Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Menya Woƒe Fukpekpewo”

“Menya Woƒe Fukpekpewo”

Te Ðe Mawu Ŋu

“Menya Woƒe Fukpekpewo”

2 Mose 3:1-10

“KƆKƆE, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa.” (Yesaya 6:3) Nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la ɖe ale si gbegbe Yehowa Mawu le dzadzɛ hele kɔkɔe la fia. Àbia be, ‘Ðe ale si gbegbe wòle kɔkɔee la wɔe be metsɔa ɖeke le eme na mí o eye míate ŋu ate ɖe eŋu oa? Ðe Mawu si le kɔkɔe alea ate ŋu atsɔ ɖe le eme na nye ame si nye nu vɔ̃ wɔla kple ame madeblibo la ŋutɔŋutɔa?’ Na míadzro kakaɖedzinya siwo Mawu gblɔ na Mose la me akpɔ, le 2 Mose 3:1-10.

Esi Mose nɔ alẽ kplɔm gbe ɖeka la, ekpɔ nu madzɔkpɔ aɖe—ŋuve aɖe le bibim “gake mele fiafiãm o.” (Kpukpui 2) Esia wɔ nuku nɛ, eya ta ete ɖe eŋu be yeakpɔ nu si ta menɔ fiafiãm o la ɖa. Yehowa ƒo nu to mawudɔla aɖe dzi na Mose le dzobibi la me gblɔ be: ‘Megate va afi sia o, ɖe wò atokotawo le afɔ; elabena anyigba, si dzi nèle la, teƒe kɔkɔee!’ (Kpukpui 5) Wò ya bu eŋu kpɔ ko—esi ŋuve bibi la nɔ te ɖi na Mawu kɔkɔe la ƒe afi ma nɔnɔ ta la, efia be anyigba la ŋutɔ hã nɔ kɔkɔe!

Susu aɖe tae Mawu kɔkɔe la nɔ nu ƒom kple Mose ɖo. Mawu gblɔ be: ‘Mekpɔ ale si wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ɛ̃, menya woƒe fukpekpewo.’ (Kpukpui 7) Menye ɖe Mawu menya eƒe amewo ƒe fukpekpe o; eye menye ɖe mele woƒe ɣlidodowo sem o. Ke boŋ woƒe vevesese nye eya hã ƒe vevesese. De dzesii be Mawu gblɔ be: “Menya woƒe fukpekpewo.” Numekugbalẽ aɖe gblɔ ku ɖe nyagbe “menya” ŋu be: “Efia ame ŋutɔ ƒe seselelãme ɖe nane ŋu, beléle na ame, kple dɔmetɔtrɔ ɖe ame ŋu.” Nya siwo Yehowa gblɔ na Mose la fia ale si gbegbe Mawu sea veve ɖe ame nu kple ale si wòtsɔa ɖe le eme na amee.

Nu kae Mawu awɔ? Menye ɖeko wòkpɔ nublanui alo se veve ko evɔ o. Eʋãe wòwɔ afɔɖeɖe. Eɖoe be yeaɖe yeƒe amewo tso Egipte ahakplɔ wo ayi “anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la dzi. (Kpukpui 8) Eya ta Yehowa de dɔ asi na Mose hegblɔ nɛ be: ‘Kplɔ nye dukɔ dzoe le Egipte.’ (Kpukpui 10) Mose wɔ ɖe eƒe gbe dzi, eye wòkplɔ Israel viwo dzoe le Egipte le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me.

Yehowa metrɔ o. Esubɔla siwo li egbea hã ate ŋu aka ɖe edzi be ekpɔa fu siwo kpem yewole eye wòsea yewoƒe ɣlidodowo. Enya fukpekpe siwo me tom wole. Gake menye ɖeko Yehowa ƒe dɔme trɔ ɖe esubɔlawo ŋu ko evɔ o. Mawu si tsɔa ɖe le eme na ame la wɔ afɔɖeɖea heɖe eƒe amewo, elabena ‘eléa be na wo.’—1 Petro 5:7.

Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ alea na susu si ta mɔkpɔkpɔ anɔ mía si ɖo la mí. Le eƒe kpekpeɖeŋu me la, mí ame madeblibowo hã míate ŋu anɔ kɔkɔe eye wòakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. (1 Petro 1:15, 16) Nyɔnu Kristotɔ aɖe si nɔ aʋa wɔm kple blanuiléle kple dziɖeleameƒo la kpɔ akɔfafa le Mose ƒe nuteƒekpɔkpɔ le ŋuvea gbɔ ƒe nuŋlɔɖia me. Egblɔ be: “Ne Yehowa ate ŋu ana ke si le anyigba gɔ̃ hã nanɔ kɔkɔe la, ke ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ aɖe kpɔtɔ le asinye. Nufiame sia kpe ɖe ŋunye geɖe ŋutɔ.”

Ðe esia meʋã wò be nàsrɔ̃ nu geɖe tso Mawu kɔkɔe Yehowa ŋu oa? Àte ŋu anɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii, elabena Yehowa ‘nya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.’—Psalmo 103:14.