hã be amewo ƒe bemalémalé na wo ɖokuiwo hã nana wònɔa bɔbɔe be dɔxɔleameŋuwo kakana. Edze abe dzadzɛnyenye ƒe nya la nye agbe kple ku ƒe nya ene.

Edze ƒãa be, dzadzɛnyenye ƒe dzidzenuwo nɔa te ɖe dekɔnuwo kple nutoa me ƒe nɔnɔmewo dzi ene. Le nuto siwo me tsi vena le alo tsigbegblẽtoƒe (gɔta) nyuiwo mele o la, dzadzɛnyenye me léle ɖe asi ate ŋu anye kuxi sesẽ aɖe. Ke hã, Mawu na dzadzɛnyenye ŋuti mɔfiamewo blema Israel viwo esime wonɔ gbea dzi—afi sia nye nuto siwo me wòasesẽ ŋutɔ le be woalé dzadzɛnyenye me ɖe asi la dometɔ ɖeka!

Nu ka tae dzadzɛnyenye le vevie na Mawu nenema gbegbe? Nukpɔsusu si sɔ kae wòle be wòanɔ mía si ku ɖe dzadzɛnyenye ŋu? Afɔ kawoe mia kple wò ƒomea miate ŋu aɖe atsɔ aɖiɖi dɔléle dzi akpɔtɔ?

WOKPÃ le suku, eye Max, * si nye ŋutsuvi aɖe si le Cameroon la, gbɔ va aƒe me. Dɔ kple tsikɔ nɔ ewum hafi wògbɔ. Esi wòge ɖe aƒea me teti la, woƒe avu si nɔ elalam la va kpee, eye wòlili asi ɖe eŋu. Emegbe ege ɖe woƒe nuɖuxɔ me, da eƒe sukukplo la ɖe nuɖukplɔ̃a dzi, eye wònɔ anyi henɔ mɔ kpɔm na eƒe nuɖuɖu vevie.

Dada, si le dzodoƒea se Max ŋkɔ wòge ɖe xɔa me, eye wòtsɔ mɔlu dzodzoe si dzi wòkɔ bɔbɔ ɖo la vae nɛ. Gake dadaa ƒe mo trɔ esime wòkpɔ Max ƒe sukukploa le kplɔ̃ si dzi wòtutu nyuie la dzi. Ekpɔ via dũu hegblɔ nya ɖeka sia ko be, “Maaaax!” Via se egɔme enumake, eɖe akploa ɖa le kplɔ̃a dzi kaba, eye wòƒu du do go yi ɖaklɔ asi. Eteƒe medidi o etrɔ gbɔ be yeaɖu nu si yenɔ mɔ kpɔm na xoxoxo la. Egblɔ kple gbe bɔbɔe vevesesetɔe be, “Dada meɖe kuku meŋlɔ be.”

Vidada lébename ate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ akpɔ ƒomea ƒe lãmesẽ kple dzadzɛnyenye nyawo gbɔ, togbɔ be abia be ƒomea me tɔwo katã nawɔ nu aduadu atsɔ akpe asi ɖe eŋu hã. Abe ale si Max ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia ene la, ehiã be woayi edzi anɔ nu fiam ɖeviwo tso dzadzɛnyenye ŋu, elabena dzadzɛnyenye bia kutrikuku madzudzɔmadzudzɔe, eye ehiã be woanɔ ŋku ɖom nu dzi na ɖeviwo ɣesiaɣi.

Max dada de dzesii be dɔlékuiwo ate ŋu age ɖe nuɖuɖu me to mɔ vovovowo dzi. Eya ta menye ɖeko wòklɔa asi nyuie hafi wɔa nuɖuɖu ŋu dɔ o, ke boŋ ekpɔa egbɔ hã be yetu nu ɖe nuɖuɖuwo nu ale be tagbatsuwo nagadze ɖe wo dzi o. Nuɖuɖuwo dada ɖe teƒe nyuitɔ kple egbɔkpɔkpɔ be aƒea me le dzadzɛ wɔe be kisiwo, afiwo, kple gbagbladzawo meɖea fu nɛ boo o.

Susu vevi aɖe si ta Max dada léa be na nuwo alea ɖo ye nye be edi be yeadze Mawu ŋu. Eɖe eme be, “Biblia gblɔ be, ele be míanɔ kɔkɔe, elabena Mawu le kɔkɔe.” (1 Petro 1:16) Egblɔ kpee be, “Kɔkɔenyenye sɔ kple dzadzɛnyenye. Eya ta medina be nye aƒe me kple ƒomea me tɔwo katã nanɔ dzadzɛ. Le nyateƒe me la, nu si na esia nya wɔna ye nye be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe kpea asi ɖe ɖoɖoawo ŋu.”

Ele Vevie Be Ƒomea Nawɔ Nu Aduadu

Abe ale si Max dada de dzesii ene la, be ƒomea nanɔ dzadzɛ la, ebia be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nawɔ akpa aɖe. Ƒome aɖewo nɔa anyi ɖekae tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi, eye wodea ŋugble tso woƒe hiahiãwo kple nu siwo woate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be aƒea me kple egodo siaa nanɔ dzadzɛ la ŋu. Kpekpe sia naa ƒomea wɔa ɖeka, eye wogaɖoa ŋku akpa si wòle be ame sia ame nawɔ be wòaɖe vi na ame susɔewo la dzi na wo nɔewo. Le kpɔɖeŋu me, vidada ate ŋu aɖe nu siwo tae wòhiã be woaklɔ asi nenye be wotso nugododeƒe, ne woka asi nanewo, abe ga ene ŋu, alo ne wodi be woaɖu nu la me na ɖevi tsitsiwo. Woawo hã ate ŋu akpɔ egbɔ be yewo nɔvi sue bubuwo hã bu nya siawo ŋkubiãnyawoe.

Woate ŋu ama aƒemedɔwo na ƒomea me tɔwo katã. Ƒomea ate ŋu aɖoe be yewoanɔ aƒea me dzram ɖo edziedzi kwasiɖa sia kwasiɖa, eye woawɔ ɖoɖo adzra aƒe bliboa me ɖo zi ɖeka alo zi eve le ƒea me. Ke aƒea godo ya ɖe? Aƒetɔ Stewart L. Udall, si nye dzɔdzɔmenuwo ta kpɔla, gblɔ tso United States dua ŋu be: “Míele dukɔ aɖe si ƒe atsyɔ̃ɖoɖo le bubum, si le vovlom ɖe edzi, si ƒe gbadzaƒewo le vɔvɔm, si me ɖiƒoƒo yame kple toɣliɖeɖe kple nudomegblẽnuwo le nu gblẽm le gbe sia gbe la me.”

Nenema tututue nèbuna be miaƒe nutoa me hã lea? Tsã la, gaƒolawo ƒoa ga tsɔ hea dumeviwo ƒe susu, abe ale si ko wogawɔnɛ le Titina Afrika du aɖewo me egbea ene. Dua ƒe gaƒola doa ɣli sesĩe tsɔ ɖoa ŋku edzi na dua me tɔwo be woadzra dua me kple tsigbegblẽtoƒewo ɖo, aɖe atiwo ŋu, aŋlɔ gbewo ahatsɔ gbeɖuɖɔwo aƒu gbe.

Teƒe si woakɔ gbeɖuɖɔwo ɖo nye xexea me katã ƒe kuxi, eye wòzu taɖui na dziɖuɖu geɖewo. Le nuto aɖewo me la, wodoa kpo gbeɖuɖɔ siawo lɔlɔ, eye gbeɖuɖɔwo va lia kɔ ɖe ablɔwo dzi. Woate ŋu akpe nuto mawo me tɔwo be woana kpekpeɖeŋu. Abe dumevi nyuiwo ene la, Kristotɔwo nɔa ame gbãtɔ siwo wɔna ɖe amekpekpe sia dzi la dome, eye wowɔna ɖe dziɖuɖua ƒe sewo dzi nyatoƒoematomatoe. (Romatɔwo 13:3, 5-7) Kristotɔ vavãwo kpɔa gome le dɔ sia me, eye wolɔ̃na faa be yewoawɔ geɖe wu nu si wobia tso yewo si. Wodina be teƒe si yewole nanɔ dzadzɛ, eye wotsona le wo ɖokuiwo si dzraa nutoa me ɖo, eye womelalana ɣesiaɣi be gaƒola naƒo ga atsɔ aɖo ŋku edzi na yewo hafi yewoawɔe o. Wose egɔme be dzadzɛnyenye ɖenɛ fiana be yewoxɔ hehe nyuie, eye wònye nɔnɔme nyui ɖeɖe fia hã. Edzea egɔme tso ame ɖekaɖekawo kple ƒomewo dzi. Ne míetsɔa dzadzɛnyenye ŋuti aɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔe, eye míenaa míaƒe aƒe godo kple eŋkume nɔa dzadzɛ la, ana be míanɔ lãmesẽ nyui me, eye wòana be nuto bliboa me nanya kpɔ ɖe edzi wu.

Míaƒe Dzadzɛnɔnɔ Dea Bubu Mawu Si Míesubɔna La Ŋu

Ne míenɔa dzadzɛ hedzrana ɖo nyuie la, eƒoa nu nyui tso míaƒe tadedeagu ŋu, eye amewo dea dzesi esia zi geɖe. Le takpekpe aɖe wɔwɔ vɔ megbe le Toulouse, France la, Yehowa Ðasefo ɖekakpui kple ɖetugbui 15 aɖewo yi ɖe nuɖuɖudzraƒe aɖe. Srɔ̃tɔ tsitsi aɖewo siwo nɔ anyi ɖe kplɔ̃ si te ɖe wo ŋu ŋu la susui be sɔhɛ siawo aɖe toɣli ahaɖe fu na amewo. Ke hã, ale si sɔhɛ siawo siwo dzra ɖo nyuie la wɔ nu ɖe ɖoɖo nu heɖo dze tuameɖowo la wɔ dɔ ɖe srɔ̃tɔawo dzi. Esime wonɔ dzodzom la, srɔ̃tɔawo kafu wo ɖe nɔnɔme nyui si woɖe fia la ta, eye wogblɔ na ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka be kpɔɖeŋu sia tɔgbi megabɔ egbea kura o.

Ale si Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo, agbalẽtaƒewo, kple ame siwo wɔa dɔ le afi mawo ƒe mlɔƒewo nɔa dzadzɛ la wɔa dɔ ɖe ame siwo ɖia tsa yia teƒe mawo la dzi zi geɖe. Wodina tso ame siwo nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo wɔa dɔ le teƒe siawo hele afi ma koŋ la si be woƒe nudodowo nanɔ dzadzɛ eye woanya woƒe nuwo ahale tsi edziedzi. Axatomemi kple ami ʋeʋĩwo sisi mate ŋu axɔ ɖe tsilele kple beléle na ame ɖokui teƒe o. Ne lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo siwo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo le gbeƒã ɖem na woƒe aƒelikawo le fiẽsiwo me alo le kwasiɖanuwuwuwo la, ale si wole dzadzɛ la hã nana woxɔa woƒe gbedeasia nyuie.

“Mizu Mawu Srɔ̃lawo”

Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be “[woazu] Mawu srɔ̃lawo.” (Efesotɔwo 5:1) Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ ŋutega aɖe si me wòkpɔ mawudɔlawo nɔ Wɔla la yɔm be “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe” la ɖi. (Yesaya 6:3) Mawu yɔyɔ alea ɖee fia be eƒe kɔkɔenyenye kple dzadzɛnyenye ƒo ɖe sia ɖe ta. Esi wòle alea ta la, Mawu di tso esubɔlawo katã si be woanɔ kɔkɔe ahanɔ dzadzɛ. Egblɔ na wo be: “Ele be mianɔ kɔkɔe, elabena nye la, mele kɔkɔe.”—1 Petro 1:16.

Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be “[woado] awu le nɔnɔme nyui me.” (1 Timoteo 2:9) Eya ta mewɔ nuku o be le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, wotsɔ “aklala nyui dzadzɛ si le dzo dam” tsi tsitre ɖi na nu dzɔdzɔe siwo ame siwo Mawu bu be wole kɔkɔe la wɔna. (Nyaɖeɖefia 19:8) To vovo na esia la, zi geɖe la, wotsɔa ale si nu ɖina ɖe avɔ me alo ɖiƒoƒo tsia tsitre ɖi na nu vɔ̃ le Ŋɔŋlɔawo me.—Lododowo 15:26; Yesaya 1:16; Yakobo 1:27.

Egbea la, eva hiã be ame miliɔn geɖe nanɔ nuto siwo me wòahiã le be woanɔ avu wɔm ɣesiaɣi be woayi edzi anɔ dzadzɛ le ŋutilã me, agbenɔnɔ me, kple gbɔgbɔ me la me. Woakpɔ kuxi sia gbɔ keŋkeŋ ne Mawu ‘wɔ nuwo katã yeyee.’ (Nyaɖeɖefia 21:5) Ne ŋugbedodo ma va eme la, ɖiƒoƒo kple makɔmakɔnyenye ɖe sia ɖe ƒomevi nu ayi tegbee.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔa.

[Aɖaka si le axa 10]

Mawu Di Be Míanɔ Dzadzɛ

Esime Israel viwo nɔ gbea dzi la, wona mɔfiame wo be woaɖi woƒe nugodowo ɖe do me. (5 Mose 23:13-15) Esia wɔwɔ ate ŋu anye dɔ sesẽ aɖe le esi ameawo sɔ gbɔ ta. Gake ɖikekemanɔmee la, ekpɔ wo ta tso dɔlélewo abe ŋudza sesẽ (typhoid) kple kolera ene si me.

Wode se na dukɔ la be woanya woƒe awuwo alo agblẽ awu alo nu bubu siwo ka nu kuku aɖe ŋu la dome. Togbɔ be ɖewohĩ womase susu siwo ta Mawu de se sia ɖo gɔme o hã la, se sia kpe ɖe Israel viwo ŋu woƒo asa na dɔxɔxɔ kple lãmegbegblẽwo.—3 Mose 11:32-38.

Wobia tso nunɔlawo si be woaklɔ asi kple afɔ siaa hafi awɔ woƒe dɔwo le avɔgbadɔa me. Tsikuku ɖe tsileze si wotsɔ akɔbli wɔ me hena esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe o, gake asikɔklɔ kple tsilele nye nudidi si dzi wòle be woawɔ ɖo godoo.—2 Mose 30:17-21.

[Aɖaka si le axa 11]

Aɖaŋuɖoɖo Aɖewo Siwo Tso Ðɔkta Aɖe Gbɔ

Tsi le vevie hafi agbe nanya nɔ, gake tsi si me dɔlékuiwo le ate ŋu ahe dɔléle kple ku vae. Ðɔkta J. Mbangue Lobe, si nye dɔnunɔlagã le Douala ƒe melidzeƒea ƒe dɔnɔkɔdzi, le Cameroon, ɖo aɖaŋu vevi aɖewo esime wobia gbee.

Egblɔ be: “Ne mèka ɖe edzi be wò tsi nono nyo na nono o la, ekema ɖae.” Gake exlɔ̃ nu be: “Atike siwo wotsɔ ɖea ɖi le nu me alo nuklɔtike bubuwo zazã nyo ya, gake afɔku ate ŋu anɔ eme ne womezã wo nyuie o. Tsɔ adzalẽ kple tsi klɔ asi ɣesiaɣi hafi nàɖu nu alo ne ètso nugododeƒe. Adzalẽ mexɔa asi fũu o, eya ta ame dahewo gɔ̃ hã ate ŋu aƒlee. Nya wò awuwo edziedzi, eye ne ŋutigbalẽ me dɔléle aɖe le ŋuwò la, ke zã tsi dzodzoe.”

Ðɔktaa yi edzi gblɔ be: “Ele be ƒomea me tɔwo katã nadze agbagba akpɔ egbɔ be aƒea me kple egodo siaa le dzadzɛ. Zi geɖe la, wogblẽa nugododeƒewo kple tsileƒewo ɖi bemalémalé na woe, eye wova zua gbagbladzawo kple tagbatsuwo nɔƒe.” Eye wòna nuxlɔ̃ame vevi sia ɖeviwo be: “Mikpɔ nyuie le tsilele le ta suesuesue siwo le miaƒe nutoawo me me ŋu, elabena wo me yɔ fũu kple dɔlékui siwo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu. Mile tsi fiẽ sia fiẽ, miklɔ nu me nyuie hafi miamlɔ anyi, eye mimlɔ mudɔ me.” Nu si ko nu siawo katã fiae nye be, nàwɔ ɖoɖo do ŋgɔ, awɔ ɖe ɖoɖoa dzi, ale be nàƒo asa na kuxiwo.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Wò awuwo nyanya akpe ɖe ŋuwò be nàƒo asa na ŋutigbalẽ me dɔlélewo kple dɔléle bubuwo

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Kristotɔwo tsona le wo ɖokuiwo si dzraa teƒe siwo wole la ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Vidada lébename ate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ akpɔ ƒomea ƒe lãmesẽ kple dzadzɛnyenye ƒe nyawo gbɔ