Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Siwo Ŋu Ahom Gblẽ Nu Le Le Myanmar La Kpɔ Kpekpeɖeŋu

Ame Siwo Ŋu Ahom Gblẽ Nu Le Le Myanmar La Kpɔ Kpekpeɖeŋu

Ame Siwo Ŋu Ahom Gblẽ Nu Le Le Myanmar La Kpɔ Kpekpeɖeŋu

LE May 2, 2008 dzi la, ahom sesẽ si nye Nargis gblẽ nu le Myanmar vevie, si na nudzɔdzɔ ma ŋu nya dze le nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe ŋgɔgbekpawo dzi le dukɔ geɖewo me. Woka nya ta be ame siwo ade 140,000 sɔŋue ku alo bu le ahom sesẽ si tu eye wòna atsiaƒu me tsiwo va ɖe Irrawaddy Delta nutoa katã la ta.

Nukutɔe la, Yehowa Ðasefo gbogbo siwo le nuto mawo me la dometɔ aɖeke metsi eme o. Nu si koŋ na wotsi agbee nye be woyi ɖadi sitsoƒe le woƒe Fiaɖuƒe Akpata siwo wotu nyuie la me. Le teƒe siawo dometɔ ɖeka la, Ðasefo 20 kple nutoa me tɔ 80 bubuwo de Fiaɖuƒe Akpata aɖe tame henɔ afi ma gaƒoƒo asieke sɔŋ le esi tsia ɖɔ va dzi meta 5 sɔŋ ta. Wo katã wotsi agbe. Nublanuitɔe la, ame 300 bubuwo ku le kɔƒedu ma me. Le du siwo le nuto ma me dometɔ geɖe me la, Fiaɖuƒe Akpatawo koe nye xɔ siwo gakpɔtɔ nɔ tsitrenu.

Ŋkeke eve le ahom sesẽa ƒe tutu megbe la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Yangon la ɖo kpekpeɖeŋunahawo aɖe ɖe hame si le Bothingone, le afi si tɔsisi aɖe dze alɔ vovovowo to. Kpekpeɖeŋunala siawo zɔ mɔ to nuto siwo me nu geɖe gblẽ le la hedze agbagba ƒo asa na adzodalawo, eye woto ame kuku siwo ƒe ŋutilã te vovo la ŋu hetsɔ kpekpeɖeŋunu siwo nye mɔli, makaroni, tsi, kple bosomikaɖiwo yi Bothingone dedie. Woawoe nye kpekpeɖeŋunaha gbãtɔ si tsɔ nuhiahiãwo yi nuto ma me. Esi wotsɔ kpekpeɖeŋunuawo na Ðasefo siwo le nutoa me vɔ megbe la, woƒo nuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi la tsɔ de dzi ƒo na wo, eye wogblẽ Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo ɖi na wo, elabena ahom la gblẽ woƒe nunɔamesiwo katã dome.

Nɔnɔme si Ðasefo siwo ŋu ahom la gblẽ nu le ɖe fia la ɖe dzesi ale gbegbe. Wo dometɔ aɖe si le hame aɖe si le Irrawaddy nuto si ŋu ahom la gblẽ nu le vevie me la gblɔ be: “Míaƒe nunɔamesiwo katã dome gblẽ. Míaƒe aƒewo katã gbã. Míaƒe agblemenukuwo katã gblẽ keŋkeŋ. Tsiɖɔɖɔa na tsi nyuiwo katã meganyo na nono o. Ke hã, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo metsi dzodzodzoe abe nutoa me tɔ bubuwo ene o. Woɖo ŋu ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu. Míawɔ ɖe mɔfiame ɖe sia ɖe si woana mí la dzi le míaƒe kɔƒedua me loo alo le afi bubu ɖe sia ɖe si míaʋu ayi.”

Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si me ame 30 le, siwo hã bu woƒe nunɔamesiwo katã la, tsɔ dzidzɔ nɔ Fiaɖuƒehawo dzim le woƒe gaƒoƒo ewo ƒe mɔzɔzɔ yi afi si kpekpeɖeŋunahawo dzra nuɖuɖu, nudodowo, kple nɔƒe ɖo ɖi na wo la. Hafi woaɖo teƒea la, wose be Yehowa Ðasefowo le nutome sue takpekpe wɔm le du aɖe si gogo afi ma la me. Wotso nya me be yewoayi takpekpea gbã bene yewoate ŋu axɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu ahase vivi le hadede kple Kristotɔwo me.

Le nuto siwo katã ŋu ahom la gblẽ nu le me la, nu gblẽ le Ðasefowo ƒe aƒe 35 ŋu keŋkeŋ, eye nu gblẽ le woƒe aƒe 125 bubuwo hã ŋu vie, eye woƒe Fiaɖuƒe Akpata 8 hã hiã dzadzraɖo ʋɛ aɖewo. Dzidzɔtɔe la, nu boo aɖeke megblẽ le alɔdzedɔwɔƒea ŋu o.

Gbã la, ati gã siwo mu dze mɔdodo siwo te ɖe alɔdzedɔwɔƒea ŋu dzi la wɔe be ame aɖeke mate ŋu ava teƒea alo atso afi ma ayi afi aɖeke o. Gaƒoƒo ʋɛ aɖewo le ahom la ƒe tutu megbe la, ame siwo wu 30 tso alɔdzedɔwɔƒea yi ɖakpe asi ɖe atiawo ɖeɖeɖa le mɔdodoawo dzi ŋu. Esi wonɔ dɔa wɔm la, ɖeko amewo ke nu ɖe te le adzɔge nɔ wo kpɔm. Le ɣeyiɣi ʋɛ aɖe megbe la, nyɔnu Ðasefo aɖewo tsɔ nu nono fafɛwo kple atikutsetse viviwo vae na dɔwɔlawo kple ame bubu siwo nɔ afi ma, siwo nu bliboa wɔ nuku na ale gbegbe la, be woano. Esi nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe kpɔ nu si nɔ edzi yim teƒe la, ebia be, “Ame kawoe nye esiawo le dɔ wɔm veviedodotɔe alea?” Esi wogblɔ ame siwo wonye la nɛ la, egblɔ be, “Anyo ŋutɔ ne ame geɖe ate ŋu aɖe nɔnɔme ɖɔʋu sia tɔgbi afia abe Yehowa Ðasefowo ene!”

Ðasefowo ɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti eve enumake be woakpɔ kpekpeɖeŋunadɔawo dzi le dukɔa ƒe nuto vovovowo me. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla alafa geɖewoe wɔ dɔ le kpekpeɖeŋunahawo me. Le ŋkeke ʋɛ aɖewo ko me la, wotu aƒe yeyewo na Ðasefo siwo si aƒe megale o. Esi kpekpeɖeŋunaha aɖe va ɖo be yewoatu aƒe yeye na Ðasefo aɖe la, ɖeko nutoa me tɔwo ƒe nu ku. Aƒelika aɖe gblɔ be: “Nyɔnu Ðasefo sia ƒe sɔlemetɔwo va le eƒe aƒea gbugbɔ tum nɛ. Gake xɔ̃nye Buddhatɔwo dometɔ aɖeke meva na kpekpeɖeŋum o. Ðe wòle be mazu Ðasefo esime wòɖe gbeƒã nam hafi!”

Esi xɔtulawo kple kpekpeɖeŋunakɔmitia yi ɖalé ŋku ɖe aƒe aɖe si dome gblẽ keŋkeŋ kloe ŋu le Thanlyn la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ esi Ðasefowo ƒe ƒome ma gblɔ na wo be: “Naneke medzɔ o. Ale si míaƒe aƒea le la nyo. Míate ŋu anɔ eme, maɖe fu na mí kura o! Aƒe mele Ðasefo aɖewo si kura gɔ̃ hã o. Miyi ɖakpe ɖe woawo boŋ ŋu!”

Le Yangon ƒe nuto aɖe me la, ame aɖewo yi ɖadi sitsoƒe le nutoa me sɔlemexɔ aɖe me. Gake sɔlemexɔa ƒe ʋɔtru nɔ dodo eye ame aɖeke mate ŋu age ɖe eme o. Dzi ku ameawo ale gbegbe be wodi be yewoagbã ʋɔtrua. To vovo na esia la, Yehowa Ðasefowo kpe ɖe ame geɖewo ŋu wokpɔ sitsoƒe le Fiaɖuƒe Akpatawo me esime ahom la nɔ tutum. Le kpɔɖeŋu me, le Fiaɖuƒe Akpata aɖe si le Dala me la, Ðasefo atsu kple asi aɖewo lɔ̃ xɔ aƒelika 20 aɖewo siwo nɔ sitsoƒe dim va do. Esi ŋu ke la, aƒe aɖeke menɔ ƒome siawo si si me wòatrɔ ayi o, eye dɔ hã nɔ wo wum. Ðasefo srɔ̃ŋutsua kpɔ ame aɖe wònɔ mɔli dzram eye wòƒle agbɔsɔsɔme si asu na ameawo katã.

Ƒome aɖe si le Yangon la me tɔ aɖewo nye Yehowa Ðasefowo, evɔ bubuwo ya dea sɔleme bubuwo. Esi ahom la nu tso la, ƒome sia me tɔwo katã de kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me. Nu kae na? Ƒomea me tɔ aɖe ɖe nu me be: “Míaƒe sɔlemetɔwo gblɔ be yewoava srã mí akpɔ le ahom la megbe, gake womeva o. Ðasefowo koe va. Miena mɔli kple tsi mí. Mieto vovo tso sɔlemeha bubuawo gbɔ kura!” Ƒometɔ siawo siwo menye Ðasefowo o la kpɔ dzidzɔ ɖe Gbetakpɔxɔ me nyati si nye “Yehowa Sea Míaƒe Ɣlidodowo” si me wodzro gbe ma gbe la ŋu ŋutɔ, eye woɖo nya geɖewo ŋu kura gɔ̃ hã.

Kwasiɖa ɖeka le ahom la ƒe tutu megbe la, nyɔnu aɖe si Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kplii la de woƒe hame ƒe kpekpe aɖe. Le kpekpea me la, woxlẽ lɛta aɖe si tso alɔdzedɔwɔƒea, si me wogblɔ nu siwo wote ŋu wɔ tsɔ na kpekpeɖeŋu ame siwo tsi agbe le ahom la ƒe nugbegblẽ me hegblɔ nu siwo me ame siawo dometɔ aɖewo to la hã. Esi wonɔ lɛtaa xlẽm la, nyɔnu sia te avifafa. Esi wòse be wodo afɔ na Ðasefoawo katã henya be wo katã wole dedie la, edzɔ dzi nɛ eye wòwɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Emegbe wotsɔ kpekpeɖeŋununana aɖewo nɛ, eye wotu avɔgbadɔ nɛ ɖe eƒe aƒea gbɔ. Egblɔ be yese le ye ɖokui me be Ðasefoawo tsɔ ɖe le eme na ye vavã.

Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Eye nusrɔ̃la Yakobo hã na wòdze ƒãa be ele be woatsɔ dɔwɔwɔ nyuiwo akpe ɖe xɔse vavãtɔ ŋu. (Yakobo 2:14-17) Yehowa Ðasefowo wɔa nya mawo dzi tso dzi blibo me hedzea agbagba be yewoaɖe lɔlɔ̃ ma tɔgbi afia to kpekpeɖeŋunana atsɔ akpe asi ɖe ame siwo hiã tu la ŋu me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]

Biblia gblɔ be ele be woatsɔ dɔwɔwɔ nyuiwo akpe ɖe xɔse vavãtɔ ŋu