Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Mezãa Nɔnɔmewɔwɔwo Le Woƒe Tadedeagu Me o?
Exlẽlawo Bia Be
Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Mezãa Nɔnɔmewɔwɔwo Le Woƒe Tadedeagu Me o?
Le xexea me godoo la, Hindutɔwo, Buddhatɔwo, Katolikotɔwo, kple Orthodɔks Sɔlemeha me tɔwo bua legbawo, nɔnɔmewɔwɔwo, kple nu kpakpɛwo be wonye yewoƒe tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe. Le Afrika ƒe akpa aɖewo la, amewo dea ta agu na ati kpakpɛwo alo kpetatawo, eye wobuna be mawu aɖe alo mawu aɖe ƒe gbɔgbɔ nɔa wo me.
Gake Yehowa Ðasefowo ya mezãa legba alo nɔnɔmewɔwɔ ƒomevi aɖeke le woƒe tadedeagu me o. Ne èɖi tsa yi teƒe siwo wokpena le siwo woyɔna be Fiaɖuƒe Akpata me la, màkpɔ “ame kɔkɔewo” ƒe nɔnɔmewɔwɔwo loo, alo Yesu alo Maria ƒe kpetata aɖeke o. * Nu ka tae? Kpɔ nya si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu ɖa.
Nu Kae Mawu Bia Tso Israel Viwo Si?
Esi Yehowa Mawu ɖe Israel viwo tso Egipte megbe la, egblɔ ale si wòdi be woasubɔ ye la na wo eme kɔ nyuie. Mawu ƒe se siwo amewo lɔ̃a yɔyɔ be Se Ewoawo la ƒe evelia gblɔ be: ‘Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Mègawɔ nu siwo le dziƒo, alo nu siwo le anyigba dzi, alo nu siwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye.’—2 Mose 20:4, 5.
Le ɣeyiɣi si me tututu Mawu nɔ sedede sia tsɔm na Mose la, Israel viwo nɔ sikanyivi wɔm, eye anɔ eme be ale si Egiptetɔwo subɔa lãwo la srɔ̃mee wonɔ. Wometsɔ Egipte mawu aɖeke ƒe ŋkɔ na nɔnɔmewɔwɔ la o. Ke boŋ Yehowa ƒe ŋkɔe woyɔ ɖe sikanyivi la ŋu. (2 Mose 32:5, 6) Aleke Mawu wɔ nui? Eƒe dziku fla ɖe ame siwo de ta agu na legba la ŋu, eye Mose gblẽ legba la dome.—2 Mose 32:9, 10, 19, 20.
Le ema megbe la, Yehowa Mawu keke se evelia ɖe enu. Eto Mose dzi ɖo ŋku edzi na Israel viwo be ‘woagawɔ legba na wo ɖokui o, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu ƒe nɔnɔme aɖeke o; eɖanye anyigba dzi lãfɔne alo xe dzodzoe, si le dziƒoa te la, ƒe nɔnɔme o; eɖanye anyigba dzi nu tata alo lã, si le tɔ me le anyigba dzi la, ƒe nɔnɔme o.’ (5 Mose 4:15-18) Nya siawo ɖee fia kɔtɛ be medze be Israel viwo nazã legbawo, eɖanye nɔnɔme alo dzedzeme kae le wo si o, le woƒe tadedeagu na Mawu me kura o.
Ke hã, Israel viwo va ƒo wo ɖokui ɖe legbasubɔsubɔ me emegbe. Be Yehowa naɖɔ wo ɖo la, edɔ eƒe nyagblɔɖilawo woyi ɖaxlɔ̃ nu wo tso tohehe si gbɔna wo dzi le woƒe legbasubɔsubɔ ta la ŋu. (Yeremiya 19:3-5; Amos 2:8) Israel dukɔa me tɔ akpa gãtɔ do toku Mawu ƒe nuxlɔ̃ame mawo. Le ema ta la, Yehowa ɖe mɔ Babilontɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me, eye wokplɔ dukɔ la yi aboyo me.—2 Kronika 36:20, 21; Yeremiya 25:11, 12.
Nu Ka Dzie Ƒe Alafa Gbãtɔ Me Kristotɔwo Xɔ Se?
Esi ame siwo menye Yudatɔwo o trɔ dzi me zu Kristotɔwo le ƒe alafa gbãtɔ me la, womeyi Dɔwɔwɔwo 19:25, 26.
edzi zã legbawo le woƒe tadedeagu na Mawu me o. De dzesi nya si Demetrio, klosalonutula aɖe si wɔa legbawo le Efeso ɣemaɣi, gblɔ ku ɖe apostolo Paulo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Egblɔ be: “Ŋutsuwo, mienya nyuie be dɔwɔɖui siae na míele dzidzedze kpɔm. Eye miekpɔe, eye miesee hã, be menye Efeso ɖeɖe koe Paulo sia na ameha gã aɖe xɔ edzi se, hetrɔ woƒe susu le o, ke Asia nuto blibo la katã kloe mee, eye wòle gbɔgblɔm be menye mawuwoe esiwo wotsɔ asi wɔ la nye o.”—Nya siwo Paulo ŋutɔ gblɔ ɖo kpe nya siwo Demetrio tsɔ ɖe eŋu la dzi. Esime Paulo nɔ nu ƒom na Helatɔwo le Atene la, egblɔ be: “Mele be míasusu be mawunyenye la le abe sika alo klosalo alo kpe ene o, eye mele abe nane si ƒe nɔnɔme wokpa to amegbetɔ ƒe aɖaŋu kple tamesusu dzi la ene o. Nyateƒee, Mawu ŋe aɖaba ƒu numanyamanya ƒe ɣeyiɣi mawo dzi, gake azɔ la, ele gbɔgblɔm na amegbetɔwo le afi sia afi be ele be wo katã woatrɔ dzi me.” (Dɔwɔwɔwo 17:29, 30) Paulo ŋlɔ agbalẽ na ame siwo nɔ Tesalonika ku ɖe nya sia ke ŋu hekafu wo be: “Mietrɔ tso miaƒe trɔ̃wo gbɔ va Mawu gbɔ.”—1 Tesalonikatɔwo 1:9.
Menye Paulo ɖeɖe koe xlɔ̃ nu Kristotɔwo ku ɖe nɔnɔmewɔwɔwo zazã le woƒe tadedeagu me ŋu o, apostolo Yohanes hã xlɔ̃ nu wo ku ɖe eŋu. Le ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu la, Yohanes gblɔ na wo kã be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi le trɔ̃wo ŋu.”—1 Yohanes 5:21.
Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiame si me kɔ ƒãa be woagazã nɔnɔmewɔwɔ ƒomevi aɖeke le tadedeagu me o la dzi. Woxɔ nya sia si Yehowa Mawu gblɔ la dzi se be: “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee, nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o.”—Yesaya 42:8.
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 4 Wota ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖewo me ya. Gake ɖeko wotsɔ nɔnɔmetata siawo ɖo atsyɔ̃ na teƒeawo, womedea subɔsubɔ ƒe bubu tɔxɛ aɖeke wo ŋu o. Yehowa Ðasefowo medoa gbe ɖa na nɔnɔmetata siawo o, eye womedzea klo na wo hã o.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 31]
“Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee, nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o.”—Yesaya 42:8