Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Tae David Mevɔ̃na O

Nu Si Tae David Mevɔ̃na O

Fia Nu Viwòwo

Nu Si Tae David Mevɔ̃na O

VƆVƆ̃ ɖo wò kpɔa?— * Vɔvɔ̃ ɖoa mía dometɔ geɖe ɣeaɖewoɣi. Ne vɔvɔ̃ ɖo wò la, nu kae nàte ŋu awɔ?— Àte ŋu ayi ɖe ame aɖe si tsi wu wò hesesẽ wu wò la gbɔ. Ðewohĩ fofowò alo dawò ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso David gbɔ le ame si gbɔ wòle be míadi kpekpeɖeŋu tsoe la ŋu. Edzi ha na Mawu be: “Meɖoa ŋu ɖe ŋuwò. . . . Mawu ŋu maɖo ŋu ɖo, nyemavɔ̃ o.”—Psalmo 56:4, 5.

Ame ka gbɔe nèsusu be David srɔ̃e le be mele be yeanɔ vɔvɔ̃m o? Edzilawo gbɔ yea?— Ðikeke mele eme o be esrɔ̃e tso wo gbɔ. Fofoa Isai nye Yesu Kristo, ame si Mawu do ŋugbe be anye “Ŋutifafafia” la, tɔgbui wɔnuteƒe. (Yesaya 9:5; 11:1-3, 10) Isai fofo ye nye Obed, ame si nye David tɔgbui. Wotsɔ Obed dada ƒe ŋkɔ na Biblia gbalẽawo dometɔ ɖeka. Eŋkɔ ɖe?— Eyae nye Rut, nyɔnu wɔnuteƒe aɖe si srɔ̃e nye Boaz.—Rut 4:21, 22.

Rut kple Boaz siaa ku xoxoxo hafi wova dzi David. Ðewohĩ ènya Boaz dada, si nye David ƒe mamamama ƒe ŋkɔ. Enɔ Yerixo eye wòkpɔ Israel ŋkutsala aɖewo ta be womewu wo o. Esime womu Yerixo ƒe gliwo ƒu anyi la, wokpɔ woa kple eƒe ƒometɔwo ta le esi wòtsɔ ka dzĩ aɖe ku ɖe eƒe fesre nu ta. Eŋkɔ ɖe?— Eŋkɔe nye Raxab, ame si va zu Yehowa subɔla, eye wònye dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu si Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃.—Yosua 2:1-21; 6:22-25; Hebritɔwo 11:30, 31.

Míate ŋu aka ɖe edzi be David fofo kple dadaa siaa fia nui tso Yehowa subɔla wɔnuteƒe mawo katã ŋu, elabena wode se na dzilawo be woafia nu mawo tɔgbi wo viwo. (5 Mose 6:4-9) Ɣeaɖeɣi la, Mawu dɔ nyagblɔɖila Samuel be wòayi aɖatia David, si nye Isai ƒe viŋutsu ɖevitɔ la, be wòava zu fia ɖe Israel dzi.—1 Samuel 16:4-13.

Gbe ɖeka la, Isai dɔ David be wòatsɔ nuɖuɖu ayi na foa etɔ̃ siwo nɔ aʋa wɔm kple Filistitɔ siwo nye Mawu ƒe futɔwo la. Esime David va ɖo la, eƒu du yi ɖe aʋakpeƒea, eye wòse Goliat wònɔ fewu ɖum le “Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo” ŋu. Esi Goliat tɔ gbe Israel viwo be woava wɔ aʋa kple ye la, wo dometɔ aɖeke meke atse yi o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m. Esi Fia Saul see be David di be yeayi la, eyɔe va eɖokui gbɔ. Gake esi Saul kpɔ David la, egblɔ nɛ be: “Ðevi nènye.”

David gblɔ na Saul be yewu dzata aɖe kple sisiblisi aɖe siwo di be yewoalé yewoƒe ƒomea ƒe alẽwo kpɔ. David gblɔ be ava eme na Goliat abe lã siawo “dometɔ ɖeka ene.” Saul ɖo eŋu nɛ be: “Heyi, Yehowa nanɔ kpli wò!” David di kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃, tsɔ wo de eƒe akplo me, eye wòtsɔ eƒe akafo heyi aʋa wɔ ge kple ŋutsu dzɔtsu la. Esi Goliat kpɔ be ŋutsuvi dzaa mae gbɔna la, edo ɣli be: “Va gbɔnye, ne matsɔ wò lã na dziƒoxewo!” David ɖo eŋu be, “megbɔna gbɔwò le Yehowa . . . ƒe ŋkɔ me.” Eye David do ɣli gblɔ kpee be, “mawu wò.”

Enumake David lũ ɖe Goliat dzi, eɖe kpe ɖeka le eƒe akploa me tsɔ de akafoa me, eye wòdae wòyi ɖaŋɔ Goliat ƒe ŋgonu. Esi Filistitɔwo kpɔ be Goliat ŋutsu dzɔtsu la ku la, vɔvɔ̃ ɖo wo, tete wosi. Israel viwo ti wo yome, eye woɖu aʋa la dzi. Taflatsɛ mia kple wò ƒomea mixlẽ ŋutinya bliboa le 1 Samuel 17:12-54 ɖekae.

Abe sɔhɛ ene la, ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be nànɔ vɔvɔ̃m na Mawu ƒe sededewo dzi wɔwɔ. Ðekakpui dzaa aɖe koe Yeremiya nye esime Mawu dɔe, eye le gɔmedzedzea me la, enɔ vɔvɔ̃m. Gake Mawu gblɔ nɛ be: “Megavɔ̃ wo o, elabena meli kpli wò.” Esia na dzi ɖo Yeremiya ƒo, eye wòyi ɖagblɔ Mawu ƒe gbedeasia abe ale si Mawu bia tso esi ene. Abe David kple Yeremiya ene la, ne èɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la, wò hã àte ŋu asrɔ̃ ale si nàwɔ be mànɔ vɔvɔ̃m o.—Yeremiya 1:6-8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi aɖe la, fli kpui siawo tɔgbi aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie ahaɖe mɔ na ɖevia be wòagblɔ eƒe susu.

Nyabiasewo:

○ Esime Goliat tɔ gbe Mawu ƒe aʋakɔa la, nu kae David wɔ?

○ Aleke David wɔ ɖu Goliat dzi?

○ Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaganɔ vɔvɔ̃m o?