Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔ Gbãtɔwo Le Helagbe- Dolawo Dome

Kristotɔ Gbãtɔwo Le Helagbe- Dolawo Dome

Kristotɔ Gbãtɔwo Le Helagbe- Dolawo Dome

HELAGBE ye wodo le du siwo me Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ɖe gbeƒã le la ƒe akpa gãtɔ me. Ŋɔŋlɔ siwo wozã tsɔ ɖe gbeƒã tso Yesu ŋu la nɔ Helagbe me. Esime Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ agbalẽ siwo wova yɔ emegbe be Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo la, Helagbe mee wo dometɔ akpa gãtɔ ŋlɔ woƒe agbalẽawo ɖo, eye wozã nyagbɔgblɔ kple kpɔɖeŋu siwo gɔme ame siwo le nuto siwo dzi Helatɔwo ƒe dekɔnuwo kpɔ ŋusẽ ɖo me la ate ŋu ase bɔbɔe. Ke hã, Yesu ŋutɔ loo alo eƒe apostoloawo loo alo Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋlɔlawo dometɔ aɖeke menye Helatɔ o. Le nyateƒe me la, Yudatɔwoe wo katã wonye.—Romatɔwo 3:1, 2.

Aleke wòdzɔe be Helagbe va wɔ akpa vevi ma le Kristotɔnyenye ƒe kaka me? Aleke Biblia gbalẽwo ŋlɔlawo kple dutanyanyuigblɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me gblɔ woƒe gbedeasia si wɔe be woƒe nyasela siwo nye Helagbedolawo lɔ̃ ɖo to wo? Eye nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le blema ŋutinya siawo me vevie?

Ale Si Helatɔwo Ƒe Dekɔnuwo Wɔ Kaka

Le ƒe alafa enelia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me la, Aleksanda Gãtɔ mu Persia Fiaɖuƒea ƒu anyi, eye wòɖoe be yeaɖu dukɔ bubu geɖewo dzi le xexea me. Esi fia sia di be yeana dukɔ gbogbo siwo xɔm yenɔ la nawɔ ɖeka ta la, eya ŋutɔ kple fia siwo va ɖe eyome la de “Hela Kɔnyinyi,” si fia be woana amewo nasrɔ̃ Helagbe kple ale si Helatɔwo nɔa agbee la, ƒe dzi ƒo.

Esi Roma ɖu Hela dzi, eye wòxɔ dunyaheŋusẽ ɖe sia ɖe le esi gɔ̃ hã la, Helatɔwo ƒe dekɔnuwo gakpɔtɔ nɔ ŋusẽ gã aɖe kpɔm ɖe dukɔ siwo ƒo xlã wo la dzi. Le ƒe alafa evelia kple gbãtɔ Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me la, Roma ame ŋkutawo kpɔa dzidzɔ ɖe Helatɔwo ƒe nu sia nu ŋu: woƒe nutatawo, xɔtuɖaŋuwo, agbalẽwo, kple woƒe xexemenunya. Esia ʋã hakpanyaŋlɔla Horace wògblɔ be: “Hela si woɖe aboyo la hã ɖe aboyo edziɖula ŋutasẽlawo.”

Le Romatɔwo ƒe dziɖuɣi la, Helatɔwo ƒe dekɔnuwo va xɔ aƒe ɖe du veviwo me le Asia Sue, Siria, kple Egipte. Helatɔwo ƒe dekɔnuwo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi, ekpɔ ŋusẽ ɖe dziɖuɖu ƒe nuɖoanyiwo, sewo, asitsatsa, dɔwɔƒe gãwo, kple amewo ƒe atsyɔ̃ɖoɖo gɔ̃ hã dzi. Kamedeƒe, afi siwo ɖekakpuiwo dea kame le kple fefewɔƒe, siwo wowɔa Helatɔwo ƒe fefewo le amewo kpɔna la, nɔ Hela dugã akpa gãtɔ me.

Ŋutinyaŋlɔla Emil Schürer gblɔ be: “Vivivi la, Helatɔwo ƒe dekɔnuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi sia va te Yudatɔwo hã dzi ɖuɖu, eye womete ŋu ƒo asa nɛ o togbɔ be wodze agbagba hã.” Le gɔmedzedzea me la, ale si Yudatɔwo doa vevie woƒe mawusubɔsubɔ na be wote ŋu tsi tsitre ɖe Helatɔwo ƒe trɔ̃subɔsubɔnuwɔnawo ŋu, gake nuwɔna siawo va kpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa gãtɔ dzi mlɔeba. Schürer ɖe nu si tae wòte ŋu dzɔ alea la me be: “Du siwo dzi Helatɔwo ƒe dekɔnuwo kpɔ ŋusẽ ɖo la ƒo xlã Yudanyigba sue la keŋkeŋ kloe, eye esi wòle kokoko be woatsa asi kpli wo ta la, eƒoe ɖe wo nu be woava nɔ nu wɔm kpli wo edziedzi.”

Akpa Si Septuagint La Wɔ

Esi Yudatɔ geɖewo ʋu yi ɖatsi Mediterranea nuto bliboa me la, wova nɔ dugã siwo me Helatɔwo ƒe dekɔnuwo xɔ aƒe ɖo, teƒe siwo wodoa Helagbe le, la me. Yudatɔ mawo yi edzi lé woƒe Yudasubɔsubɔ me ɖe asi, eye wozɔa mɔ yia Yerusalem hena azã siwo Yudatɔwo ɖuna ƒe sia ƒe la ɖuɖu. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wo dometɔ geɖe ŋlɔ Hebrigbea be. * Esia na wòva hiã be woaɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe Helagbe si ame akpa gãtɔ dona ɣemaɣi la me. Yudatɔ agbalẽnyala siwo anya nɔ Egipte ƒe dugã Aleksandria, afi si Helatɔwo ƒe dekɔnuwo xɔ aƒe ɖo me la, dze Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖeɖe ƒe dɔ sia gɔme le ƒe 280 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me. Woyɔ gɔmeɖeɖe sia be Septuagint.

Wogblɔ be Septuagint la wɔ akpa vevi aɖe ŋutɔ ɣemaɣi. Eyae nye agbalẽ vevitɔ si ʋu nu xɔasi siwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la ƒe ʋɔtru na Ɣedzeƒetɔwo. Gɔmeɖeɖe sia manɔmee la, anye ne womanya naneke tso ale si Mawu wɔ nu kple Israel viwo la ŋu o, elabena ŋutinya mawo akpɔtɔ anɔ gbe aɖe si ame akpa gãtɔ megase ɣemaɣi o la me, eye womate ŋu azã wo atsɔ aɖe gbeƒã le xexea me godoo o. Septuagint la kpe ɖe wo ŋu, ena wokpɔ nufiafia, kple gbegbɔgblɔ si ʋu mɔnukpɔkpɔa ɖi be wona Yehowa Mawu ŋuti sidzedze su dukɔ vovovowo me tɔwo si. Ale si Helagbe va de du ta la, eva zu gbe aɖe si sɔ nyuie hena Mawu ŋuti nyateƒea fiafia amewo le xexea me wu gbe bubu ɖe sia ɖe ɣemaɣi.

Ame Siwo Trɔ Dzi Me Zu Yudatɔwo Kpakple Mawuvɔ̃lawo

Le ƒe alafa evelia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me la, Yudatɔwo ɖe woƒe agbalẽwo dometɔ geɖe gɔme ɖe Helagbe me, eye wonɔ bubuwo ŋlɔm ɖe gbe ma me. Esia wɔ akpa vevi aɖe le Israel viwo ƒe ŋutinya kple woƒe subɔsubɔ ŋuti sidzedze tsɔtsɔ yi na Dukɔwo me tɔwo me. Ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ be, le ɣeyiɣi mawo me la, Dukɔwo me tɔ geɖe “va nɔ ha dem kple Yudatɔwo kplikplikpli, nɔ gome kpɔm le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me, eye wonɔ wɔwɔm ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple ɖoɖowo dzi. Ɣeaɖewoɣi la wowɔna ɖe wo dzi bliboe, gake ɣeaɖewoɣi la, wowɔna ɖe wo dzi afã kple afã.”—The History of the Jewish People in the Age of Jesus Christ.

Ame siwo menye Yudatɔwo o dometɔ aɖewo wɔ ŋgɔyiyi va zu Yudasubɔsubɔ me tɔwo, wolɔ̃ tso aʋa, eye wotrɔ dzi me zu Yudatɔwo. Ame bubuwo ya wɔa Yudasubɔsubɔ ƒe kɔnu aɖewo, gake wometrɔ dzi me zu Yudasubɔsubɔ me tɔwo o. Zi geɖe la, woyɔa ame siawo le Helatɔwo ƒe agbalẽwo me be “Mawuvɔ̃lawo.” Woyɔ Kornelio be “ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la.” Apostolo Paulo do go Mawuvɔ̃la geɖe siwo dea ha kple Yudatɔwo la le Asia Sue kple Hela du blibo la me. Le kpɔɖeŋu me, le Antioxia si nɔ Pisidia la, Paulo yɔ ame siwo ƒo ƒu ɖe ƒuƒoƒe la be “Ŋutsuwo, Israel viwo, kple mi ame bubu siwo vɔ̃a Mawu.”—Dɔwɔwɔwo 10:2; 13:16, 26; 17:4; 18:4.

Eya ta esime Yesu ƒe nusrɔ̃lawo te gbeƒãɖeɖe nya nyuia na Yudatɔ siwo nɔ duta la, wo dometɔ siwo se nya la nye ame siwo dzi Helatɔwo ƒe dekɔnuwo kpɔ ŋusẽ ɖo koŋ. Nya nyuia tsɔtsɔ yi nuto mawo me na Kristotɔnyenye keke ta. Esi wòva dze ƒãa be Mawu le xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ la dom ɖe Dukɔwo me tɔwo gɔ̃ hã gbɔ la, nusrɔ̃lawo kpɔe dze sii be le Mawu gbɔ la “Yudatɔ alo Helatɔ meli o.”—Galatiatɔwo 3:28.

Gbeƒãɖeɖe Na Helagbedolawo

Le ale si Dukɔwo me tɔwo ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔnuwɔnawo nɔ ta la, esesẽ na Kristotɔ Yudatɔ gbãtɔ aɖewo le gɔmedzedzea me be woalɔ̃ axɔ wo dometɔ siwo trɔ dzi me la ɖe Kristo hamea me. Eya ta esi wòva dze ƒãa be Mawu lɔ̃ faa be yeaxɔ Dukɔwo me tɔwo la, apostoloawo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem la gblɔe eme kɔ ƒãa be ehiã be Dukɔwo me tɔ siwo trɔ zu Kristotɔwo la natsri ʋu, agbe gbegblẽ nɔnɔ, kple trɔ̃subɔsubɔ. (Dɔwɔwɔwo 15:29) Nudidi siawo dzi wɔwɔ nɔ vevie le ame siwo nɔa agbe ɖe Helatɔwo ƒe dzidzenuwo nu tsã la gome, elabena “gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro siwo nye ŋukpenanuwo” kple ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ bɔ ɖe Helatɔwo kple Romatɔwo dome fũu. Mele be Kristotɔ vavãwo nakpɔ gome le nu siawo me kura o.—Romatɔwo 1:26, 27; 1 Korintotɔwo 6:9, 10.

Kristotɔ dutanyanyuigblɔla siwo ɖe gbeƒã le Helagbedolawo dome le ƒe alafa gbãtɔ me la dometɔ si ɖe dzesi wue nye apostolo Paulo. Wotsɔ gadzẽ wɔ ŋkuɖodzikpe aɖe si dzi woŋlɔ nu ɖo tsɔ ɖoa ŋku Paulo ƒe nuƒo xɔŋkɔ si wòƒo le Areopago le du ma me la dzi. Va se ɖe egbea la, ame siwo ɖia tsa yia Atene si le Hela la ate ŋu akpɔ ŋkuɖodzikpe ma le togbɛ si dzi Areopago la nɔ la ƒe afɔ nu. Woŋlɔ ŋutinya sia ɖe Biblia gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo ƒe ta 17 lia me. Nya si wògblɔ tsɔ dze eƒe nuƒoa gɔme be “Atenetɔwo” la nye ale si Hela dutoƒonuƒoƒolawo dzea nuƒo gɔmee. Kakaɖedzitɔe la, esia anya na eƒe nyasela, siwo dometɔ aɖewo nye Epikuro kple Stoa xexemenunyalawo la, ɖe dzi ɖi. Paulo mebi dzi alo he nya ɖe eƒe nyaselawo ƒe dzixɔsewo ŋu o, ke boŋ edze agbagba be yeana ƒomedodo nyui nanɔ ye kpli wo dome to ale si wòlɔ̃ ɖe edzi be edze abe wodoa vevie mawusubɔsubɔ ŋutɔ ene dzi. Be eƒe nyaselawo natsɔ ɖe le nya si wòdi be yeagblɔ na wo me la, ehe woƒe susu yi vɔsamlekpui si woɖi na “Mawu Si Womenya O” la dzi, eye wògblɔ be Mawu ma ŋue yedi be yeaƒo nu tsoe na wo.—Dɔwɔwɔwo 17:16-23.

Paulo zã nya siwo dzi eƒe nyaselawo ate ŋu alɔ̃ ɖo tsɔ na eƒe nyawo ɖo woƒe dzi gbɔ. Stoatɔwo ate ŋu alɔ̃ ɖe edzi nɛ be Mawue nye Agbedzɔtsoƒe, be amewo katã tso ƒome ɖeka me, be Mawu mele adzɔge tso mía gbɔ o, eye be Mawue léa amegbetɔwo ƒe agbe ɖe te. Paulo yɔ nya tso Stoatɔwo ƒe hakpanyaŋlɔla Aratus (Phaenomena) kple Cleanthes (Hymn to Zeus) ƒe agbalẽwo me tsɔ ɖo kpe eƒe nya mamlɛtɔa dzi. Epikurotɔwo hã akpɔe be yewoƒe susu wɔ ɖeka kple Paulo tɔ le nya geɖe me. Le kpɔɖeŋu me woxɔe se be Mawu li eye woate ŋu adze sii. Nu sia nu le Esi, mehiã naneke tso amegbetɔwo gbɔ o, eye menɔa gbedoxɔ si wotsɔ asi wɔ la me o.

Nya siwo Paulo zã le eƒe nuƒoa me nye nya siwo eƒe nyaselawo nya nyuie. Le agbalẽ aɖe ƒe nya nu la, nya siwo nye “xexea (kosmos),” ‘viwo,’ kple “mawunyenye” katã nye nya nyanyɛ siwo Hela xexemenunyalawo zãna zi geɖe. (Dɔwɔwɔwo 17:24-29) Esia mefia be ɖe Paulo nɔ didim be yeatɔ tsi nyateƒea ale be woalɔ̃ ɖe yeƒe nyawo dzi o. Ðe ema teƒe la, nya siwo wògblɔ le eƒe nuƒoa ƒe nuwuwu ku ɖe tsitretsitsi kple ʋɔnudɔdrɔ̃a ŋu la mewɔ ɖeka kple woƒe dzixɔsewo o. Togbɔ be enɔ alea hã la, etrɔ asi le nya siwo wògblɔ kple ale si wògblɔ woe la ŋu aɖaŋutɔe be egɔme nanya se na eƒe nyasela siwo xexemenunya xɔ susu me na la.

Paulo ŋlɔ eƒe lɛtawo dometɔ akpa gãtɔ na hame siwo nɔ Hela duwo alo Roma du siwo dzi Helatɔwo ƒe dekɔnuwo kpɔ ŋusẽ ɖo bliboe la me. Eŋlɔ eƒe lɛtawo ɖe Helagbe adodoe wɔdɔɖeamedzi aɖe me, eye wòwɔ nyagbɔgblɔ kple kpɔɖeŋu siwo bɔ ɖe Helagbedolawo dome la ŋu dɔ nyuie. Paulo ƒo nu tso kamedefefewo, dziɖuɖufetuxɔxɔ, mɔfiala si kplɔa ɖevi yia suku, kple nya bubu geɖe siwo naa amewo ƒe susu yia ale si Helatɔwo nɔa agbee dzi la ŋu. (1 Korintotɔwo 9:24-27; Galatiatɔwo 3:24, 25) Togbɔ be Paulo wɔ Helatɔwo ƒe nyagbɔgblɔ aɖewo ŋu dɔ le eƒe nuƒowo me hã la, etsi tsitre ɖe Helatɔwo ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔnufiafia gbegblẽwo ŋu vevie.

Ezu Nuwo Katã Na Ame Ƒomeviwo Katã

Apostolo Paulo kpɔe dze sii be, hafi yeate ŋu agblɔ nya nyuia na amewo la, enɔ na ye be “[yeazu] nuwo katã na ame ƒomeviwo katã.” Eŋlɔ bena, “mezu abe Yudatɔ ene na Yudatɔwo, bene asinye nasu Yudatɔwo dzi,” eye wòzu abe Helatɔ ene hã na Helatɔwo ale be wòakpe ɖe wo ŋu woase Mawu ƒe tameɖoɖowo gɔme. Paulo su te nyuie na esia wɔwɔ, elabena etso Yuda du si dzi Helatɔwo ƒe dekɔnuwo kpɔ ŋusẽ ɖo la me. Ele be Kristotɔ siwo katã li egbea hã nawɔ nu nenema ke.—1 Korintotɔwo 9:20-23.

Egbea la, ame miliɔn geɖe ʋuna tso wo de yi ɖatsia du bubu siwo ƒe dekɔnuwo to vovo la me. Esia nyea kuxi sesẽ na Kristotɔ siwo dzea agbagba be yewoaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ahawɔ ɖe Yesu ƒe sedede si nye be, woawɔ “dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo” la dzi. (Mateo 24:14; 28:19) Wodea dzesii enuenu be ne amewo se nya nyuia le wo degbe me la, edea woƒe dzi gbɔ eye wonɔa agbe ɖe enu.

Le susu ma ta la, wotaa magazine sia si nye Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe la ɖe gbegbɔgblɔ 169 me ɣleti sia ɣleti, eye wotana eƒe kpeɖeŋutɔ si nye, Nyɔ!, ɖe gbegbɔgblɔ 81 me. Gakpe ɖe eŋu la, be Yehowa Ðasefowo nate ŋu agblɔ nya nyuia na ame siwo ʋu va woƒe nutoa me la, wo dometɔ geɖe dzea agbagba be yewoasrɔ̃ gbe bubuwo—gbe siwo sɔsrɔ̃ sesẽ abe Arabgbe, Chinagbe, kple Russiagbe ene gɔ̃ hã le eme. Taɖodzinu si nɔ ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo si la kee le woawo hã si egbea. Apostolo Paulo gblɔe wòsɔ nyuie be: “Mezu nuwo katã na ame ƒomeviwo katã, bene maɖe wo dometɔ aɖewo godoo.”—1 Korintotɔwo 9:22.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Yudatɔ siwo nɔ Yerusalem la dometɔ geɖe doa Helagbe. Le kpɔɖeŋu me, “ƒuƒoƒe si woyɔna be Ablɔɖexɔlawo Ƒe Ƒuƒoƒe la me tɔwo, Kirenetɔwo, Aleksandriatɔwo, kple ame siwo tso Kilikia kple Asia,” nɔ Yerusalem, eye anɔ eme be Helagbee ame siawo dona.—Dɔwɔwɔwo 6:1, 9.

[Anyigbatata si le axa 18]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Rome

HELA

Atene

ASIA

Antioxia (si le Pisidia)

KILIKIA

SIRIA

YUDEA

Yerusalem

EGIPTE

Aleksandria

Kirene

MEDITERRANEA ƑU

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

“Septuagint” la wɔe be wote ŋu na Yehowa ŋuti sidzedze su amewo si le ƒe alafa gbãtɔ me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Israel Antiquities Authority

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ŋkuɖodzikpe si le Areopago si wotsɔ ɖoa ŋku Paulo ƒe nuƒoa dzi