Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesu—Nya Siwo Amewo Gblɔ Tso Eŋu

Yesu—Nya Siwo Amewo Gblɔ Tso Eŋu

Yesu—Nya Siwo Amewo Gblɔ Tso Eŋu

“Ðikeke mele eme o be Yesu Nazaretetɔ . . . lae nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ.”—Eŋlisiawo ƒe ŋutinyaŋlɔla H. G. Wells.

“Kristo . . . ɖe dzesi ŋutɔ eye wòƒo ame xɔŋkɔ siwo katã nɔ anyi kpɔ la ta.”—Mawunyaŋununyala kple ŋutinyaŋlɔla Philip Schaff si wodzi le Switzerland.

AME kae dze woayɔ be ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ? Nu ka dzie woanɔ te ɖo agblɔ be ame aɖe nye ame vevitɔ? Amea ƒe aʋawɔɖaŋu yea? Eƒe ŋusẽ yea? Eƒe susu ƒe ɖaɖa yea? Alo ale si eƒe nyagbɔgblɔwo, nuwɔnawo, kple kpɔɖeŋuwo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi yea?

Se nya siwo ŋutinyaŋlɔlawo, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo, agbalẽnyalawo, agbalẽŋlɔlawo, dunyahelawo ƒe ŋgɔnɔlawo, kple ame bubu—siwo nɔ anyi kpɔ kple esiwo li egbea—gblɔ tso Yesu Kristo Nazaretetɔ la ŋu ɖa ko.

“Abia be ame natrɔ gbo nyateƒenya geɖe hafi ate ŋu agblɔ be menye Yesu Nazaretetɔ lae nye ame si ƒe nuwɔna kpɔ ŋusẽ nyui ɖe amewo dzi wu le ƒe akpe eve siawo kple ŋutinya katã me o.”—Amerikatɔwo ƒe nuŋlɔla kple Biblia ŋuti nunyala Reynolds Price.

“Ame aɖe si mewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ o la tsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe ame bubuwo ƒe nyonyo ta, eƒe futɔwo gɔ̃ hã tɔ ta, eye wòva zu ame si xe fe ɖe amewo katã ta. Ema nye nuwɔna si ƒo ɖe sia ɖe ta.”—Indiatɔwo ƒe dukplɔla kple mawusubɔsubɔnunɔla Mohandas K. Gandhi.

“Esime menɔ ɖevime la, wotsɔ Biblia kple Talmud siaa fia num. Yudatɔe menye, gake mekpɔa dzidzɔ ɖe Nazaret ŋutsu ɖedzesi la ŋu ŋutɔ.”—Dzɔdzɔmeŋutinunyala Albert Einstein si wodzi le Germany.

“Le gonyeme la, Yesu Kristoe nye ame si ɖe dzesi wu ɣeawokatãɣi le ŋutinya katã me, eɖe dzesi abe Mawu ƒe Vi kple Amegbetɔvi siaa ene. Viɖe le nya siwo katã wògblɔ kple nu siwo katã wòwɔ la ŋu na mí egbea, eye míate ŋu agblɔ nya sia tso ame bubu aɖeke, si le agbe alo ku la, ŋu o.”—Nuŋlɔla Sholem Asch si wodzi le Poland ƒe nya si dze le Christian Herald me; woawoe te gbe ɖe edzi.

“Ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ sɔŋ le nye agbe me la, menye ame si mexɔa naneke dzi sena o. [Gake] ƒe atɔ̃ aɖewoe nye esi va yi la, meva xɔ se. Mexɔ Yesu Kristo ƒe nufiafiawo dzi se, eye nye agbenɔnɔ trɔ zi ɖeka.”—Russiatɔwo ƒe ŋutinyagbalẽŋlɔla kple xexemenunyala Count Leo Tolstoy.

“[Yesu] ƒe agbenɔnɔe kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi wu le anyigba sia dzi, eye wòyi edzi le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi geɖe wu.”—Amerikatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla kple agbalẽŋlɔla Kenneth Scott Latourette.

“Ðe míagblɔ be nyakpakpawo koe [Yesu ƒe agbenɔnɔ] ŋuti nyawo nyea? Xɔ̃nyewo, le nyateƒe me la, medze nyakpakpa kura o. To vovo na ema la, ame aɖeke mete kpɔ be yeake ɖi Socrates ƒe ŋutinya la kpɔ o, ke hã, kpeɖodzi sẽŋuwo mele eŋu abe Yesu Kristo ƒe ŋutinya ene o.”—Franseawo ƒe xexemenunyala Jean-Jacques Rousseau.

Edze ƒãa be ne ame aɖe dze anye míaƒe kpɔɖeŋuɖola le agbe me la, ke Yesu Kristo ye. Paulo, ame nyagbalẽ aɖe si nɔ agbe le ƒe alafa gbãtɔ me, ame si Yesu tia be wòanye ye yomedzela ahaɖi ɖase tso Ye ŋu na dukɔwo la, xlɔ̃ nu mí be ‘míaƒe ŋku nanɔ’ Yesu “ŋu tututu.” (Hebritɔwo 12:2; Dɔwɔwɔwo 9:3) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ le ale si wòle be míanɔ agbee ŋu? Aleke eƒe agbenɔnɔ ate ŋu aɖe vi na wòe?