Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Enye Wɔla Si Dze Na Míaƒe Kafukafu

Enye Wɔla Si Dze Na Míaƒe Kafukafu

Te Ðe Mawu Ŋu

Enye Wɔla Si Dze Na Míaƒe Kafukafu

Nyaɖeɖefia 4:11

ÈBIA ɖokuiwò kpɔ be, ‘Nu ka tae míele agbe ɖoa?’ Ame siwo bunɛ be ɖeko nu gbagbewo dzɔ le vo me la mekpɔa ŋuɖoɖo na nyabiase sia o. Mele alea le ame siwo lɔ̃ ɖe nyateƒenya, si ŋu kpeɖodzi le, si nye be Yehowa Mawu ye nye agbe Dzɔtsoƒe dzi la ya gome o. (Psalmo 36:10) Wonyae be taɖodzinu aɖe tae Mawu wɔ mí ɖo. Taɖodzinu ma dze le Nyaɖeɖefia 4:11. Na míakpɔ ale si mawunyakpukpui sia si apostolo Yohanes ŋlɔ la ɖe nu si tae míele agbe ɖo me la ɖa.

Yohanes ŋlɔ bena dziƒohadziha aɖe nɔ Mawu kafum be: “Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” Yehowa ɖeka koe nye ame si dze na bubu ma. Nu ka tae? Elabena eyae “wɔ nuwo katã.” Ekema nu kae wòle be esia naʋã eƒe nuwɔwɔ siwo si nunya le la be woawɔ?

Wogblɔ be Yehowa dze ‘axɔ’ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ. Ðikekemanɔmee la, eyae nye Ame si ƒe ŋutikɔkɔe, bubu, kple ŋusẽ ƒo ɖe sia ɖe ta le xexe bliboa me. Ke hã, ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ melɔ̃ ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be eyae nye nuwo katã Wɔla o. Togbɔ be ele alea hã la, ame aɖewo li siwo kpɔa Mawu ƒe “nɔnɔme makpɔmakpɔawo” dzea sii to ŋkuléle ɖe nu siwo wòwɔ ŋu me. (Romatɔwo 1:20) Ŋudzedzekpɔkpɔ si yɔ woƒe dziwo me fũu la ʋãa wo wotsɔa ŋutikɔkɔe kple bubu naa Yehowa. Woɖea gbeƒã na ame siwo katã adi be yewoase nu tso nyateƒenya wɔdɔɖeamedzi si nye be Yehowae wɔ nuwo katã wonya kpɔ alea, eye le esia ta eyae nye ame si dze be míade bubu deto eŋu la ŋu.—Psalmo 19:2, 3; 139:14.

Ke alekee Yehowa xɔa ŋusẽ tso esubɔlawo gbɔe? Ele eme be nuwɔwɔ aɖeke mate ŋu ana ŋusẽ Wɔla ŋusẽkatãtɔ la o ya. (Yesaya 40:25, 26) Ke hã, esi wowɔ mí ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu ta la, wode Mawu ƒe nɔnɔmewo ƒe agbɔsɔsɔme aɖe si nu mía me, nɔnɔme mawo dometɔ ɖekae nye ŋusẽ. (1 Mose 1:27) Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo mía Wɔlaa wɔ na mí ŋu vavã la, aʋã mí be míazã míaƒe ŋusẽ kple ŋutete atsɔ ade bubu eŋu ahatsɔ ŋutikɔkɔe anae. Esia wɔnɛ be míetsɔa míaƒe ŋusẽ katã tiaa mía ŋutɔwo ƒe viɖewo yome o, ke boŋ míesena le mía ɖokuiwo me be Yehowa Mawue dze axɔ míaƒe ŋusẽ katã esi míele esubɔm.—Marko 12:30.

Ekema nu ka tae míele agbe ɖo? Nyaɖeɖefia 4:11 ƒe akpa mamlɛtɔ ɖo eŋu be: “Wò lɔlɔ̃nu ta [nuwɔwɔwo katã] woli, eye wowɔ wo ɖo.” Menye mía ŋutɔwoe wɔ mía ɖokuiwo o. Míele agbe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ta. Le susu sia ta la, agbenɔnɔ na ame ŋutɔ ƒe viɖe dzaa ko nye nu ƒuƒlu, eye mehea dzidzeme aɖeke vanɛ o. Bene ŋutifafa ememetɔ, dzidzɔ, ŋudzedzekpɔkpɔ kple dzidzeme nasu mía si la, ehiã be míanya nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye míanɔ agbe wòawɔ ɖeka kplii. Ne míewɔ esia ko hafi míate ŋu akpɔ taɖodzinu si tae wowɔ mí kple nu si tae míele agbe ɖo.—Psalmo 40:9.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

NASA, ESA, and A. Nota (STScI)