Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ati ‘Si Ƒe Aŋgbawo Melũa Xe O’

Ati ‘Si Ƒe Aŋgbawo Melũa Xe O’

Ati ‘Si Ƒe Aŋgbawo Melũa Xe O’

ÐE NÈKPƆ kɔƒenuto aɖe si me ati nyui dama geɖewo xɔ aƒe ɖo la kpɔa? Àlɔ̃ ɖe edzi godoo be nukpɔkpɔ lédziname aɖe ŋutɔe wònye. Ne èkpɔ ati gã dama geɖewo le nuto aɖe me la, ɖe nàsusu be ku le ɖiɖim le nutoa mea? Kura o. Ke boŋ anya zi ɖeka be tsi geɖe le nutoa me si na ŋusẽ le atiawo ŋu eye wode ama nyuie.

Eya ta esɔ nyuie be Biblia tsɔ ame siwo si tenɔnɔ nyui le le Mawu ŋku me la sɔ kple ati gã damawo. Le kpɔɖeŋu me, bu nya lédziname siawo siwo le Psalmo gbãtɔ ƒe kpukpui etɔ̃ gbãtɔawo me ŋu kpɔ:

‘Woayra ame si mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, ame si metsia tsitre ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ dzi o, eye menɔa anyi ɖe fewuɖulawo ƒe ha me o; ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli. Eyama ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nu sia nu si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!’

Míexlẽ nya mawo tɔgbi le Yeremiya 17:7, 8 be: “Woayra ŋutsu, si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu, ame [si] ƒe nu ɖoŋuɖeŋua enye Yehowa! Eyama le abe ati, si wodo ɖe [tɔwo] to, eye wòɖe ke ɖe tɔʋu ŋu la ene; ne ŋdɔ le vevem la, mevɔ̃na o, eye eƒe aŋgbawo dea ama; ne ku ɖi hã, metsia dzimaɖi o, eye wònɔa tsetse dzi ɖaa.”

Le teƒe eve siawo katã la, wozã atiwo tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na ale si nuwo va nɔna na ame si wɔa nu dzɔdzɔe, hekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe sewo ŋu, eye wòɖoa ŋu ɖe eŋu bliboe. Esia fɔ biabia sia ɖe te be, Mɔ kawo nue ame ma le abe ati dama ene le le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu? Mina míadzro kpukpui siawo me tsitotsito.

‘Wodo Wo Ðe Tɔʋuwo To’

Wogblɔ le ati siwo ŋu woƒo nu tso la ŋu be wodo wo “ɖe tɔʋuwo to” alo ‘ɖe tɔwo to,’ ke menye ɖe tɔ alo tɔʋu ɖeka aɖe ko to o. Wozã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia tɔgbi le Yesaya 44:3, 4, afi si Yehowa Mawu ƒo nu tso ale si wòalé be na Yudatɔ trɔdzime siwo trɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon la ŋu le. Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Maƒo tsi ɖe kuɖiɖinyigba dzi kple tɔʋuwo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. . . . Ne woamie abe gbe ene, abe amuti le [tɔwo] to ene.” Le afi sia la, woƒo nu tso “tɔʋuwo” alo “tɔwo” ŋu be wona ame siwo Mawu fiaa mɔe la tsina abe amuti damawo ene.

Egbea gɔ̃ hã la, àte ŋu akpɔ tɔʋuwo kple tɔwo woanɔ sisim tso tsidzɔƒe gãwo abe vudo goglowo, tɔsisi gãwo, tawo, alo tsixaɖoƒe gãwo ene me le agbledenutowo me. Zi geɖe la, ɖee tɔʋu kple tɔ siawo nyea tsiʋe siwo woɖe va agble sue kple gãwo me tsɔ dea tsi wo. Ɣeaɖewoɣi la, woɖea tsiʋe siawo yia atikutsetsebɔwo me. Eye ɣeaɖewoɣi la, tsiʋe siawo toa nukugblewo kple ati gã dama siwo wodo ɖe ɖoɖo nu le agblea to, ɖewohĩ hezua liƒo, la dome hedea tsi wo.

Aleke ati siwo wodo ɖe tɔʋu mawo to la wɔnae? Psalmo 1:3 ƒo nu tso ati “si tsena le etseɣi” ŋu. Le afi siwo woŋlɔ Biblia le la, gbotiwo, yevuboɖatiwo, atɔtɔŋutitiwo, ayedetiwo, kple amitiwo nɔ anyi. Togbɔ be gboti ate ŋu akɔ abe meta 9 ene, eye eƒe alɔdze vovovoawo ate ŋu adidi hã la, ati tseku bubuawo dometɔ akpa gãtɔ mekɔna o. Ke hã, wote ŋu dea ama hewɔna nyuie eye wotsea ku geɖe le wo tseɣi.

Le blema ɣeyiɣiwo me la, amuti gãwo tsina le tɔsisiwo kple tɔʋuwo to le Siria kple Palestina nutowo me. Zi geɖe ne woƒo nu tso amutiwo ŋu le Biblia me la, woyɔna wo tɔna ɖe tɔwo kple ‘tɔʋubaliwo’ ŋu. (3 Mose 23:40NW) Amuti ƒomevi aɖe hã tea ŋu miena ɖe teƒe siwo tsi geɖe le. (Xezekiel 17:5) Ati gã dama siawo nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na nya vevi si dzi hakpalaa kple Yeremiya siaa nɔ gbe tem ɖo be: Ame siwo dina be yewoawɔ Mawu ƒe sewo dzi heɖoa ŋu ɖe eyama ŋu bliboe la anɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu, ‘eye nu sia nu si wowɔna la adze edzi nyuie.’ Ðe menye nu sia—dzidzedzekpɔkpɔ le agbe me—ye míedi oa?

Dzidzɔkpɔkpɔ Ðe Yehowa Ƒe Se Ŋu

Egbea la, ame geɖe dia dzidzedzekpɔkpɔ to mɔ vovovowo nu. Wotiaa nu siwo ana woaxɔ ŋkɔ alo azu kesinɔtɔ la yome vevie, evɔ zi geɖe la, dzi ɖena le wo ƒo le esi womete ŋu ɖoa taɖodzinu siawo gbɔ o ta. Ke nu kae ate ŋu ahe dzidzeme kple dzidzɔkpɔkpɔ si anɔ anyi ɖaa la vɛ na ame le agbe me? Ŋuɖoɖoa dze le Yesu ƒe Todzimawunya la me. Egblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” (Mateo 5:3) Nyateƒee, ekpɔkpɔ adze sii be gbɔgbɔmenuwo hiã mí eye be ehiã be míanɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu, si sɔ kple nɔnɔ abe ati dama siwo tsea ku le etseɣi ene, ye naa wokpɔa dzidzɔ vavãtɔ, ke menye kesinɔnu geɖe ƒe amesisusu o. Alekee míawɔ be nu nadze edzi na mí le gbɔgbɔ me?

Hakpalaa ƒe nyawo ɖee fia be nanewo li siwo wòle be míaƒo asa na gbã. Eƒo nu tso “ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo,” ‘nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ,’ kple “fewuɖulawo ƒe ha” ŋu. Be míakpɔ dzidzɔ la, ehiã be míaƒo asa na fewuɖulawo alo ame siwo gbea Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ.

Azɔ hã, ele be míakpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se ŋu. Ne míekpɔa dzidzɔ ɖe nane alo dɔ aɖe ŋu la, míedia mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe be míakpɔ gome le eme, alo menye nenemae oa? Eya ta dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe sea ŋu fia ŋudzedzekpɔkpɔ deto ɖeɖe fia ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu, didi be míasrɔ̃ nu geɖe wu tso eŋu, eye be míase egɔme nyuie wu.

Mlɔeba la, ehiã be ‘míade ŋugble tso Mawu ƒe se la ŋu zã kple keli.’ Esia fia Biblia xexlẽ edziedzi kple ŋugbledede tso nu si míexlẽna ŋu. Ele be míase le mía ɖokui me tso Mawu ƒe Nya la ŋu abe hakpalaa ene, esi wòdzi ha be: “Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wònye ɖaa.”—Psalmo 119:97.

Nyateƒee, ne Yehowa Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ su mía si eye míeva se eyama gɔme nyuie heva ka ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ŋugbedodowo dzi bliboe la, ɖikeke mele eme o be ƒomedodo nyui anɔ mía kplii dome. Esia awɔe be míava nɔ abe dzidzɔme si ŋu hakpalaa ƒo nu tso la ene—‘nu sia nu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu, alo edzea edzi nɛ nyuie!’