Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amedzidzi Yeyee—Tɔtrɔ Kae Wòhena Vanɛ?

Amedzidzi Yeyee—Tɔtrɔ Kae Wòhena Vanɛ?

Amedzidzi Yeyee—Tɔtrɔ Kae Wòhena Vanɛ?

NU KA tae Yesu gblɔ be ‘woatsɔ gbɔgbɔ adzi ame,’ esime wònɔ nu ƒom tso gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔtsɔ anyrɔ amee ŋu? (Yohanes 3:5) Ne wozã nya “dzi” wònye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ la, ke efia “gɔmedzedze,” abe ale si ko gbɔgblɔ be “wodzi dukɔ aɖe” fia tɔtrɔ ƒe gɔmedzedze yeyee aɖe na dukɔ ma ene. Eya ta nyagbe “amedzidzi yeyee” fia “gɔmedzedze yeye.” Esia ta kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siwo nye “dzi” kple “amedzidzi yeyee” la zãza le gbe tem ɖe Mawu kple ame siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe nyrɔe la dome ƒomedodo ƒe gɔmedzedze yeyee aɖe dzi. Aleke ƒomedodo me nɔnɔ ƒe tɔtrɔ blibo sia dzɔnae?

Apostolo Paulo zã ƒome aɖe me tɔ zuzu ƒe kpɔɖeŋu tsɔ ɖe ale si Mawu trɔa asi le amegbetɔwo ŋu be woava zu dziɖulawo le dziƒo la me. Eŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ anyi le eƒe ɣeyiɣia me la be Mawu ‘axɔ wo abe viwo ene,’ bene wòate ŋu awɔ nu ɖe wo ŋu “abe viawo ene.” (Galatiatɔwo 4:5; Hebritɔwo 12:7) Be míakpɔ ale si ‘amexɔxɔ abe vi ene’ ƒe kpɔɖeŋua kpena ɖe ame ŋu wòsea tɔtrɔ si ƒomevi vaa ame si wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea nyrɔe la ƒe agbe me gɔme la, gabu ɖekakpui si di be yeade suku si woɖo be nuto aɖe me tɔwo ko nade la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ.

Tɔtrɔ Si Amexɔxɔ Abe Vi Ene Hena Vanɛ

Le kpɔɖeŋu ma me la, womexɔ ɖekakpuia ɖe sukua o, le esi menye nuto si me tɔwo woɖo sukua na me tɔ o ta. Gake tsɔe be tɔtrɔ ɖedzesi aɖe va do mo ɖa gbe ɖeka. Vifofo aɖe si nye nuto si me tɔwo woɖo sukua na me tɔ la va xɔ ɖekakpui ma abe via ene le se nu. Alekee nuwo ava nɔ na ɖekakpuia azɔ? Esi vifofo sia xɔe abe via ene ta la, gomenɔamesi siwo le sɔhɛ siwo tso nuto ma me si la tututu ate ŋu ava su eya hã si—suku ma dede ƒe gomenɔamesi hã le eme. Exɔxɔ abe vi ene na be mɔnukpɔkpɔ yeyewo va su esi.

Kpɔɖeŋu sia na míese tɔtrɔ si gaɖe dzesi wu kura, si vaa ame siwo wogbugbɔ dzi yeyee ƒe agbe me la gɔme. Bu nu siwo sɔ kple wo nɔewo ŋu kpɔ. Ele be ɖekakpui si ŋu míewɔ kpɔɖeŋua tso la naɖo amexɔxɔ ɖe sukua ƒe nudidia gbɔ, si nye be wòanye nuto ma me tɔ, hafi woaxɔe ɖe sukua me. Ke hã, mate ŋu aɖo nudidi ma gbɔ le eɖokui si o. Nenema kee, hafi mɔnukpɔkpɔ nasu amegbetɔ aɖewo si be woanye dziɖulawo le Mawu Fiaɖuƒea, alo dziƒodziɖuɖua, me la, ele be woaɖo dzedze na teƒe ma yiyi ƒe nudidia gbɔ—si nye be “woagbugbɔ wo adzi.” Ke hã, womate ŋu aɖo nudidi ma gbɔ le wo ɖokui si o, elabena Mawue nana wodzia ame yeyee.

Nu kae he tɔtrɔ va ɖekakpuia ƒe agbe me? Ale si woxɔe abe vi ene le se nu lae. Gake ɖekakpuia xɔxɔ abe vi ene mena nɔnɔme si le eya ŋutɔ si la trɔ o. Ðekakpui si wònye la koe wòganye. Ke hã, esi woxɔ ɖekakpuia abe vi ene le se nu ta la, mɔnukpɔkpɔ si mesu esi tsã o la va su esi. Le nyateƒe me la, eva le ƒomedodo yeye aɖe me—abe ɖe wodzii yeyee ene. Eva zu vifofoa ƒe vi, si na mɔnukpɔkpɔ va su esi be wòade suku ma, eye wòanye ame si xɔe abe via ene la ƒe ƒomea me tɔ.

Nenema kee, Yehowa trɔ nɔnɔme si me amegbetɔ madeblibowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le, to afɔ aɖe ɖeɖe le se nu dzi hexɔ wo abe viawo ene. Apostolo Paulo si nye ƒuƒoƒo ma me tɔ ŋlɔ na eƒe haxɔsetɔwo be: “Viwo zuzu ƒe gbɔgbɔ ye miexɔ, gbɔgbɔ si ʋãa mí míedoa ɣli be: ‘Abba, Fofo!’ Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ ŋu be Mawu ƒe viwo míenye.” (Romatɔwo 8:15, 16) Ɛ̃, esi Mawu xɔ Kristotɔ siawo abe viwo ene ta la, wova zu Mawu ƒe ƒomea me tɔwo, alo “Mawu ƒe viwo.”—1 Yohanes 3:1; 2 Korintotɔwo 6:18.

Gake ale si Mawu xɔ wo abe viwo ene la metrɔ ame siawo ƒe nɔnɔme o, elabena wokpɔtɔ nye ame madeblibowo. (1 Yohanes 1:8) Ke hã, abe ale si Paulo ɖe emee ene la, esi woxɔ wo abe viwo ene le se nu ta la, mɔnukpɔkpɔ si mesu wo si tsã o la va su wo si azɔ. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Mawu ƒe gbɔgbɔ na ame siawo siwo woxɔ abe viwo ene la kpɔa kakaɖedzi blibo be yewoava nɔ agbe le dziƒo kple Kristo. (1 Yohanes 3:2) Kakaɖedzi sia si gbɔgbɔ kɔkɔea naa wo, si ŋu ɖikeke aɖeke mele o la nana nukpɔsusu bubu kura va nɔa wo si ɖe agbenɔnɔ ŋu. (2 Korintotɔwo 1:21, 22) Nyateƒee, wova le ƒomedodo yeye aɖe me—abe ɖe wodzi wo yeyee ene.

Biblia gblɔ tso ame siwo Mawu xɔ abe viwo ene ŋu be: “Woanye Mawu kple Kristo la ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii hena ƒe akpe ɖeka.” (Nyaɖeɖefia 20:6) Woana ame siawo siwo Mawu xɔ abe viwo ene la nazu fiawo kpe ɖe Kristo ŋu le Mawu Fiaɖuƒea, alo dziƒodziɖuɖua, me. Apostolo Petro gblɔ na haxɔsetɔwo be woaxɔ “domenyinu magblẽmagblẽ, maƒoɖi, si nu meyina o,” si ‘wodzra ɖo ɖe dziƒo’ na wo. (1 Petro 1:3, 4) Domenyinu xɔasi aɖee wònye vavã!

Ke hã, dziɖulanyenye ƒe nya sia fɔ bibia aɖe hã ɖe te. Ne ame siwo wogbugbɔ dzi la aɖu fia le dziƒo la, ame kawo dzie woaɖu fia ɖo? Míadzro bibia sia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nya kae Paulo gblɔ tso ame xɔxɔ abe vi ene ŋu?