Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amedzidzi Yeyee—Aleke Wòdzɔnae?

Amedzidzi Yeyee—Aleke Wòdzɔnae?

Amedzidzi Yeyee—Aleke Wòdzɔnae?

MENYE amedzidzi yeyee sia ƒe vevienyenye, ame si gbɔ wòtsona, kple taɖodzinu si le eŋu la ŋu koe Yesu ƒo nu tso na Nikodemo o, ke eƒo nu tso ale si wòdzɔnae hã ŋu. Yesu gblɔ be: “Ne wometsɔ tsi kple gbɔgbɔ dzi ame o la, mate ŋu age ɖe Mawu fiaɖuƒe la me o.” (Yohanes 3:5) Eya ta tsi kple gbɔgbɔe wotsɔna gbugbɔ dzia ame. Gake nu kae nya “tsi kple gbɔgbɔ” sia fia?

“Tsi Kple Gbɔgbɔ”—Nu Kae Wonye?

Esi Nikodemo nye Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ ŋuti nunyala ta la, ɖikeke mele eme o be enya ale si wozãa nyagbɔgblɔ “Mawu ƒe gbɔgbɔ”—Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ, si ate ŋu ana ame nawɔ nu tɔxɛwo—la le Hebri Ŋɔŋlɔawo me nyuie. (1 Mose 41:38; 2 Mose 31:3; 1 Samuel 10:6) Eya ta esi Yesu zã nya “gbɔgbɔ” la, Nikodemo ase egɔme be gbɔgbɔ kɔkɔe, si nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ la ŋue wònɔ nu ƒom tso.

Ke tsi si ŋu Yesu ƒo nu tso ya ɖe? Ðo ŋku nudzɔdzɔ siwo doŋgɔ kple esi yi edzi le Yesu ƒe dzeɖoɖo kple Nikodemo megbe la dzi. Nudzɔdzɔ mawo ɖee fia be Yohanes Amenyrɔɖetsimela kple Yesu ƒe nusrɔ̃lawo siaa nɔ amewo nyrɔm ɖe tsi me. (Yohanes 1:19, 31; 3:22; 4:1-3) Ame geɖewo nya nu tso esia ŋu nyuie le Yerusalem. Eya ta esi Yesu ƒo nu tso tsi ŋu la, Nikodemo ase egɔme be nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu nya gblɔm wòle, ke menye tsi dzro ko o. *

“Gbɔgbɔ Kɔkɔe” Tsɔtsɔ Anyrɔ Ame

Ne ‘tsi tsɔtsɔ dzi ame’ fia amenyɔnyrɔ ɖe tsi me la, ke nu kae ‘gbɔgbɔ tsɔtsɔ dzi ame’ ya fia? Do ŋgɔ na Yesu kple Nikodemo ƒe dzeɖoɖoa la, Yohanes Amenyrɔɖetsimela ɖe gbeƒãe be woatsɔ gbɔgbɔ hã anyrɔ amee, ke menye tsi ɖeɖe ko o. Egblɔ be: “Metsɔ tsi nyrɔ mi, gake [Yesu ya] atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe anyrɔ mi.” (Marko 1:7, 8) Nya Nyui ŋlɔla Marko ƒo nu tso zi gbãtɔ si nyɔnyrɔxɔxɔ sia tɔgbi yi edzi la ŋu. Eŋlɔ be: “Le ŋkeke mawo me la, Yesu tso Nazaret le Galilea va, eye Yohanes nyrɔe ɖe Yordan me. Eye enumake esi wònɔ fɔfɔm tso tsia te la, ekpɔ be dziƒowo nu nɔ ʋuʋum, eye gbɔgbɔ la nɔ ɖiɖim ɖe edzi abe ahɔnɛ ene.” (Marko 1:9, 10) Esi wode Yesu Yordan tsia te la, efia be wotsɔ tsi nyrɔe. Le gaƒoƒo si me tututu gbɔgbɔa nɔ ɖiɖim ɖe edzi tso dziƒo lae wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea nyrɔe.

Anɔ abe ƒe etɔ̃ le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo kakaɖedzitɔe be: “Mele ŋkeke geɖe xɔ ge le esia megbe o la, woanyrɔ mi ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe me.” (Dɔwɔwɔwo 1:5) Ɣekaɣie nu ma dzɔ?

Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo ade 120 la ƒo ƒu ɖe aƒe aɖe me le Yerusalem. “Kasia wose nane ƒe ɖiɖi tso dziƒo abe ya sesẽ aɖee ƒo ene, eye wòxɔ aƒe si me wonɔ la katã me. Eye wokpɔ aɖe siwo le abe dzo ƒe aɖewo ene . . . , eye gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ wo katã taŋ.” (Dɔwɔwɔwo 2:1-4) Gbe ma gbe ke la, wobia tso ame bubu siwo nɔ Yerusalem si be woaxɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me. Apostolo Petro gblɔ na ameha aɖe be: “Mitrɔ dzi me, eye mina woanyrɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me hena nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke, eye miaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana faa la.” Aleke amewo wɔ nui? “Ame siwo xɔ eƒe nya la kple dzi blibo la, wonyrɔ wo, eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔ abe akpe etɔ̃ ene kpee.”—Dɔwɔwɔwo 2:38, 41.

Nyɔnyrɔxɔxɔ Ƒomevi Eve

Nu kae nyɔnyrɔxɔxɔ siawo ɖe fia tso amedzidzi yeyee la ŋu? Woɖee fia be nyɔnyrɔxɔxɔ ƒomevi eve dzie wotona dzia ame yeyee. De dzesii be wotsɔ tsi nyrɔ Yesu gbã. Emegbe exɔ gbɔgbɔ kɔkɔea. Nenema kee, wonyrɔ nusrɔ̃la gbãtɔwo hã ɖe tsi me gbã (Yohanes Amenyrɔɖetsimelae nyrɔ wo dometɔ aɖewo), eye emegbe woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la. (Yohanes 1:26-36) Nenema kee, wonyrɔ ame 3,000 siwo trɔ dzi me la ɖe tsi me gbã, eye emegbe woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la.

Ne nyɔnyrɔxɔxɔ siwo yi edzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la le susu me na mí la, alekee wòle be míakpɔ mɔ be amedzidzi yeyee la nanɔ egbea? Ele be wòayi edzi nenema ke abe ale si wònɔ le Yesu ƒe apostoloawo kple nusrɔ̃la gbãtɔwo gome ene. Gbã la, ele be ame natrɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃wo me, aɖe asi le eƒe agbenɔnɔ vɔ̃wo ŋu, atsɔ eƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa be yeasubɔe ahawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eye wòatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me aɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖea dzi le gaglãgbe. Esia megbe ne Mawu tiae be wòava nye dziɖula le Eƒe Fiaɖuƒea me la, woatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe asi ami nɛ. Ame ŋutɔe ɖea afɔ siwo hiã la le nyɔnyrɔxɔxɔ ƒomevi eve sia ƒe akpa gbãtɔ (nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me) la me; gake Mawu ŋutɔe wɔa akpa evelia ya (gbɔgbɔ kɔkɔe tsɔtsɔ nyrɔ amee). Ne wonyrɔ ame aɖe to mɔ eve siawo dzi la, ke ezu ame si wodzi yeyee.

Gake nu ka tae Yesu gblɔ le eƒe dzeɖoɖo kple Nikodemo me be ‘woatsɔ tsi kple gbɔgbɔ adzi amee’? Egblɔ nenema tsɔ nɔ gbe tem ɖe edzi be tɔtrɔ ɖedzesi aɖe ava ame siwo wotsɔ tsi kple gbɔgbɔ nyrɔe la ƒe agbe me. Nyati si kplɔe ɖo adzro amedzidzi yeyee ƒe akpa ma me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Nenema kee apostolo Petro hã gblɔ ɣeaɖeɣi ku ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu be: ‘Ðe ame aɖe ate ŋu axe mɔ ɖe tsi nua?’—Dɔwɔwɔwo 10:47.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Yohanes tsɔ tsi nyrɔ Israel vi siwo trɔ dzi me