Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vodadawo Didi Na Meva Ke Ðe Nyateƒea Ŋu

Vodadawo Didi Na Meva Ke Ðe Nyateƒea Ŋu

Vodadawo Didi Na Meva Ke Ðe Nyateƒea Ŋu

Abe ale si R. Stuart Marshall gblɔe ene

Nunɔla Yesutɔ la (Jesuit) gblɔ be: “Míeƒoa nu na Yehowa Ðasefowo o. Elabena wozãa Biblia.” Eƒe nyaŋuɖoɖoa wɔ nuku nam ŋutɔ, elabena ɖeko mebia tso esi be wòakpe ɖe srɔ̃nye ŋu wòakpɔ vodada siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiawo me la adze sii teti koe nye ema. Meɖoe be ele be mana Ðasefowo nasrɔ̃ nu kple nye ŋutɔ bene mate ŋu aɖe vodadawo afia srɔ̃nyea.

ƔEMAƔIE mete vodadawo didi le Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiawo ŋu esime mexɔ ƒe 43, eye mezã nye nuŋububu kple mawu ŋuti nunya si mesrɔ̃ le suku la le esia wɔwɔ me. Katoliko sukuwoe mede tso gɔmedzesuku dzi va se ɖe yunivɛsiti. Togbɔ be mexɔ yunivɛsitiɖaseɖigbalẽ gbãtɔ le gaŋutinunya me le ƒe 1969 me, eye mesrɔ̃ xexemenunya kple mawuŋutinunya hã la, womefia Biblia mí le Katoliko suku siawo dometɔ aɖeke me o.

Esi mexɔ yunivɛsitiɖaseɖigbalẽ gbãtɔ vɔ la, meɖe Patricia McGinn, si hã nye Katolikotɔ. Mí ame evea siaa míeyi sukudede dzi, eye míexɔ yunivɛsitiɖaseɖigbalẽ kɔkɔtɔ le Stanford Yunivɛsiti. Míedzi mía viŋutsu, Stuart, le ƒe 1977 me, eye mlɔeba míeʋu yi ɖatsi Sacramento, California, United States. Le ƒe 23 siwo kplɔe ɖo me la, mewɔ dɔ na California dziɖuɖua le Sewɔlawo Ƒe Numekudɔwɔƒe (LAO) la, eye míekua nu me tso ŋusẽ si ga si dziɖuɖua kana ɖe sukudede ŋu la akpɔ ɖe dua ƒe ganyawo dzi la ŋu. Mewɔa dɔ moveviɖoɖotɔe, eye menɔ dzidzɔ kpɔm le agbe me. Enɔ dzi dzɔm nam be menye vifofo, eye viŋutsu nɔ mía si wònɔ tsitsim. Srɔ̃nye lɔlɔ̃a nye kpeɖeŋutɔ wɔnuteƒe aɖe nam, eye nye hã mekpena ɖe eŋu nenema ke.

Nyaŋuɖoɖo Aɖe Si Ƒe Home Nye Cent 25

Esi mía via xɔ ƒe eve la, srɔ̃nye Patricia xɔ Biblia ɖeka le Yehowa Ðasefowo gbɔ, eye wote esɔsrɔ̃ kplii. Exɔ nyɔnyrɔ le ƒe etɔ̃ megbe. Mesena le ɖokuinye me ɣemaɣi be Yehowa Ðasefowo mebua nu ŋu yia ŋgɔ le azãɖuɖu kple ʋudodo gome o, gake mekpɔe be susu nɔa woƒe numeɖeɖe ku ɖe nya aɖewo ŋu me ŋutɔ. Nukutɔe la, meɖe nye seselelãme ma gblɔ le dutoƒo gbe ɖeka le ƒe 1987 me, esi wokpem be mava ɖe nu me le sewɔha ƒe kɔmiti si kpɔa sukudenyawo dzi la ŋkume ku ɖe aɖaŋu aɖe si meɖo na dua ƒe sewɔlawo la ŋu.

California Yunivɛsiti la nɔ ga dim bene yewoatsɔ aʋli ho kple United States ƒe du bubuwo bene yewoƒe asi nasu dɔ aɖe si axɔ dɔlar miliɔn akpe ade la dzi. Dɔ ma ku ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe numekumɔ gã nyadri aɖe wɔwɔ ŋu. Megblɔ be mehiã be woade ga dɔ ma me o, elabena maɖe vi boo aɖeke na California dua le etsɔme o. Yunivɛsiti la hã yɔ dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala eve siwo nye Nobel nunanaxɔlawo vae be woava ʋli yewoƒe ɖoɖoa ta le sewɔhaa ƒe kɔmiti la ŋkume. Wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒo nu tso sidzedze gbogbo si mɔ ma akpe ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ŋu woake ɖo la ŋu. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be ana woakpɔ nyabiase siwo ku ɖe afi si xexea dzɔ tso ŋu la ƒe ŋuɖoɖo. Eye evelia gblɔ be ana woanya ale si agbe wɔ dze egɔme le anyigba dzi.

Kɔmitia ƒe zimenɔla la trɔ ɖe ŋunye.

Ebiam be: “Èxɔe se be nenye be míakpɔ ŋuɖoɖo na nya siawo la, dɔlar miliɔn akpe ade sɔ gbɔ akpaa?”

Meɖo eŋu be: “Melɔ̃ ɖe edzi be nyabiase veviwoe nye esiawo. Ke hã, Yehowa Ðasefowo vaa nye aƒe me Memleɖa ŋdiwo, eye wonaa magazine aɖe si ƒe home nye cent 25 ko, si ate ŋu aɖo nyabiase mawo ke ŋu. Nyemeka ɖe edzi be ŋuɖoɖo si dɔlar miliɔn akpe ade ƒe mɔa ana la anyo wu esi cent 25 ƒe magazine la ana o.”

Ame siwo katã nɔ xɔa me, siwo dome Nobel nunanaxɔlaawo hã nɔ la, te nukoko hahaha. Togbɔ be sewɔha la ɖe mɔ be woade ga dɔa te hã la, ame aɖeke meƒo nu tsi tsitre ɖe nye nya la ŋu o.

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, meva kpɔe be ehiã be makpɔ nya aɖe si nɔ mo dom ɖa le nye ƒomea me la gbɔ. Esi mía kple Patricia míedzro nu me tso Biblia kple Yehowa Ðasefowo ŋu hena ƒe ade sɔŋ vɔ megbe la, dzi ɖe le ƒonye esi wògblɔ nam be yedi be yeazã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Esia abia be wòaɖe dɔ si wòwɔna le yunivɛsiti la dzi akpɔtɔ. Ale si ame si ƒe susu wɔa dɔ nyuie alea ɖo taɖodzinu ma tɔgbi na eɖokui la te ɖe dzinye ŋutɔ, eye edze abe naneke meli mate ŋu agblɔ alo awɔ si atrɔ eƒe susu o ene.

Medze agbagba be madi ame aɖe si nya Biblia nyuie wum, si mebu be ate ŋu aɖe vovototo si le Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiawo kple Biblia me nyawo dome afia bɔbɔe la, ƒe kpekpeɖeŋu. Ne ate ŋu ɖo kpe Ðasefowo ƒe nufiafia ɖeka pɛ ko dzi be menye nyateƒe o la, ekema nya aku ɖe susɔeawo katã hã ŋu. Nu sia koe mehiã atsɔ aɖu srɔ̃nye si ƒe susu ɖea abla la dzi. Meyi sɔleme si mía kple Patricia míedena tsã ƒe nunɔla si nye Yesutɔ la gbɔ. Nya si dze le nyati sia ƒe gɔmedzedzee míetsɔ ƒo míaƒe dzeɖoɖoa tae. Esi nunɔla la gbe be yemaƒo nu na srɔ̃nyea o la, mekpɔe be ekpo ɖe dzinye azɔ be nye ŋutɔ madi vodadawo atsɔ afia Patricia, togbɔ be axɔ ɣeyiɣi geɖe hã.

Vodadawo Didi

Esi Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kplim la, Biblia me nyagblɔɖiwo koŋue wɔ dɔ ɖe dzinye wu. Mexlẽ nu tso Babilon ƒe anyidzedze, si ŋu nya wogblɔ ɖi ƒe 200 do ŋgɔ na nudzɔdzɔa, ŋu le nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽa me. Woyɔ Kores ŋkɔ tẽe be eyae anye aʋadziɖula la, eye woƒo nu tso mɔnu si wòazã atsɔ aɖu Babilon dzi si nye ale si wòatrɔ mɔ na Frat Tɔsisi la ŋu. (Yesaya 44:27–45:4) Ƒe aɖewo do ŋgɔ la, mesrɔ̃ Babilon ƒe anyidzedze ƒe ŋutinya la le sukunusɔsrɔ̃ si ku ɖe aʋawɔɖaŋu ŋu me. Mesrɔ̃e hã be nyagblɔɖila Daniel gblɔ Hela fia sesẽ aɖe si ƒe fiaɖuƒe woava ma wòazu fiaɖuƒe ene siwo masesẽ ade etɔ nu o la ŋu nya ɖi ƒe 200 do ŋgɔ. (Daniel 8:21, 22) Meɖo ŋku edzi be mesrɔ̃ nyateƒenya siawo ku ɖe Aleksanda Gãtɔ ŋu le blema ŋutinyawo me le suku. Nye ŋutɔ mewɔ numekuku le numekugbalẽwo me hekpɔ kpeɖodziwo be woŋlɔ Biblia gbalẽ siawo hafi nu siwo wogblɔ ɖi ɖe wo me la va dzɔ.

Zi ale si mía kple Ðasefowo míenɔ nua srɔ̃m la, zi nenemae meva nɔ kakam ɖe edzi wu be Mawu ƒe Nya ye Biblia la nye, evɔa medzɔ alea le ƒe gbogbo siwo metsɔ srɔ̃ mawuŋutinunya le Katoliko sukuwo me la me o. Nu kae mawɔ kple sidzedze sia? Metso nya me be matsɔ nye agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa ahazu eƒe Ðasefo. (Yesaya 43:10) Mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1991 me, si nye ƒe eve ko le ɣeyiɣi si me mía kple nunɔla la míeɖo dze si dze le nyati sia ƒe gɔmedzedze la. Mía viŋutsua hã xɔ nyɔnyrɔ le ƒe si kplɔe ɖo me.

Esi míaƒe susu trɔ ɖe nu bubu ŋu azɔ ta la, míetrɔ míaƒe ƒomea ƒe taɖodzinuwo hã. Nu siwo mewɔ le nye nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe teti dometɔ ɖekae nye be mewɔ ɖoɖo be le ƒe atɔ̃ megbe la, srɔ̃nye naxɔ dzudzɔ le nufiafiadɔ si wòwɔna le yunivɛsiti la me, ne exɔ ƒe 50. Edi be yeazu gbesiagbe mɔɖela alo ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela, eye ɣemaɣi la, dɔ sia bia be woazã gaƒoƒo 1,000 le ƒea me, si anɔ abe gaƒoƒo 83 ene ɣleti sia ɣleti, atsɔ akpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ Biblia me nyateƒea. Kaka ƒe 1994 naɖo la, srɔ̃nye ɖe dɔ si wòwɔna la dzi kpɔtɔ si na be wòte ŋu zu gbesiagbe mɔɖela. Nye taɖodzinu gbãtɔawo dometɔ aɖewoe nye be mana nye subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi, mana kpekpeɖeŋu le afi siwo mate ŋui le le míaƒe hamea me, eye matsɔ ɖokuinye ana awɔ akɔntabubudɔ le Fiaɖuƒe Akpata tutudɔ siwo wɔm wole le nutoa me la me.

Ɣeaɖewoɣi la, mɔnukpɔkpɔ sua asinye medzroa Biblia me kple amewo le míaƒe dɔwɔƒe. Eva dzɔ be dziɖuɖua ƒe gaŋutinumekula yeye aɖe si woxɔ ɖe Sewɔlawo Ƒe Numekudɔwɔƒea nye Ðasefo aɖe si megatsɔa dzo ɖe eƒe mawusubɔsubɔ ŋu kura o. Ðikeke si ɖo eme ɖe Biblia ŋu la na be eƒe xɔse me gbɔdzɔ. Dzi dzɔm be mekpe ɖe eŋu wògate Mawu subɔsubɔ dzonɔamemetɔe ake. Etrɔ yi wo de eye wòte mɔɖeɖedɔa wɔwɔ.

Le ƒe 1995 me la, mede sewɔƒea ƒe kɔmiti si kpɔa sukudenyawo gbɔ la ƒe takpekpe tɔxɛ aɖe si wowɔ be woadzro nu me ku ɖe numekumɔ si dziɖuɖua gblɔ be woawɔ la ŋu. Kɔmitia ƒe zimenɔla bia tso dziɖuɖua teƒenɔla si be wòaɖe nu me ku ɖe ale si numekumɔ gã nyadri la ƒe nya la va yii la ŋu. Le nyaa ŋu ɖoɖo me la, dziɖuɖua teƒenɔlaa gblɔ be wotsɔ dɔa na Texas dua, gake womete ŋu wu enu o le susu etɔ̃ aɖewo ta. Gbã la, hafi woadze dɔa gɔme la, dɔlar miliɔn akpe ade si woka ɖe dɔa ŋu la va yi dzi ɖo dɔlar miliɔn akpe asieke. Evelia, dziɖuɖua va hiã ga atsɔ awɔ nu bubuwoe, vevietɔ hena Iraq ʋa la wɔwɔ le ƒe 1991 me. Etɔ̃lia, wokpɔe be woate ŋu akpɔ nyabiase siwo ku ɖe agbe ŋu la ƒe ŋuɖoɖowo le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ si axɔ cent 25 la me! Edze abe nya ma si megblɔ ɣemaɣi la yi ʋuu gatrɔ gbɔ ene.

Esi amewo katã ko nu la, kɔmiti la me tɔ aɖewo trɔ kpɔm. Megblɔ na vavalawo katã be: “Fifia miate ŋu akpɔ ŋuɖoɖowo na nyabiase mawo femaxee, ne mienya xlẽ agbalẽawo ko.”

Agbe Si Me Dzidzeme Blibo Le Nɔnɔ

Esi srɔ̃nye xɔ dzudzɔ le dɔ me ko la, míewɔ ɖoɖo be le ƒe atɔ̃ megbe la, nye hã maxɔ dzudzɔ le dɔ me. Menɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ dim le dɔwɔƒe bubuwo aɖaŋudzedzetɔe, elabena fifia medi be mazã ɣeyiɣi geɖe atsɔ afia Biblia me nyateƒea amewo. Nukutɔe la, Sewɔlawo Ƒe Numekudɔwɔƒea ɖe mɔ nam be manɔ dɔ wɔm ɣeyiɣi aɖewo ko. Esia wɔe be le ƒe 1998 me la, nye hã mezu gbesiagbe mɔɖela.

Ŋdi aɖe si mía kple srɔ̃nye míenɔ dzadzram ɖo be míayi gbeƒãɖeƒe la, míexɔ kaƒoƒo aɖe tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le United States, Brooklyn, New York. Le gbebiame aɖe si dɔwɔƒegã wɔ va yi ta la, kaƒolaa biam nenye be madi be mava wɔ dɔ aɖe le Brooklyn. Meɖo eŋu gbeteteɖedzitɔe be, ɛ̃. Aleae wòdzɔe be míeva wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã la ɣleti 18 sɔŋ. Esia na mexɔ dzudzɔ le dɔ me kaba le California bene mate ŋu awu nye dɔa nu le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã la. Le dɔ ma wɔwɔ vɔ megbe la, míetsɔ mía ɖokuiwo na be míakpe asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ tutudɔ si nɔ edzi yim le Fairfield, California la ŋu. Míedzra míaƒe aƒe si nɔ Sacramento la, eye míeʋu yi aƒe kpokploe aɖe me le Palo Alto dua me. Nye dzudzɔxɔxɔ le dɔ me kaba na mɔnukpɔkpɔ nyui bubuwo su asinye. Tso ɣemaɣi la, míewɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe siwo le Nigeria, South Africa, Canada, Britain, kple Germany.

Abe ale si wònɔ le Ðasefo siwo kpe ɖe mía ŋu gome ene la, dzi dzɔa mía kple srɔ̃nye hã be míele kpekpem ɖe amewo ŋu wole Biblia me nyateƒea srɔ̃m. Mesena le ɖokuinye me anukwaretɔe be hehe si mexɔ tso Yehowa gbɔ la ɖe vi nam wu hehe ɖe sia ɖe si mexɔ kpɔ. Mawu ƒe hehenana la keke ta eye gɔmesese le eŋu kura wu hehenana ƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe si le anyigba dzi. Yehowa na hehe eƒe Ðasefowo be woafia Biblia me nyateƒea le mɔ si ana nya la nade amewo ƒe dzi kple susua siaa gbɔ la nu. Nu mae doa ŋusẽm be mayi edzi anɔ nu srɔ̃m. Dzi le mía kple srɔ̃nye dzɔm ŋutɔ ɖe agbe si míele fifia kple mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míezãa hehe si míexɔ la tsɔ subɔa Yehowa Mawu, si nye xexea katã ƒe Dziɖulagã la, ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Esi Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kplim la, Biblia me nyagblɔɖiwo koŋue wɔ dɔ ɖe dzinye wu

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Mía kple Patricia le míaƒe srɔ̃ɖegbe

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Edzɔa dzi na mí be míakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ Biblia me nyateƒea