Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu ka tae Yesu zã nya “Abba, Fofo” esi wònɔ gbe dom ɖa na Yehowa?

Aramgbe me nya si nye ʼab·baʼʹ ate ŋu afia “fofo la” alo “O Fofo.” Le teƒe etɔ̃ siwo katã nya sia dze le le Ŋɔŋlɔawo me la, wozãe wònye gbedodoɖa ƒe akpa aɖe, eye wokuna ɖe mía Fofo si le dziƒo, Yehowa, ŋu. Gɔmesese vevi kae nɔ nya sia ŋu le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi?

Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Le amewo ƒe gbe sia gbe nuƒoƒowo me le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, ɖeviwo zãa nya ʼabbāʼ zi geɖe na wo fofowo wònyea ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple bubudede ame ŋu ɖeɖe fia ƒe dzesi.” (The International Standard Bible Encyclopedia) Enyea nya si ɖeviwo zãna tsɔ ɖea numalɔ̃malɔ̃ le ame gbɔ fiana, eye wònyea nya gbãtɔ siwo wosrɔ̃na la dometɔ ɖeka. Yesu zã nya sia le gbe aɖe si wòdo ɖa vevie na Fofoa tso dzi blibo me la me. Le Getsemane bɔa me, gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ teti na Yesu ƒe ku la, etsɔ nya siawo do gbe ɖa na Yehowa be “Abba, Fofo.”—Marko 14:36.

Numekugbalẽ si míeyɔ fifi laa la yi edzi gblɔ be: “ʼAbbāʼ zazã le nuƒoƒo na Mawu me nye nu si mebɔ kura le Yudatɔwo ƒe agbalẽwo me le Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe dziɖuɣiwo o; ɖewohĩ le esi nya sia zazã na Mawu adze abe hababa eyama alo bubumademade eŋu ene ta.” Gake “Yesu . . . ƒe nya sia zazã le gbedodoɖa me nye kpeɖoɖo ale si wògblɔ be yele ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu la dzi.” Teƒe eve bubu siwo wozã nya “Abba” sia le le Ŋɔŋlɔawo me—siwo katã dze le agbalẽ siwo apostolo Paulo ŋlɔ me—la ɖee fia be ƒe alafa gbãtɔa me Kristotɔwo hã zãe le woƒe gbedodoɖawo me.—Romatɔwo 8:15; Galatiatɔwo 4:6.

Nu ka tae woŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo le Helagbe me?

Apostolo Paulo gblɔ be Yudatɔwoe “wotsɔ Mawu ƒe nya kɔkɔeawo” de asi na. (Romatɔwo 3:1, 2) Esia tae woŋlɔ Biblia ƒe akpa gbãtɔa ƒe akpa gãtɔ ɖe Hebrigbe, si Yudatɔwo dona la me ɖo. Gake woŋlɔ Kristotɔwo ƒe Ŋɔŋlɔawo ya ɖe Helagbe me. * Nu ka tae?

Le ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. me la, Aleksanda Gãtɔ ƒe asrafowo doa Helatɔwo ƒe gbe xoxoa ƒe gbetagbe vovovo siwo ŋu wonɔ asi trɔm le be wòazu Koine, si nye Helagbe si ame geɖe dona. Aleksanda ƒe aʋadziɖuɖuwo wɔ akpa vevi aɖe le ale si Koine va zu dukɔwo dome gbegbɔgblɔ la me. Kaka aʋadziɖuɣi mawo naɖo la, Yudatɔwo kaka ɖe dukɔ geɖewo me. Wo dometɔ geɖewo metrɔ yi Palestina tso woƒe aboyomenɔnɔ le Babilon, si wu enu ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la me o. Esia wɔe be Yudatɔ geɖewo megate ŋu doa Hebrigbe akuakua o, eye wova doa Helagbe boŋ. (Dɔwɔwɔwo 6:1) Wova ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe Koine me, si va nye Septuagint Biblia la, be Yudatɔ siawo nate ŋu axlẽe.

Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be gbegbɔgblɔ bubu aɖeke “mede ame dzi, si wote ŋu zãna le mɔ vovovowo nu, si ame geɖe dona, eye wòde du de Helagbe nu ɣemaɣi o.” (Dictionnaire de la Bible) Esi gbea de to, si naa wotea ŋu kpɔa nya siwo woazã na nu sia nu, eye gbeŋutisea kple dɔwɔnyawo de to hewɔe be nyawo kpɔkpɔ na gɔmesese vovovo siwo te ŋu nɔa nya ɖeka aɖe si nɔa bɔbɔe ta la, enye “gbe si sɔ nyuie, si ame ƒomevi geɖewo zãna le ɣeyiɣi mawo me tsɔ naa nyatakaka wo nɔewo—si tututu Kristotɔwo hiã atsɔ awɔ woƒe dɔae.” Ðe mesɔ nyuie ŋutɔ be Helagbe mee woŋlɔ Kristotɔwo ƒe gbedeasia ɖo oa?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Woŋlɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa ʋɛ aɖewo ɖe Aramgbe me. Hebrigbe mee Mateo ŋlɔ eƒe Nya Nyui Gbalẽa ɖo gbã hafi ɖewohĩ eya ŋutɔ va ɖe egɔme ɖe Helagbe me.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Helagbe me Septuagint la ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy of Israel Antiquities Authority