Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amedzidzi Yeyee—Ame Ŋutɔe Tianɛa?

Amedzidzi Yeyee—Ame Ŋutɔe Tianɛa?

Amedzidzi Yeyee—Ame Ŋutɔe Tianɛa?

AME kae nana wodzia ame yeyee? Ne mawunyagblɔla aɖewo le dzi dem ƒo na woƒe nyaselawo be woazu Kristotɔ siwo wogbugbɔ dzi la, woyɔa Yesu ƒe nya siawo be: “Ele be woagbugbɔ mi adzi.” (Yohanes 3:7) Mawunyagblɔla mawo zã nya mawo abe sedede ene be, “Mina woagbugbɔ mi adzi!” Wotoa esia dzi nɔa gbɔgblɔm be ekpo ɖe xɔsetɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ gbɔ be wòawɔ ɖe Yesu ƒe nyawo dzi ahaɖe afɔ siwo hiã be woagbugbɔe adzi yeyee. Nuŋububu sia le fiafiam be ame ŋutɔe atiae be wòagbugbɔ ye adzi yeyee. Gake ɖe nukpɔsusu sia wɔ ɖeka kple nya si Yesu gblɔ na Nikodemoa?

Yesu ƒe nyaawo xexlẽ tsitotsito ana míakpɔe be Yesu mefia nu be ame ŋutɔe atiae be woadzi ye yeyee o. Nu ka tae míegblɔ nenema? Woagate ŋu aɖe Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘woagbugbɔ dzi’ la gɔme be “ele be woadzi tso dziƒo.” * Eya ta le gɔmeɖeɖe evelia sia ƒe nya nu la, amedzidzi yeyee sia “tsoa dziƒo”—‘tso Fofo la gbɔ.’ (Yohanes 19:11; Yakobo 1:17) Ɛ̃, Mawu gbɔe wòtsona.—1 Yohanes 3:9.

Ne nyagbɔgblɔ sia si nye “tso dziƒo” le susu me na mí la, nu si tae menye ame ŋutɔe tianɛ be woadzi ye yeyee o la gɔmesese anɔ bɔbɔe na mí. Wò ya de ŋugble tso ale si wowɔ dzi wò ŋu kpɔ. Wò ŋutɔe tiae be woadzi yea? Kura o! Fofowòe na wodzi wò. Nenema kee Mawu si nye mía Fofo si le dziƒo lae nana wodzia mí yeyee. (Yohanes 1:13) Eya ta apostolo Petro gblɔe wòsɔ nyuie be: “Woayra Mawu, ame si nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, elabena le eƒe nublanuikpɔkpɔ gã me la, [ena] wodzi mí yeyee.”—1 Petro 1:3.

Sededee Wònyea?

Gake ame aɖewo abia be, ‘Ne nyateƒee wònye be menye ame ŋutɔe atiae be wòagbugbɔ ye adzi o ɖe, ke nu ka tae Yesu de se be, “Ele be woagbugbɔ mi adzi” ɖo?’ Nyabiase nyui aɖee nye ema. Le nyateƒe me la, ne sededee Yesu ƒe nya mawo nye la, ke afia be èle gbe ɖem na mí be míawɔ nane si gbɔ míaƒe ŋutete ŋu. Susu manɔ eme nenema o. Ke gɔmesese kae le nyagbɔgblɔ ele be “woagbugbɔ mi adzi” ŋu?

Ŋkuléle ɖe nyagbɔgblɔ sia ŋu tsitotsito le gbegbɔgblɔ si me woŋlɔe ɖo gbã me ɖee fia be menye sededee wònye o. Ke boŋ nyateƒenya aɖe ko wònye wògblɔ. Ne míagblɔe bubui la, nyateƒenya aɖe ko gblɔmee Yesu nɔ esi wògblɔ be ele be “woagbugbɔ mi adzi,” ke menye se dem wònɔ o. Eƒe nyaa fia be, “Ele be, woadzi mi atso dziƒo.”—Yohanes 3:7, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me.

Be míase nya sia gɔme la, mina míabu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be suku geɖewo le du aɖe me. Wotrɔ asi le ɖeka ŋu be wòanye dukɔa me vidzidzi siwo le nuto aɖe koŋ si didi tso du ma gbɔ me la ƒe suku. Gbe ɖeka la, ɖekakpui aɖe si menye nuto ma me tɔ o la va gblɔ na sukua ƒe tatɔ be, “Medi be manye wò sukuviawo dometɔ ɖeka.” Sukutatɔa gblɔ nɛ be, “Be nàde sukua la, ele be nànye nuto si me sukuviawo tso la me tɔ.” Edze ƒãa be menye sededee sukutatɔa ƒe nya siawo nye o. Menye se dem wòle na sukuvia be, “Nye nutoa me tɔ!” o. Nyateƒenya, alo nudidi si gbɔ woaɖo hafi ade sukua ko gblɔmee sukutatɔa nɔ. Nenema kee, esi Yesu gblɔ be: “Ele be woagbugbɔ mi adzi” la, nyateƒenya, alo nudidi si gbɔ wòle be woaɖo hafi ate ŋu “age ɖe Mawu fiaɖuƒe la me” ko gblɔmee wònɔ.

Nya mamlɛtɔ sia si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu la do ƒome kple amedzidzi yeyee ƒe nya vevie bubu aɖe. Eku ɖe biabia si nye, Taɖodzinu kae le eŋu? la ŋuti. Ŋuɖoɖo kpɔkpɔ na biabia sia nye nu vevi aɖe si ana míase nu si wòfia be woagbugbɔ ame adzi la gɔme bliboe.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Aleae woɖe Yohanes 3:3 gɔme le Biblia gɔmeɖeɖe geɖewo me. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ le Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me me be: “Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpɔ mawufiaɖuƒe la akpɔ o.”

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Nu kawoe sɔ kple wo nɔewo le amedzidzi yeyee kple vidzidzi ŋutɔŋutɔ dome?