Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣeyiɣi Li Na Nu Sia Nu

Ɣeyiɣi Li Na Nu Sia Nu

Ɣeyiɣi Li Na Nu Sia Nu

Biblia gblɔ be: ‘Ɣeyiɣi li na nu sia nu eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.’ Blema fia nyanu Salomo si ŋlɔ nya siawo la gblɔ kpee be amedziɣi li eye kuɣi li, xɔtuɣi li eye egbãɣi li, lɔlɔ̃ɣi li eye fuléɣi li. Eƒo eta mlɔeba be: “Viɖe ka ame kpɔna tsoa dɔ, si ŋu wòdzea agbagba lena la me?”—Nyagblɔla 3:1-9.

NE AME aɖewo xlẽ nya siawo la, woƒoa nya ta be Biblia ŋutɔ fia nu be woɖo ɣeyiɣi si tututu dzi nu sia nu adzɔ le la ɖi do ŋgɔ; si fia be, le woƒe susu nu la, Biblia da asi ɖe dzɔgbese ƒe dzixɔsea dzi. Nenemae wòle vavã? Ðe Biblia da asi ɖe nukpɔsusu si nye be dzɔgbesee kpɔa ŋusẽ ɖe nu sia nu si dzɔna le agbe me dzi la dzia? Esi wònye be “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me” ta la, ele be nu si míexlẽ le Biblia ƒe akpa aɖe la ƒe gɔmesese nawɔ ɖeka kple nya siwo dze le eƒe akpa bubuwo hã bliboe. Eya ta mina míakpɔ nu si Mawu ƒe Nya Biblia ƒe akpa susuewo gblɔ tso nya sia ŋu la ɖa.—2 Timoteo 3:16.

Azãgbe Kple Nuɖiɖeamewo

Salomo gblɔ yi edzi le Nyagblɔla ƒe agbalẽa me be: “Megakpɔ le ɣea te be, duƒuƒu mele afɔ ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖuɖukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔkpɔ mele nugɔmesese me o.” Nu ka tae? Eɖe eme be: “[Elabena] azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.”—Nyagblɔla 9:11.

Menye ɖee Salomo nɔ gbɔgblɔm be dzɔgbesee kpɔa ŋusẽ ɖe agbemenudzɔdzɔ ɖe sia ɖe dzi o, ke boŋ be amegbetɔwo mate ŋu agblɔ nu si ava do tso woƒe agbagbadzedzewo me la ɖi do ŋgɔ pɛpɛpɛ o, “[elabena] azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.” Zi geɖe la, nanewo dzɔna ɖe ame aɖewo dzi le esi wòle teƒe nyuitɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ me, alo le esi wole teƒe madeamedzi le ɣeyiɣi madeamedzi me ta.

Le kpɔɖeŋu me, bu nya si nye “Duƒuƒu mele afɔ ɖablae me o” ŋu kpɔ. Ðewohĩ àɖo ŋku meta 3,000 ƒe duɖimekeke ɖedzesi si yi edzi le ƒe 1984 Olympic hoʋliwɔna si wowɔ le Los Angeles, California, U.S.A., si me nu wɔnuku aɖe dzɔ le la dzi. Duɖimekela eve aɖewo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ mɔ kpɔm be yeaxɔ dziɖuɖufetua, ɖeka le Britain teƒe eye evelia le United States teƒe. Ke hã, esi wonɔ duɖimekekea dzi va ɖo didime si wòle be woakpe ɖo ƒe afã lɔƒo la, wo ame evea wova lɔ wo nɔewo. Wo dometɔ ɖeka dze anyi eye megate ŋu yi dua ƒuƒu dzi o; dzi ɖe le evelia ƒo ale gbegbe be nɔƒe adrelia ko wòva xɔ.

Dzɔgbesee na nuwo va yi nenema? Ðewohĩ ame aɖewo agblɔ nenema. Gake le nyateƒe me la, woƒe gododo—si nye afɔku si ame aɖeke mate ŋu akpɔ do ŋgɔ o—lae na dziɖuɖufetua mete ŋu su wo dometɔ aɖeke si o. Ke dzɔgbesee na wova lɔ wo nɔewoa? Ame aɖewo agate ŋu aɖo esia hã ŋu be ɛ̃. Ke hã, duɖimekekea ŋuti numeɖelawo gblɔ be hoʋiʋli sẽŋu si nɔ edzi yim le duɖimekela bibi eve siawo, siwo nɔ wo nɔewo ŋu eye ɖe sia ɖe nɔ ʋiʋlim be yeato ye nɔvi ŋu, dome la gbɔe afɔku sia tso. Abe ale si Biblia gblɔe ene la, “azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.” Aleke gbegbee ame ɖadzra ɖo nyuie ɖe nane wɔwɔ ŋui o, nane si mele mɔ kpɔm na o ate ŋu adzɔ le vo me, si ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe agbagbadzedze dzi, si metso dzɔgbese ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi aɖeke gbɔ o.

Ke nu kae Biblia wɔnɛ esi wògblɔ be: ‘Ɣeyiɣi li na nu sia nu’? Ðe nane li míate ŋu awɔ si ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míaƒe agbe, alo míaƒe etsɔme, ava nɔ la dzia?

Ɣeyiɣi Nyuitɔ Li Na Agbagbadzedzewo Katã

Menye dzɔgbese ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame sia ame alo nu si ava do tso ame sia ame ƒe agbenɔnɔ me dzi mlɔeba la ŋu nya gblɔm Biblia ŋlɔla sia si gbɔgbɔ ʋã la nɔ o, ke boŋ Mawu ƒe tameɖoɖo kple ale si tameɖoɖo ma akpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea dzi la ŋue wònɔ nu ƒom tso. Alekee míewɔ nya? Nya siwo ƒo xlã kpukpui mae na míenya. Esi Salomo ƒo nu tso nu geɖe siwo dze abe “ɣeyiɣi li na” la ŋu vɔ megbe la, eŋlɔ bena: “Mekpɔ dɔ, siwo Mawu tsɔ de asi na amegbetɔviwo, ne woatsɔ aku kutrii la ɖa. Ewɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi.”—Nyagblɔla 3:10, 11.

Mawu de dɔ vovovo amegbetɔwo si be woawɔ—Salomo yɔ wo dometɔ aɖewo. Mawu na tiatiawɔblɔɖe hã mí bene míate ŋu atia nu siwo míedi be míawɔ. Gake ɣeyiɣi nyuitɔ si ade ame dzi wu, si ana woakpɔ dzidzedze nyuitɔ wu la li na wo katã. Le kpɔɖeŋu me, bu Salomo ƒe nya siwo dze le Nyagblɔla 3:2 be “nudoɣi li, eye nu dodoawo hoɣi li” la ŋu kpɔ. Agbledelawo nya be ɣeyiɣi nyuitɔ aɖe li si dzi wòle be woado nuku ɖe sia ɖe. Ke ne agbledela aɖe ŋe aɖaba ƒu nyateƒenya sia dzi heƒã nuku le ɣeyiɣi si mesɔ o dzi ya ɖe? Ne nukua mewɔ nyuie o togbɔ be eya ŋutɔ ku kutri geɖe hã la, ɖe wòagblɔ be dzɔgbesee na wòdzɔ nenema? Kuraa o! Nya la koe nye be meƒã nukua ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi o. Agbledelaa ƒe nukuwo ate ŋu awɔ nyuie nenye ɖe wòwɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple dzɔdzɔmeɖoɖo siwo Wɔla la ɖo ɖi.

Eya ta Mawu meɖo dzɔgbese si akpɔ ŋusẽ ɖe ame sia ame ƒe agbe kple nuwɔna ɖe sia ɖe me tsonuwo dzi la ɖi o, ke boŋ gɔmeɖose siwo dzi wòle be amegbetɔwo natu woƒe nuwɔnawo ɖo le ɖekawɔwɔ me kple eƒe tameɖoɖowo lae wòɖo ɖi. Hafi amegbetɔwo nakpɔ dzidzedze nyuitɔ tso woƒe agbagbadzedzewo me la, ele be woanya Mawu ƒe tameɖoɖo kple ɣeyiɣi siwo nu wòɖo nuwo ɖo le dzɔdzɔme nu la ahawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple esiawo. Nu siwo Mawu ɖo ɖi xoxo, siwo mate ŋu atrɔ o lae nye eƒe tameɖoɖowo, ke menye nu si ava dzɔ ɖe ame sia ame dzi la o. Yehowa gblɔ to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi be: ‘Nye nya, si do tso nye nu me la . . . magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nu si gbe meɖoe ɖo [alo ‘wòakpɔ dzidzedze le nu si gbe meɖoe ɖo la me godoo,’ NW] hafi.’—Yesaya 55:11.

Nu kae nye Mawu ƒe “nya,” alo tameɖoɖo si wòɖe gblɔ ku ɖe anyigba la kple ameƒomea ƒe etsɔme ŋu, si ‘akpɔ dzidzedze godoo’?

Mawu Ƒe Ɣeyiɣiwo Gɔme Sese

Salomo na numekɔkɔ mí. Esi wògblɔ be, “[Mawu wɔ] nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi” vɔ megbe la, eyi edzi gblɔ be: ‘Ede mavɔmavɔ dzi me na wo, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nu siwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ kple tagbɔ ŋu o.’—Nyagblɔla 3:11.

Amewo ŋlɔ nu geɖewo tso mawunyakpukpui sia ŋu. Gake nyateƒe lae nye be mía dometɔ ɖe sia ɖe di vevie tso eƒe dzi ƒe gogloeƒe ke ɣeaɖeɣi kpɔ be yeanya tameɖoɖo si le agbe ŋu kple ale si míaƒe etsɔme ava nɔ mlɔeba. Tso gbe aɖe gbe ke la, esesẽna na amewo be woaxɔe ade eme be ɖeko míayi edzi anɔ hloloe tsom ɖe dɔ vovovowo ŋu ʋuu keke ava tsɔe na ku mlɔeba. Mí amegbetɔwo míele etɔxɛ le nu gbagbewo katã dome le susu sia nu be menye fifi laa ƒe nuwo ko ŋue míebuna o, ke míebua ale si míaƒe agbe ava wu enui kple ale si nuwo ava nɔ na mí emegbe la hã ŋu. Míedina gɔ̃ hã be míanɔ agbe ɖaa tegbee. Nu ka tae? Abe ale si mawunyakpukpuia gblɔe ene la, Mawu ‘de mavɔmavɔ dzi me na amegbetɔwo.’

Esi ame geɖe di be yewoaɖi kɔ na didi sia si le mía me ta la, woku kutri zi geɖe be yewoanya ne agbe gale ku megbe. Ame aɖewo ƒo nya ta be nane le mía me si yia edzi nɔa agbe le míaƒe ku megbe. Ame bubuwo hã xɔ gbugbɔgadzɔ dzi se, be woagbugbɔ anɔ mía dzim ɣesiaɣi si míeku. Le ame bubuwo hã gome la, wobunɛ be dzɔgbese alo Mawu ɖo nu sia nu si adzɔ le agbe me la ɖi xoxo, eye be naneke meli si míate ŋu awɔ tso wo ŋu o. Nublanuitɔe la, numeɖeɖe siawo dometɔ aɖeke mete ŋu kɔ nya sia me wòde edeƒe o. Nu si tae nye be, abe ale si Biblia gblɔe ene la, amegbetɔwo ‘manya mɔnu le nu siwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ kple tagbɔ ŋu’ le woawo ŋutɔ ƒe agbagbadzedze me gbeɖe o.

Nyateƒe si wònye be amegbetɔ dina vevie be yeaɖi kɔ na agbenɔnɔ ɖaa ƒe didia do kpoe la zu taɖui na susu ɖaɖɛtɔwo kple nunyalagãwo tso gbe aɖe gbe ke. Ke hã, esi wònye be Mawu tsɔ dzodzro alo didi vevie ma de míaƒe dzi me ta la, ɖe mesɔ be míakpɔ mɔ be wòana nu siwo hiã bene míate ŋu aɖi kɔ na didi ma la mí oa? Alea tututue wòle be wòanɔ, elabena Biblia gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.” (Psalmo 145:16) Ne míetrɔ ɖe Mawu ƒe Nya Biblia ŋu la, míate ŋu akpɔ numeɖeɖe dedzigbɔnamewo ku ɖe agbe kple ku kpakple tameɖoɖo mavɔ si le Mawu si ɖe anyigba kple ameƒomea ŋu la ŋu.—Efesotɔwo 3:11.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

“Duƒuƒu mele afɔ ɖablae me o.”—Nyagblɔla 9:11

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Ne agbledela meƒã nuku ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi o la, ɖee wòada fɔbubua ɖe dzɔgbese dzi ne nukua mewɔ nyuie oa?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

Esi wònye be Mawu ‘de mavɔmavɔ dzi me na amegbetɔwo’ ta la, míebua agbe kple ku ŋu vevie