Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lazaro Ƒe Tsitretsitsi

Lazaro Ƒe Tsitretsitsi

Na Sɔhɛwo

Lazaro Ƒe Tsitretsitsi

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ YOHANES 11:1-45.

Seselelãme kae nède dzesii le Marta ŋu esi nèxlẽ kpukpui 21 lia, eye seselelãme kae nède dzesii le Maria hã ŋu esi nèxlẽ kpukpui 32 lia?

․․․․․

Aleke nèkpɔ seselelãme deto si Yesu ɖe fia si ŋu woƒo nu tso le kpukpui 33 lia kple 35 lia me la ɖa le susu mee?

․․․․․

Dze agbagba nàkpɔ ale si Lazaro kple ame bubu siwo nɔ afi ma ase le wo ɖokui me ku ɖe nu si ŋu woƒo nu tso le kpukpui 43 lia kple 44 lia me ŋu la ɖa le susu me.

WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆE.

Tso afi si Yesu nɔ yi Betania anye ŋkeke eve ƒe mɔzɔzɔ. Ke nu ka tae Yesu gatsi afi si wònɔ la ŋkeke eve ɖo? (Gaxlẽ kpukpui 6 lia.)

․․․․․

Alekee Biblia ɖee fia be Maria kple Marta siaa tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu? (Luka 10:38, 39; Yohanes 11:24)

․․․․․

Nu ka tae Yesu fɔ amewo ɖe tsitre togbɔ be woagaku ake? (Marko 1:41, 42; Yohanes 5:28, 29; 11:45)

․․․․․

TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI . . .

Ŋutete kple didi si le Yesu me be wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre.

․․․․․

Ale si gbegbe Yesu ɖea dɔmetɔtrɔ fiaa ame siwo le nu xam.

․․․․․

AME KAE NÀDI BE YEADO GOE ALO AGAWƆ ÐEKA KPLI LE TSITRETSITSIA ME?

․․․․․

NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?

․․․․․