Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Aɖe Didi Tsitotsito

Ame Aɖe Didi Tsitotsito

Lɛta Aɖe Si Tso Ireland

Ame Aɖe Didi Tsitotsito

ENYE ŋkeke siwo dzi xexea me mekɔna tututu o la dometɔ ɖeka. Gbafi aɖe nɔ wɔwɔm atraɖii si na be nyemegate ŋu nɔ ale si tututu kɔƒenutoa ƒe dzedzeme le la kpɔm to nye ʋu ƒe fesre nu nyuie o. Le ʋukuku kilometa 16 megbe la, meva ɖo togbɛ aɖe tame hete ŋu nɔ Westport, si nye ƒutadu sue aɖe si le Ireland ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi la kpɔm ɖaa. Mlɔeba la, ɣe ƒe keklẽ na gbafi la nu yi, si na ƒukpo suesuesue geɖe siwo le nutoa ƒe teƒe vovovowo ƒo xlã ƒulɔgoa hedze ani abe emerald kpewo le agovɔ me ene la dze nyuie. Amewo le wo dometɔ ʋɛ aɖewo dzi, ke hã agbledela siwo le nutoa me dea woƒe lãhawo akro me kplɔa wo woɖaɖua gbe le bubuwo dzi.

Togbɛwo tsia ɖe wo nɔewo nu le ƒua to le ɣetoɖoƒekpa dzi ɖaa. Nu miemie vovovo siwo xɔ togbɛawo tame keŋ la na woƒe dzedzeme va le ko abe akɔbli zɔzrɔ̃e si dzi ɣe klẽ ɖo ene. Mete ŋu kpɔ Croagh Patrick, si nye to tsuẽ kɔkɔtɔ kekeake si nutoa me tɔwo yɔna be Reek la le adzɔge ɖaa. Meku ʋua to Westport ƒe mɔ xaxɛ si dzi ame geɖewo le la dzi heto Reek to la ŋu ɖo ta nuto aɖe si me Yehowa Ðasefowo medena edziedzi o me.

Ŋutsu si gbɔ mezɔ mɔ yina la menya be megbɔna ye gbɔ o. Mexɔ lɛta aɖe si me wogblɔ le be eʋu va nuto ma me nyitsɔ laa, eye wòdi be Ðasefowo nava yi Biblia me dzodzro dzi kple ye. Menɔ ɖokuinye biam be: ‘Ƒe nenie anɔ esi ya? Srɔ̃tɔe loo alo tre yea? Nu kawoe doa dzidzɔ nɛ?’ Meda ŋku kpɔ nye akploa hegakpɔ Biblia kple Biblia srɔ̃gbãle vovovo siwo metsɔ de eme la le susu me. Mebu nya si mate ŋu agblɔ atsɔ atu eƒe ɖetsɔleme ɖo ɖe Fiaɖuƒegbedeasia ŋu la ŋu.

Fifia Reek to la le megbenye ɖaa. Kpe siwo woɖo ɖe wo nɔewo dzi tsɔ tɔ kpɔ siminti manɔmee, siwo dometɔ geɖe woɖo le Dɔtoɣi Gã si nɔ anyi le ƒe alafa 19 lia me la nɔ dzedzem le gbedadaƒonuto vovovoawo ƒe teƒeteƒewo keŋ de keke atsiaƒua gbɔ ɖaa ke. Mekpɔ gbagblaxetsu ɖeka aɖe wònɔ agba sam le yame ʋĩi. Le adzɔge ɖaa la, mekpɔ ati aɖewo siwo xa hetro la wonɔ dzedzem le alilikpoa ƒe yɔyrɔe nu abe amegã ɖeɖiwo ene, eye womimi ɖe wo nɔewo ŋu hetrɔ megbe de afi si ya ƒona tso.

Xexlẽdzesi mele aƒewo dzi o, eye womena ŋkɔ ablɔwo hã le kɔƒenuto sia me o. Adrɛs si ko menya na ŋutsu siae nye nuto kple aƒe si me wòle ƒe ŋkɔ. Taɖodzinu gbãtɔ si nɔ asinyee nye be madze agbagba akpɔ dua ƒe posudzikpɔla, si nye ame si ate ŋu anya afi si ame sia ame le. Le miniti 30 megbe la, meva ke ɖe posudɔwɔƒea ŋu, si nye aƒe aɖe ƒe xɔnugoe ɖeka si ŋu wotrɔ asi le wòzu dɔwɔƒe. Woŋlɔ klã ɖe ʋɔtrua dzi be: “Míekpã.” Eya ta mebia mɔ ta se le fiasetɔ aɖe gbɔ, eye wòfia mɔm yi ɖe nuto si me yim mele la gbɔ lɔƒo.

Le ʋukuku kilometa enyi aɖewo megbe la, meke ɖe dzesidonu gbãtɔ si wofiam la ŋu—kɔna aɖe si bi ɖe ɖusi me kple emegbe, mɔ lɛ aɖe si dze ɖe mia me. Meƒo aƒe aɖe si le afi ma ƒe agbo. Nyagã aɖe do va hegblɔ nam adegbeƒoƒotɔe be afi mae yenɔ le yeƒe agbenɔɣi katã, ke hã, ete ɖe edzi vevie be yemenya afi si ŋutsu si dim menɔ la le o. Egblɔ be yeaƒo ka na ame aɖewo eye wòkpem be mage ɖe eme.

Esi wònɔ nu ƒom le telefon la dzi la, enɔ fiyem nɔ kpɔkpɔm, ɖewohĩ esi menya ame si menye kple nu si dim menɔ o ta. Mekpɔ Maria ƒe kpetata le ʋɔtrua ŋu, eye woklã Kristo ƒe foto gã aɖe ɖe glia ŋu. Rosario aɖe hã nɔ dzodoƒekplɔ̃a dzi. Be mana wòaɖe dzi ɖi la, megblɔ nɛ ko be, “Mexɔ gbedeasi vevi aɖe tso xɔlɔ̃ aɖewo gbɔ va nɛ.”

Srɔ̃a ŋutsu hã va te ɖe mía ŋu eye wòte nutoa ƒe ŋutinyawo gbɔgblɔ nam. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, nyagã la mete ŋu ke ɖe nu si dim wònɔ la ŋu le kaƒoƒo gbãtɔa me o, ke hã eƒoe ɖe nunye be malala ne yeagayɔ ame bubuwo. Edze abe ame aɖeke mese ŋutsu si dim mele la ƒe ŋkɔ kpɔ loo alo nya aƒe si me wòle la o ene. Mekpɔ nye gaƒoɖokui me. Fifia zã nɔ dodom. Mekpɔe be ahiã be magava di amea ɣebubuɣi. Meda akpe na wo ɖe woƒe kpekpeɖeŋua ta, eye mege ɖe nye ʋua me hegatrɔ dze mɔ legbe si mezɔ va la dzi ɖo ta aƒe.

Megatrɔ va le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Fifia ya medo go posudzikpɔlaa eye wòfia mɔam nyuie. Le miniti 15 megbe la, meke ɖe mɔdzeve si wòɖɔ nam la ŋu. Mebi to mia me, eye meyi ŋgɔ gatrɔ va megbe zi gbɔ zi geɖe henɔ dzesidonu bubu, si nye tsitoƒedzisasrã xoxo aɖe si wotsɔ kpe tui la dim. Gake ɖeko wòglo. Meva ke ɖe dzesidonu mamlɛa ŋu mlɔeba, eye aƒe si megba vudri hezã ɣeyiɣi geɖe nɔ didim la nɔ togbɛ si wofiam la tame.

Metɔ sẽe hebu ale si magblɔ nya nyuia na ameae la ŋu. Ŋutsu tsitsi aɖe ʋu agboa. Egblɔ nam be: “Taflatsɛ aƒe si dim nèle lae nye ema le afi mɛ ɖaa.” Efia asi aƒe aɖe si ŋkume atiwo xe. Metsɔ kakaɖedzi zɔ yi heƒo agboa. Esi menɔ lalam la, metrɔ nɔ Atlantik Ƒugã si gbɔ medidi boo o la kpɔm. Ya si nɔ ƒoƒom la nu vanɔ sesẽm ɖe edzi, eye ƒutsotsoe siwo fu ɣie la va nɔ go ƒom ƒuta dzeani si didi kilometa geɖe la. Ame aɖeke menɔ aƒea me o, eye nyemekpɔ ame aɖeke le nutoa me hã o.

Megazɔ mɔ yi nuto sia me zi eve bubu hafi va ke ɖe ɖekakpui aɖe ŋu. Egblɔ nam be: “Aƒe si dim nèle la tututue nye esia, gake ame si nɔ aƒea me tsã, si nye ŋutsu si dim nèle la, ʋu dzo, eye nyemenya afi si wòʋu yi o.” Megblɔ nu si tae meva la nɛ, eye mekpɔe be Yehowa Ðasefowo meɖo dze kpli kpɔ o. Woda adzoe kpɔ, eye wònɔ didim be yeanya nu si tae Mawu ɖe mɔ nu madzɔmadzɔ ma kple bubuwo dzɔna. Etsɔ dzidzɔ xɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazine yeye siwo ƒo nu tso nu mawo tututu ŋu la.

Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be míaku kutri le dzianukwaretɔwo didi me. Nublanuitɔe la, nyemeke ɖe ŋutsu si dim menɔ la ŋu o. Togbɔ be ele nenema hã la, nyemebui be medze agbagba dzodzro o. Le Ireland la, ame geɖe di vevie be yewoasrɔ̃ nu tso Fiaɖuƒegbedeasia ŋu, eye le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, nyateƒea ƒe ku sue siwo ge ɖe ɖekakpui sia me la ate ŋu ava tse ku gbe ɖeka.