Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbe Si Gbe Wòtu Ka Yibɔ La

Gbe Si Gbe Wòtu Ka Yibɔ La

Lɛta Aɖe Si Tso Ghana

Gbe Si Gbe Wòtu Ka Yibɔ La

MENYE ame sia tɔgbi ye menɔ mɔ kpɔm be mava kpɔ o. Ðekakpui la do aklalawu ʋlaya aɖe, etsɔ alidziblanu yibɔ si ƒe kekeme anɔ abe sentimeta 5 ene bla eƒe alime keɖie la dzi sesĩe. Etɔ ɖi, lia eƒe asiwo hele klalo na kɔdada. Ele afɔ ƒuƒlu heke ata ɖi. Adã dze le mo nɛ, eƒe ŋgonu ŋlɔ eye wòɖo mo vevi. Emiã ŋku vie, nublanuikpɔkpɔ aɖeke medze le eƒe ŋkuwo dzi o, eye woɖi vɔvɔ̃—naneke meɖee fia le eŋu be enye ame beli o.

Kasia edo ɣli sesĩe heɖe zɔ. Eda asi to ya me ʋiãm! Eƒe asi dze ʋuƒo aɖe dzi, eye ʋuƒoa fe ɖe eve kpla hege dze anyigba! Egado ɣli ake, gake fifia ya la, edzo hetro eɖokui le ya me, eye wòda asiwo kple afɔwo abe futɔ aɖe tu gee wòyina le vo me ene. Ame si di be woava srɔ̃ Biblia kpli ye la ŋutɔŋutɔe nye esia?

Mete ɖe eŋu hedo asi ɖee, eye megblɔ be: “Ewɔ nam be wòe nye Kojo. Mese be èdi be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.” Ede asi asi me nam, ko alɔgbɔnu heɖo nukomo xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Eƒe ŋkuwo megaɖi vɔvɔ̃ o, eye wòdze le mo nɛ be edi vevie be yease nya si metsɔ vae. Eɖo eŋu be: “Ɛ̃, adzɔ dzi nam ŋutɔ. Ɣekaɣie míadze egɔme?”

Míelé míaƒe Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo ɖe asi henɔ anyi ɖe akpata sue aɖe si le eƒe xɔmɔnu me. Teƒea fa wu, tomefafa li, eye wòsɔ míawo ɖeɖe míanɔ. Nye ŋutɔ, Kojo, kple eƒe kesevi aɖe ye nɔ akpataa me. Kesevia ƒe didime nye sentimeta 35 ko, fu dzĩ le ta nɛ, eƒe glã te le ɣie si na eƒe mo ɖi kokoe, eye wòɖi gedila hã. Kesevia nya kpɔ, elɔ̃a fefe eye wòkea ŋku ɖe nu me; enɔ gegem ɖe afi sia afi. Enɔ zɔzɔm le míaƒe agbalẽwo dzi, nɔ míaƒe nuŋlɔtiwo hem le mía si, eye wònɔ eƒe asi sueawo ƒom ɖe míaƒe kotokuwo me kpɔ be yeakpɔ nane atsɔ hã. Abe ale si ko dzilawo metsɔa ɖeke le wo vi suewo ƒe ɣlidodo kple fuɖenamewo me o ene la, Kojo metsɔ ɖeke le nu siwo wɔm eƒe kesevia nɔ la me o, ke boŋ eƒe susu nɔ nusɔsrɔ̃a ŋu. Nya gbogbo siwo biam wònɔ la na mekpɔe be, enye ame si bua tame eye wòdi vevie be yeasrɔ̃ nua. Ðewohĩ esrɔ̃e tso karatdada me be ele be yeaɖɔ ŋu ɖo ahanɔ ŋudzɔ, elabena mexɔa nya sia nya dzi se ko o, ke boŋ ekpɔa kakaɖedzi na nyawo, eye wòkpɔa woƒe kpeɖodziwo le Ŋɔŋlɔawo me hafi xɔa wo dzi sena.

Míaƒe nusɔsrɔ̃a yi ŋgɔ nyuie. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva de dzesii be enɔ avu wɔm kple nɔnɔme bubu aɖe le ememe, eye avuwɔwɔ sia nɔ sesẽm ɖe edzi. Egblɔ nam be: “Nu si doa dzidzɔ nam le xexe sia me koe nye karatdada.” Mekpɔe dze sii be le ememe la, kɔdala sia ƒe dzi gaku ɖe karatdada si wòsrɔ̃ hebi ɖe eme la ŋu vevie kokoko. Kaka wòaxɔ ƒe 26 la, menye ɖeko wòlɔ̃ karatdada o, ke ebi ɖe eme hã. Eyi ŋgɔ le karatdada me ʋuu xɔ ka yibɔ; le nyateƒe me la, ame ʋɛ aɖewo ko sie ɖoƒe ma le, eye ame ʋɛ aɖewo koe ate ŋu aɖo afi ma.

Nyemenya nu si tututu Kojo awɔ o. Ewɔ nam abe Kojo de dzesii be karatdada, si nye asiwo kple afɔwo zazã atsɔ awɔ nu vevi amewo la, mate ŋu awɔ ɖeka kple dɔmetɔtrɔ, lɔlɔ̃, kple ɖetsɔleme si Kristotɔ vavã siwo lɔ̃a wo nɔewo ɖena fiana la o ene. Ke hã, menyae be Biblia me nyateƒea na ame aɖewo siwo ƒe dzi sesẽ wu etɔ la ƒe dzi bɔbɔ. Ne dzi nyui le Kojo si la, vivivi la, ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya la ŋu la ate ŋu ana eya hã ƒe dzi nabɔbɔ. Ele be magbɔ dzi ɖi.

Le ŋdɔkutsu aɖe si me ŋdɔa nu sẽ ŋutɔ me, esi wòsusɔ vie míawu míaƒe nusɔsrɔ̃a nu la, míexlẽ mawunyakpukpui aɖe si na Kojo ɖi vo abe futɔ aɖee tu afɔkpoe sesĩe ene. Mawunyakpukpuia xlẽ be: ‘Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.’ (Psalmo 11:5) Egbugbɔ gblɔ na eɖokui kple gbe ɖɔɖɔe be ‘ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.’ Kojo si ƒe ŋkuwo biã, ame si ɖoa mo vevi, eye nublanuikpɔkpɔ aɖeke medzena le mo nɛ tsã o la, ƒe dzi te bɔbɔ. Ekpɔ ŋkunyeme, eye wòko alɔgbɔnu vie hegblɔ be: “Metso nya me.”

Fifia mía kple Kojo míele dɔ si doa dzidzɔ na mí la wɔm—míetsɔ mía ɖokuiwo na hele nu fiam amewo, eye míesrɔ̃a Biblia kple ame siwo lɔ̃ faa be yewoaɖo to la femaxee. Le ŋdi aɖe me la, míeɖo game na ɖekakpui aɖe si woyɔna be Luke be míava srãe kpɔ.

Esi míeɖo ta egbɔ la, míeto mɔ xaxɛ aɖe si to asi aɖe me si dzi amewo sɔ gbɔ ɖo. Nudzrala gbogbo aɖewo ɖo asi ɖe mɔa to keŋ. Woɖo atadi ɖiɖi kple atadi gbogbowo, wodo timati ɖiɖiwo ɖe kusiwo me, eye woɖo fetriwo ɖe kplɔ̃wo dzi. Ame bubuwo nɔ radiowo, xexiwo, adzalẽwo, ɖawɔwɔewo, nuɖagbawo, kple afɔkpa kpakple awuwo dzram. Ðetugbuiwo dro gagba gã siwo me nuɖuɖu dzodzoe siwo nɔ ʋeʋẽm lilili nɔ la ɖe ta atsyãtɔe nɔ tsatsam. Wotoa amewo dome aɖaŋutɔe, eye wotsɔa detsi kple tadi vivi siwo wotsɔ lã yiyiwo, agalã, kple abɔbɔ ɖa la nɔ nuƒlela siwo dɔ nɔ wuwum ƒe ŋɔti nu tom. Avuwo, gbɔ̃wo, kple koklowo nɔ amewo ƒe afɔ te tom. Radiowo nɔ ɖiɖim, ʋuwo nɔ kpẽ kum, eye amewo nɔ ɣli dom.

Míedo le asi si me hoowɔwɔ nɔ la me. Míeto mɔ aɖe si dzi ʋuʋudedi nɔ heva ɖo aƒe doxoxo aɖe, si dzi nuŋɔŋlɔ si menɔ dzedzem nyuie o si nye “Long Journey Spot” nɔ la, gbɔ. Luke, si nye ɖekakpui tsralɛ aɖe si nɔ eƒe ƒe 20-awo ƒe gɔmedzedze me la tsi tsitre ɖe ʋɔtru nu, exɔ mí, eye wògblɔ na mí be míava nɔ fafɛƒe. Eƒe xɔa me yɔ fũu kple kotokuwo kple aɖaka siwo me dɔyɔgbe ƒuƒuwo kple atiwo ƒe kewo, gbe siwo wotsɔ ka bla, kple atikpa titri siwo wotso wuwlui nɔ—Luke nɔgã si nye gbetikeɖala tɔe nu siawo katã nye. Ale si wotsakaa gbetike vovovowoe la ƒe nuteƒekpɔkpɔ su esi tso tɔgbuiawo gbɔ. Etoa ɖewo heɖaa ɖewo etɔxɛe, eye woka ɖe edzi be woate ŋu ada dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi. Luke nɔ mɔ kpɔm na mí. Ekplɔ teƒea eye wòɖo atizikpui etɔ̃ ɖi na mí. Míenɔ anyi ɖe mía nɔewo xa tututu eye míedze míaƒe Biblia nusɔsrɔ̃a gɔme.

Kojo ye srɔ̃a Biblia kple Luke. Menɔ anyi nɔ to ɖom esime ɖekakpui eveawo nɔ ŋuɖoɖo si Biblia na ku ɖe nu si tae fukpekpe le anyigba dzi alea gbegbe ɖo la me dzrom. Menɔ ŋku lém ɖe ale si Kojo tsɔ eƒe asi sesẽ mawo nɔ Biblia gbalẽ falɛfalɛawo kem ɖɔɖɔɖɔ la ŋu esi wònɔ kpekpem ɖe Luke ŋu be wòake ɖe mawunyakpukpui aɖe ŋu. Enumake meɖo ŋku edzi be eteƒe medidi boo o la, ezãa asi sesẽ mawo tsɔ daa kɔe. Mawu ƒe Nya la ƒe ŋusẽ ɖea nɔnɔme manyomanyo siwo ƒo ke ɖe to ɖe amewo me siwo bɔ ɖe xexe mawɔsedzi sia me la ɖa, eye wòtrɔa wo wova zua ame siwo ɖea nɔnɔme nyui siwo nye dɔmetɔtrɔ kple lɔlɔ̃ fiana. Esia nye taɖodzinu gã aɖe gbɔ ɖoɖo vavã!

Esime míetrɔ gbɔna aƒe me la, míete ɖe ŋutsu aɖe si nɔ anyi ɖe mangoti aɖe te la ŋu. Eɖo to esime Kojo ke Biblia hexlẽ mawunyakpukpui aɖe nɛ. Esi ŋutsua de dzesii be Yehowa Ðasefowoe míenye la, etso kpla. Edo ɣli dzikutɔe be, “Miaƒe nu medzɔa dzi nam o!” Kojo ƒe dzi ho sẽ. Gake mekpɔe be eƒe dzi gadze eme, eye wòdzo le amea gbɔ kpoo. Míegadze mɔ.

Esi míenɔ mɔa dzi la, Kojo do dalĩ nam be: “Esi ŋutsua gblɔ nya ma la, nye dzi nɔ tsotsom kpokpokpo. Ènya nu si mate ŋu atu kple ŋutsu ma hafia?” Meko alɔgbɔnu vie hegblɔ be: “Ɛ̃, menya.” Eya hã ko nu vie eye míeyi azɔlia dzi.