Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋuʋaʋã Kple Ŋubiã

Ŋuʋaʋã Kple Ŋubiã

Ŋuʋaʋã Kple Ŋubiã

AME SI ɖea ŋuʋaʋã manyomanyo fiana la bua susu vɔ̃ ɖe ame bubuwo ŋu madzemadzee alo doa dziku ne nu si wòsusu be ele be wòasu ye si la yi ame bubu si me. Ŋubiãla nye ame si mekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo le esi la ŋu o, eye ame bubuwo ƒe nunyonamewo kple dzidzedzekpɔkpɔwo klẽa ŋu nɛ alo dzronɛ vevie. Zi geɖe la, nya siwo ƒo xlã Hebrigbe me nya si gɔme woɖena be “ŋuʋaʋã” lae nana wonyaa gɔmesese si nu wozãe le le Biblia me, eye ɣeaɖewoɣi la woɖea egɔme be “ŋubiã.” Nenema kee wòle le Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ŋuʋaʋã” hã gome, gake woɖea Helagbe me nya bubu si nye phthoʹnos la gɔme be “ŋubiã.”

Nɔƒegãdila aɖewo nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Korinto hamea me, siwo hea amewo ƒe susu vaa wo ɖokuiwo dzi, tsɔa amewo ƒoa adegbee, eye wonɔa dzre dem hamea me tɔwo dome. Hamea ma ɖe ƒuƒoƒo suesuesue siwo nɔa amegbetɔwo si nu kpɔm, nɔa wo dom ɖe dzi, hedzea wo yome le ŋuʋaʋã ta la me. Paulo na wòdze kɔtɛ be ŋuʋaʋã ma ƒomevi nye ŋutilã me tɔ ke menye gbɔgbɔ me tɔ o. (1 Korintotɔwo 3:3; 2 Korintotɔwo 12:20) Eɖe nu me be mawumelɔlɔ̃ meʋãa ŋu madzemadzee o, ke boŋ eɖea kakaɖedzi kple mɔkpɔkpɔ fiana eye wòwɔa nu si aɖe vi na ame bubuwo ɣesiaɣi.—1 Korintotɔwo 13:4, 5, 7.

Menye ŋuʋaʋã nyuitɔe nye esi nɔ Korinto hamea me, si ŋu Paulo ƒo nu tso o. Menye ɖokuitsɔtsɔ na Yehowa blibo ŋue amewo nɔ ŋu ʋãm ɖo o. Ke boŋ enye trɔ̃subɔsubɔ si tso gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔ eye wòdoa ŋubiã kple dzrehehe ɖe ŋgɔ. Biblia ƒo nu tsi tsitre ɖe eŋu zi geɖe heɖee fia be egblẽa nu le ame ƒe dzi gɔ̃ hã ŋu. Yesu nɔvi Yakobo ŋlɔ bena: “Ne ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi kple dzrehehe le miaƒe dziwo me la, miganɔ adegbe ƒom ahanɔ alakpa dam ɖe nyateƒe la si o. Menye nunya si tso dziƒo va lae nye esia o, ke anyigba dzi tɔe, lã tɔe, gbɔgbɔ vɔ̃wo tɔe. Elabena afi si ŋuʋaʋã kple dzrehehe le la, afi mae tɔtɔ kple nu gbegblẽ ɖe sia ɖe nɔna.”—Yakobo 3:14-16; Romatɔwo 13:13; Galatiatɔwo 5:19-21.

Ŋuʋaʋã manyomanyo gblẽa nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu, elabena “dzi nyodɔme enye agbe le lã me; ke ŋuʋaʋã enye ŋuɖui le ƒuwo me.” (Lododowo 14:30) Nazãbubu kple ameléleɖedɔme nana woʋãa ŋu. Ate ŋu agblẽ nu wu dɔmedzoe alo dziku elabena ate ŋu aƒo ke ɖe to ɖe ame me, anɔ anyi eteƒe nadidi, eye enu nasẽ wu, eye enu menyaléna bɔbɔe o. Zi geɖe la, enana wowɔa nu nuŋumabumabutɔe. (Lododowo 27:4) Womate ŋu afa dzi na, alo atsɔ naneke alé avu, ŋutsu si do dziku le dzɔdzɔenyenye me ɖe ame bubu si wɔ ahasi kple srɔ̃a la ƒe ŋuʋaʋã nu gbeɖe o!—Lododowo 6:32-35.

Ŋuʋaʋã gbegblẽ ate ŋu ana ame nava wɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu abe ale si wònɔ le Yosef nɔviŋutsu ewoawo gome ene. (1 Mose 37:11; Dɔwɔwɔwo 7:9) Ate ŋu ahe ku vɛ na ame ŋutɔ kple ame bubu siwo wòlɔ ɖe eme la, abe ale si wònɔ le Datan, Abiram kple woƒe aƒekɔwo gome ene. (Psalmo 106:16, 17) Gawu la, ŋuʋaʋã na Yudatɔ dzimaxɔsetɔwo wɔ nu vlo siwo gbɔ eme la ɖe apostoloawo ŋu, eye wogblɔ busunyawo ɖe wo ŋu hedi be yewoawu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hɔ̃.—Dɔwɔwɔwo 13:45, 50; 14:19.