Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Bua Subɔsubɔ Aɖe Koŋ Be Eyae Nye Vavãtɔa?

Ðe Mawu Bua Subɔsubɔ Aɖe Koŋ Be Eyae Nye Vavãtɔa?

Dutoƒonuƒo Tɔxɛ

Ðe Mawu Bua Subɔsubɔ Aɖe Koŋ Be Eyae Nye Vavãtɔa?

Subɔsubɔha si me ame geɖewo le egbea lae nye esi me wo dzilawo dzi wo ɖo. Ame bubuwo ya ŋutɔ va tia woƒe subɔsubɔ emegbe. Ðikeke mele eme o be subɔsubɔha gbogbo aɖewo ŋutɔ li siwo dome ame ate ŋu awɔ tiatia le. Ðewohĩ èbia ɖokuiwò kpɔ be, ‘Ðe wòtsɔ le subɔsubɔha si me tɔ menye mea?’

Woaɖo biabia sia ŋu le dutoƒonuƒo si nye “Ðe Mawu Bua Subɔsubɔ Aɖe Koŋ Be Eyae Nye Vavãtɔa?” me. Woaƒo nuƒo sia si wotu ɖe Biblia dzi la le dukɔ siwo wu 230 me le xexea me godoo. Le teƒe akpa gãtɔ la, woaƒo nuƒo sia le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le nutoa me la me, le Kwasiɖagbe, April 26, 2009, dzi. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be yewoagblɔ teƒe si woaƒo nuƒo sia le kple gamea na wò. Míele kpewòm lɔlɔ̃tɔe be nàva se nuƒo vevi sia.