Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesu—Kpɔɖeŋu Deblibo Si Míasrɔ̃

Yesu—Kpɔɖeŋu Deblibo Si Míasrɔ̃

Yesu—Kpɔɖeŋu Deblibo Si Míasrɔ̃

ÀDI BE yeanɔ agbe si ɖɔ ʋu wu ahanye ame si kpɔa dzidzɔ wua? Apostolo Petro gblɔ ale si míate ŋu awɔ esiae la na mí. Eŋlɔ bena: “Kristo . . . kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.” (1 Petro 2:21) Le nyateƒe me la, esi wònye be Yesu Kristo nɔ agbe si ɖe dzesi ŋutɔ ta la, míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso egbɔ. Ne míesrɔ̃ nu tso Yesu ŋu henɔ agbe wòsɔ kple ale si wònɔ agbee la, míanɔ agbe si ɖɔ ʋu wu ahanye ame siwo kpɔa dzidzɔ wu godoo. Na míalé ŋku ɖe ame vevi sia ƒe nɔnɔme nyui aɖewo ŋu, eye míakpɔ ale si eƒe kpɔɖeŋu nyuiwo ate ŋu aɖe vi na míi ɖa.

Yesu da sɔ. Togbɔ be Yesu gblɔ be “teƒe aɖeke mele [ye si yeatsɔ] ta aziɔ ɖo o” hã la, menɔ nuteameɖokui ƒe agbe alo de dzi ƒo na ame bubuwo be woanɔe o. (Mateo 8:20) Ede kplɔ̃ɖoƒewo. (Luka 5:29) Eƒe nukunu gbãtɔ si woŋlɔ ɖi si nye ale si wòtrɔ tsi wòzu wain nyui aɖe le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe aɖe la ɖee fia be menye ame aɖe si tsia tsitre ɖe hadomewɔnawo ŋu alo nɔ nuteameɖokui ƒe agbe o. (Yohanes 2:1-11) Ke hã, Yesu na nu si nye nu vevitɔ nɛ le agbe me la dze ƒãa. Egblɔ be: “Nye nuɖuɖu ye nye be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye be mawu eƒe dɔ la nu.”—Yohanes 4:34.

Èdzro wò agbenɔnɔ me hebu ale si nàwɔ ana wò ŋutilã me didiwo kple mawusubɔsubɔ nada asɔ ŋu kpɔa?

Yesu nye ame si ŋu wotea ŋu tena ɖo. Biblia gblɔ tso Yesu ŋu be edoa vivi ɖe ame ŋu hewɔa nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Medoa dziku ne amewo te ɖe eŋu kple woƒe kuxiwo alo bia nya ɖefunamewoe o. Gbe ɖeka esime amehawo ƒo zi ɖe eŋu la, nyɔnu aɖe si nɔ dɔ lém ƒe 12 sɔŋue nye ema la ka asi eƒe awu ŋu henɔ mɔ kpɔm be yeƒe lãme nasẽ. Yesu meka mo nɛ ɖe eƒe nuwɔna sia si adze amemabumabu la ta o, ke boŋ ɖe wògblɔ nɛ dɔmenyotɔe be: “Vinyenyɔnu, wò xɔse na nèhaya.” (Marko 5:25-34) Ðeviwo gɔ̃ hã ɖea dzi ɖi le egbɔ, eye wokana ɖe edzi be atsɔ ɖe le eme na yewo. (Marko 10:13-16) Eɖoa dze kple eƒe nusrɔ̃lawo faa xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Mesesẽna na wo be woate ɖe eŋu o.—Marko 6:30-32.

Ðe wònɔa bɔbɔe na amewo be woate ɖe ŋuwòa?

Esea veve ɖe ame nu, eye eƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu. Yesu ƒe nɔnɔme vevitɔwo dometɔ aɖewoe nye ale si wòtea ŋu tsɔa eɖokui ɖoa amewo teƒe, ale si wòtea ŋu sea veve ɖe amewo nu, kple ale si wòɖea afɔ aɖewo tsɔ kpena ɖe wo ŋui. Apostolo Yohanes gblɔ be, esi Yesu kpɔ Maria wònɔ avi fam le nɔviaŋutsu Lazaro ƒe ku ta la, “eɖe hũ le gbɔgbɔ la me, eye wòxa nu vevie” eye ‘aɖatsi ge le mo nɛ.’ Eteƒekpɔlawo te ŋu kpɔ ale si gbegbe Yesu lɔ̃ ƒome ma, si wɔe be ŋu mekpee be wòaɖee afia le gaglãgbe be yelɔ̃ wo o la, dze sii bɔbɔe. Dɔmetɔtrɔ ka gbegbee nye esi wòɖe fia esime wògbɔ agbe exɔlɔ̃ la!—Yohanes 11:33-44.

Ɣebubuɣi la, ŋutsu aɖe si ŋu kpodɔ, si nye dɔléle dziŋɔ aɖe si wɔe be wòɖe eɖokui ɖe aga le la, ɖe kuku na Yesu be: “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.” Ale si Yesu wɔ nui la fa dzi na ame ŋutɔ: “Edo asi ɖa heka asi eŋu gblɔ be: ‘Melɔ̃. Ŋutiwò nekɔ.’” (Mateo 8:2, 3) Menye esi Yesu di be nyagblɔɖiwo nava eme ta koe wòda gbe le amewo ŋu ɖo o, ke esi wòdi be yeatutu aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume hã tae. Eƒe nya siwo dzi amewo ɖoa ŋkui wu dometɔ ɖekae kpɔ ŋusẽ ɖe nu sia nu si wòwɔna la dzi. Egblɔ be: “Ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.”—Luka 6:31.

Ðe amewo tea ŋu kpɔnɛ le wò nuwɔnawo me be wò dɔme trɔna ɖe ame ŋua?

Yesu nye nugɔmesela si bua amewo ƒe nɔnɔmewo ŋu. Togbɔ be Yesu mewɔ vodada kpɔ o hã la, mekpɔa mɔ be amewo nawɔ nu wòade blibo o, mena ame bubuwo se le wo ɖokuiwo me be yenyo wu wo o, alo gbe amewo ƒe nɔnɔmewo gɔme sese na wo o. Gbe ɖeka la, “nyɔnu aɖe si wonya le dua me be enye nu vɔ̃ wɔla” la ɖe eƒe xɔse kple ŋudzedzekpɔkpɔ fia esime wòfa aɖatsi ɖe Yesu ƒe afɔwo dzi. Yesu ɖe mɔ nɛ wòwɔ esia, eye esia wɔ nuku na ame si kpee la, elabena eya bu fɔe vevie. Esi Yesu kpɔe dze sii be nyɔnua trɔ dzi me vavã la, mebu fɔe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta o. Egblɔ nɛ boŋ be: “Wò xɔse la ɖe wò, dzo yi le ŋutifafa me.” Anɔ eme godoo be ale si Yesu se nu gɔme na nyɔnua lae ʋãe wògbe nu le eƒe tsãgbenɔnɔ gbɔ.—Luka 7:37-50.

Ðe wonya wò be ènye ame si lɔ̃a amewo kafukafu eye ƒãa hafi nèbua fɔ amewoa?

Mekpɔa ame ŋkume o, eye wòdea bubu ame ŋu hã. Yesu lɔ̃a nusrɔ̃la Yohanes etɔxɛe, ɖewohĩ le esi eƒe nɔnɔme aɖewo dze edzi nɛ eye wònye eƒe ƒometɔ ta. * Ke hã, mewɔ nu ɖe eŋu ameŋkumekpɔkpɔtɔe alo wɔ nu ɖe eŋu nyuie wu nusrɔ̃la bubuawo o. (Yohanes 13:23) Le nyateƒe me la, esi Yohanes kple nɔviaŋutsu Yakobo bia be Yesu nana ɖoƒe tɔxɛ yewo le Mawu Fiaɖuƒea me la, egblɔ na wo be: “Anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi alo mia me la menye tɔnye, be mana o.”—Marko 10:35-40.

Yesu dea bubu amewo ŋu ɣesiaɣi. Mebua nazã ɖe amewo ŋu abe ale si ame siwo dome wònɔ la wɔnɛ ene o. Le kpɔɖeŋu me, wobua nyɔnuwo zi geɖe be womexɔ asi de ŋutsuwo nu o. Ke hã, Yesu de bubu si dze nyɔnuwo ŋu. Zi gbãtɔ si wògblɔe gaglãa be yee nye Mesia la, nyɔnu aɖe si menye Yudatɔ o, si nye Samariatɔe wògblɔe na, evɔ Yudatɔ akpa gãtɔ doa vlo Samariatɔwo, eye womedoa gbe na wo gɔ̃ hã o. (Yohanes 4:6-26) Eye nyɔnuwoe ame gbãtɔ siwo Yesu na mɔnukpɔkpɔ wokpɔe le eƒe tsitretsitsi megbe la nye.—Mateo 28:9, 10.

Ðe nèwɔa nu ɖe ame ƒomevi vovovowo, ŋutsu alo nyɔnu, gbegbɔgblɔ alo dukɔ bubu me tɔwo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔea?

Enye vi kple nɔviŋutsu si tsɔ eƒe agbanɔamedziwo. Anɔ eme be Yosef, ame si xɔ Yesu nyi la, ku le Yesu ƒe sɔhɛmenɔɣi. Anɔ eme godoo be Yesu wɔ atikpakpadɔ tsɔ kpe asi ɖe dadaa kple eyometɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo ŋu. (Marko 6:3) Le eƒe agbenɔɣi ƒe ɣeyiɣi mamlɛtɔ me la, etsɔ dadaa dzi kpɔkpɔ de eƒe nusrɔ̃la Yohanes si.—Yohanes 19:26, 27.

Àte ŋu asrɔ̃ Yesu to wò ƒomegbanɔamedziwo tsɔtsɔ me abe ale si wòwɔe enea?

Yesu nye xɔlɔ̃ vavã aɖe. Le xɔlɔ̃nyenye gome la, Yesu ɖe dzesi ŋutɔ. Le mɔ ka nu? Megbe nu le exɔlɔ̃wo gbɔ le esi wowɔa vodadawo ta o, nenye be wowɔ vodada mawo ke enuenu kura gɔ̃ hã. Eƒe nusrɔ̃lawo mewɔa nu ɣesiaɣi abe ale si wòdii ene o. Gake eɖee fia be yenye wo xɔlɔ̃ vavã esi wòtsɔa eƒe susu ɖoa woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, eye mebua susu vɔ̃ ɖe wo ŋu o. (Marko 9:33-35; Luka 22:24-27) Mezia eƒe nukpɔsusuwo ɖe wo dzi o, ke boŋ edea dzi ƒo na wo be woaɖe woƒe susuwo agblɔ faa.—Mateo 16:13-15.

Ƒo wo katã ta la, Yesu lɔ̃ exɔlɔ̃awo. (Yohanes 13:1) Aleke gbegbee wòlɔ̃ woe? Egblɔ be: “Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si o: be ame aɖe natsɔ eƒe luʋɔ aɖo anyi ɖe exɔlɔ̃awo ta.” (Yohanes 15:13) Ðe nane li ame ate ŋu ana exɔlɔ̃awo si axɔ asi wu eƒe agbe tsɔtsɔ na ɖe wo ta?

Èkpɔtɔ léna ɖe xɔwòwo ŋu ne wodo dziku na wò alo dze agɔ le dziwò gɔ̃ hã?

Dzi nɔ eƒo eye wòwɔ ŋutsu. Yesu menye ame beli si nɔa anyi kpoo, abe ale si wòdzena le nutala aɖewo ƒe nutatawo me ene, kura o. Nya Nyui Gbalẽawo ƒo nu tso eŋu be enye ŋutsu sesẽ kple kalẽtɔ. Yesu nya nudzralawo do goe kple woƒe agbawo le gbedoxɔa me zi eve sɔŋ. (Marko 11:15-17; Yohanes 2:14-17) Esime asrafoha aɖe va “Yesu, Nazaretetɔ” la lé ge la, eɖe zɔ dzinɔameƒotɔe va tɔ ɖe wo ŋgɔ hegblɔ kã be: “Nyee.” Eye be wòakpɔ eƒe nusrɔ̃lawo ta la, eyi edzi gblɔ be: “Ne nye dim miele la, ekema mina ame siawo ya nadzo.” (Yohanes 18:4-9) Mewɔ nuku o be esime Pontio Pilato kpɔ dzinɔameƒo si Yesu ɖe fia le eléle kple funyafunyawɔwɔe vɔ megbe la, egblɔ be: “Kpɔ ɖa! Ŋutsu lae nye esi!”—Yohanes 19:4, 5.

Ðe nètsona ɖe nu ŋu kpla hewɔa nu dzinɔameƒotɔe ne ehiã be nàwɔ nyametsotsoa?

Nɔnɔme ɖedzesi siawo kple bubu geɖewoe wɔe be Yesu nye kpɔɖeŋu deblibo si míasrɔ̃. Ne míeɖe mɔ eƒe nuwɔna kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi la, míanɔ agbe si ɖɔ ʋu wu eye míakpɔ dzidzɔ le agbe me geɖe wu. Susu sia tae apostolo Petro xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ. Èdzea agbagba be yeadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ ale si nàte ŋuia?

Ewɔ Nu Yi Ŋgɔ Wu Kpɔɖeŋuɖoɖo Ko

Yesu wɔ nu yi ŋgɔ wu kpɔɖeŋuɖoɖo ɖi na mí ko. Egblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yohanes 14:6) Tsɔ kpe ɖe nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la fiafia amewo, si wɔe be mɔnukpɔkpɔ su wo si be woate ɖe Eŋu, ŋu la, Yesu ʋu mɔ si dzi nuteƒewɔlawo ato akpɔ agbe la ɖi na wo.—Yohanes 3:16.

Yesu gblɔ ku ɖe esia ŋu ale: “Amegbetɔvi la va, menye be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ, eye yeatsɔ yeƒe luʋɔ ana wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta.” (Mateo 20:28) Esi Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔe la, eto esia dzi ɖo nu si dzi woanɔ te ɖo ana agbe mavɔ amegbetɔwo la anyi. Nu kae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ bene mɔnuɖoɖo sia naɖe vi nɛ? Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.”—Yohanes 17:3.

Ɛ̃, Yesu ŋuti sidzedze xɔxɔ, eƒe agbenɔnɔ sɔsrɔ̃, kple eɖeɖefia be woxɔ eƒe vɔsakua dzi se nye nudidi siwo gbɔ wòle be ame naɖo hafi ate ŋu akpɔ agbe mavɔ. Míele kpewòm be nàdi ɣeyiɣi asrɔ̃ Biblia, si nye agbalẽ si me sidzedze ma le, eye nàdze agbagba vevie anɔ agbe ɖe nu siwo Biblia gblɔ la nu abe ale si Yesu wɔe ene. *

Kpɔɖeŋu nyui si Yesu ɖo ɖi na mí le agbenɔnɔ gome la fia ame si ƒomevi wòle be míanye la mí. Eƒe vɔsakua ate ŋu aɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku, si nye fetu si nu vɔ̃ xena la, si me. (Romatɔwo 6:23) Kpɔ ale si gbegbe míaƒe nu awɔ nublanui ɖa nenye ɖe Yesu Kristo meva anyigba dzi o! Mègaɖe mɔ gbeɖe be agbe me hloloetsotsowo kple dzimaɖitsitsiwo nana nusɔsrɔ̃ tso Yesu Kristo si nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ la ŋu kple eƒe kpɔɖeŋuwo yome dzedze pɛpɛpɛ ƒe mɔnukpɔkpɔa nato ŋuwò o.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 12 Anɔ eme be Yohanes dada Salome nɔvinyɔnu kpamkpam ye Yesu dada Maria nye. Tsɔ Mateo 27:55, 56 sɔ kple Marko 15:40 kple Yohanes 19:25.

^ mm. 26 Kpɔ agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ hena numeɖeɖe tsitotsito ku ɖe Yesu ƒe anyigba dzi gbenɔnɔ ŋu. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

▪ Yesu mekpɔa ame ŋkume o, edea bubu amewo katã ŋu

▪ Enye xɔlɔ̃ vavã va se ɖe nuwuwu gɔ̃ hã

▪ Dzi nɔ eƒo

Èdzea agbagba be yeadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ ale si nàte ŋuia?

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Yesu da sɔ . . .

amewo tea ŋu tena ɖe eŋu . . .

eƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu