Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Esrɔ̃ Ale Si Wòakpɔ Nublanui

Esrɔ̃ Ale Si Wòakpɔ Nublanui

Srɔ̃ Woƒe Xɔse

Esrɔ̃ Ale Si Wòakpɔ Nublanui

ƔEYIƔI geɖe anya su Yona si be wòatsɔ ade ŋugblee. Kilometa 800 ƒe mɔzɔzɔ, si axɔ abe ɣleti ɖeka alo esi wu nenema ene la dze ŋgɔ eyama. Gbã la, togbɔ be mɔ kpuitɔwo li hã la, enɔ nɛ be wòatia diditɔ siwo dzi afɔku mele o, emegbe wòazɔ ŋkubiãtɔe to balimemɔ kple todomemɔ geɖewo dzi. Enɔ nɛ be wòazɔ aƒo xlã Siria Dzogbe bliboa, atso tɔwo abe Frat tɔsisi gã la ene, eye wòadi dɔƒe le ame siwo menya o la gbɔ le Siriatɔwo, Mesopotamiatɔwo, kple Asiriatɔwo ƒe duwo kple kɔƒeduwo me. Esi ŋkekeawo va nɔ yiyim la, enɔa tame bum tso du si me yim wònɔ si nɔ ŋɔ dzim nɛ la ŋu, eye eƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe naa wònɔa du ma, si nye Niniwe la gogom.

Nu ɖeka aɖe si Yona nya nyuie lae nye be yemate ŋu atrɔ ahasi le dɔdeasi sia nu o. Ete nu sia wɔwɔ kpɔ va yi. Zi gbãtɔ si Yehowa dɔe be wòayi aɖagblɔ ʋɔnudrɔ̃gbedeasi na Asiria dukɔ sesẽ la me tɔwo la, enumake Yona ɖo tɔdziʋu si ɖo ta teƒe bubu kura. Yehowa na ya sesẽ aɖe ƒo, eye Yona kpɔe be yeƒe tosesẽa na be ame siwo katã nɔ ʋua me la ƒe agbe ɖo afɔku me. Be tɔdzidela kalẽtɔ mawo natsi agbe la, Yona gblɔ na wo be woatsɔ ye aƒu gbe ɖe atsiaƒua me. Togbɔ be womelɔ̃ gbã o hã la, wotsɔe ƒu gbe ɖe eme, eye Yona susui be yeƒe agbe ƒe seƒe koe nye ema. Ke hã, Yehowa dɔ tɔmelã gã aɖe ɖa wova mii heva dzɔe le ŋkeke etɔ̃agbe ɖe ƒuta dedie, si na dzidzi ƒoe eye wobɔbɔ eɖokui. *—Yona, ta 1, 2.

Esi Yehowa dɔ Yona ɖe Niniwe zi evelia la, nyagblɔɖilaa dze mɔ legbe la ɖo ta ɣedzeƒe gome toɖoɖotɔe. (Yona 3:1-3) Gake ɖe wòɖe mɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔ ɖe eŋu alea na wòwɔ tɔtrɔ bliboa? Le kpɔɖeŋu me, Yehowa kpɔ nublanui nɛ hekpɔ eta be menyrɔ o, eye mehe to nɛ ɖe eƒe tosesẽa ta o, eye wògana mɔnukpɔkpɔe zi evelia be wòayi dɔa gbe. Le esiawo katã me la, ɖe Yona srɔ̃ ale si wòakpɔ nublanui na amewoa? Esesẽna na amegbetɔ madeblibowo be woasrɔ̃ ale si woaɖe nublanuikpɔkpɔ afia. Mina míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso Yona ƒe agbagbadzedze le go sia me la me ɖa.

Ʋɔnudrɔ̃gbedeasi Aɖe Kple Dzimetɔtrɔ Wɔnuku Aɖe

Yona mebu Niniwe abe ale si Yehowa bui ene o. Míexlẽ be: ‘Niniwe nye du gã aɖe le Mawu ŋkume.’ (Yona 3:3) Zi etɔ̃ sɔŋ Yona ƒe nuŋlɔɖia ƒo nu tso ale si Yehowa yɔ du siae be “Niniwe, du gã la” ŋu. (Yona 1:2; 3:2; 4:11) Nu ka tae wònye du gã, alo du si le vevie, na Yehowa?

Niniwe blema du sia nɔ du gbãtɔ siwo Nimrod tso le tɔɖɔɖɔa megbe la dome. Ðikeke mele eme o be enye nuto gã aɖe si me dugã geɖewo nɔ, si anye ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔlizɔzɔ tso eƒe go ɖeka dzi yi eƒe go evelia. (1 Mose 10:11; Yona 3:3) Edze ƒãa be Niniwe nye dugã nyadri aɖe si ŋu woɖo gli sesẽwo ɖo, si me gbedoxɔ gãwo, kple xɔ gã bubu geɖewo nɔ. Gake menye nu siawo dometɔ aɖekee na du sia nɔ vevie na Yehowa Mawu o. Nu si nɔ vevie nɛ lae nye dua me tɔwo. Niniwe nye dugã si me ame gbogbo aɖewo ŋutɔ nɔ ɣemaɣi. Togbɔ be woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ do agbogbo ŋutɔ hã la, Yehowa tsɔ ɖe le eme na wo. Edea asixɔxɔ amegbetɔ ƒe agbe ŋu eye wòkpɔa mɔ be ame sia ame ate ŋu atrɔ dzi me ahasrɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ.

Esi Yona ɖo Niniwe dua me mlɔeba la, anɔ eme be ame gbogbo siwo nɔ dua me, siwo sɔ gbɔ wu 120,000 la gana vɔvɔ̃ ɖoe ɖe edzi. * Ezɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ henɔ gegem ɖe ameha gbogboawo dome, ɖewohĩ be yeakpɔ teƒe aɖe le dua titina afi si yeadze yeƒe gbedeasia gbɔgblɔ gɔme tso. Aleke wòawɔ aƒo nu na ame siawo katã? Ðe wòsrɔ̃ Asiriagbe la? Alo ɖe Yehowa na wòse gbea nukutɔea? Míenya o. Ate ŋu anye be Yona gblɔ gbedeasia le Hebrigbe, si nye ye ŋutɔ degbe, me eye ame bubu ɖe egɔme na Niniwetɔawo. Aleke kee wòɖale o, eƒe gbedeasi si le tẽ, eye wòate ŋu awɔe be amewo malɔ̃ eƒe nya o lae nye: “Esusɔ ŋkeke blane, ne Niniwe natsrɔ̃!” (Yona 3:4) Egblɔ nya sia dzinɔameƒotɔe zi gbɔ zi geɖe. Eɖe dzideƒo kple xɔse ɖedzesi aɖe ŋutɔ fia le esia wɔwɔ me, eye esiawo nye nɔnɔme nyui siwo Kristotɔwo hiã egbea wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe.

Niniwetɔwo ɖo to Yona ƒe gbedeasia. Ðikeke mele eme o be anya nɔ mɔ kpɔm be woalé fu ye ahawɔ anyra le ye ŋu. Ke hã, nu ɖedzesi bubu aɖee dzɔ. Ameawo ɖo toe! Eƒe nyawo kaka kabakaba abe ale si dzo bia ave ene. Eteƒe medidi hafi dugã la me tɔwo katã va nɔ nu ƒom tso Yona ƒe nyagblɔɖi dziŋɔa ŋu o. Yona ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Niniwetɔwo xɔ Mawu dzi se; wodo kpo, be woatsi nu adɔ, eye woata akpanya, tso tsitsiawo dzi va se ɖe ɖeviawo dzi.’ (Yona 3:5) Kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ame sesẽwo kple ame beliwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, ɖe dzimetɔtrɔ ƒe nɔnɔme sia fia. Eteƒe medidi o, nudzɔdzɔ sia ŋu nya va ɖo fia la ƒe to me.

Fia la hã ɖe mawuvɔvɔ̃ fia. Etso le eƒe fiazikpui dzi heɖe eƒe atsyɔ̃ fiawuwo da ɖi, eye eya hã ta akpanya abe eteviwo ke ene, eye ‘wòbɔbɔ nɔ dzowɔ me’ gɔ̃ hã. Eya kple eƒe “amegãwo,” alo ame ŋkutawo, de se si wɔe be nutsitsidɔ si wɔm ame ɖekaɖekawo nɔ la va trɔ zu fia ƒe sedede si dzi wòle be dua me tɔwo katã nawɔ ɖo. Eɖe gbe be amewo katã kple aƒemelãwo gɔ̃ hã nata akpanya. * Elɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be yeƒe dua me tɔwo dze agɔ le woƒe nu vɔ̃ɖi kple nu vlo wɔwɔwo ta. Eɖe eƒe mɔkpɔkpɔ be ne Mawu vavã la kpɔ yewoƒe dzimetrɔtrɔa la ate ŋu akpɔ nublanui na yewo la gblɔ be: “Mawu atrɔ tame . . . eye eƒe dɔmedzoe heliheli la nu afa, be míatsrɔ̃ o hĩ!”—Yona 3:6-9.

Ðeklemiɖela aɖewo ke ɖi be Niniwetɔwo mate ŋu atrɔ dzi me kaba nenema gbegbe o. Gake Biblia ŋuti nunyalawo gblɔ be nuwɔna ma nye nu si ate ŋu adzɔ le blematɔ mawo siwo léa aʋatsodzixɔsewo me ɖe asi la dome bɔbɔe. Aleke kee wòɖa le o, Yesu Kristo ŋutɔ gɔ̃ hã ƒo nu tso Niniwetɔ mawo ƒe dzimetɔtrɔa ŋu emegbe. (Mateo 12:41) Enya nya si gblɔm wònɔ, elabena enɔ agbe le dziƒo hekpɔ nudzɔdzɔ mawo teƒe. (Yohanes 8:57, 58) Gake alekee Yehowa wɔ nu ɖe Niniwetɔwo ƒe dzimetɔtrɔa ŋu?

Mawu Ƒe Nublanuikpɔkpɔ Kple Amegbetɔwo Ƒe Nublanuimakpɔmakpɔ

Yona ŋlɔ emegbe be: ‘Esi Mawu kpɔ ale si wowɔ, be woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la, vɔ̃, si Mawu gblɔ be, yeawɔ wo la vee, eye mewɔe o.’—Yona 3:10.

Ðe esia fia be Yehowa va kpɔe be vodadae wònye yewɔ esi yeɖoe be yeatsrɔ̃ Niniwea? Gbeɖe! Biblia gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o.” (5 Mose 32:4) Ðeko dziku si Yehowa do ɖe Niniwe ŋu le dzɔdzɔnyenye me la nu fa. Ekpɔ tɔtrɔ si Niniwetɔawo wɔ eye wòkpɔe be tohehe si yeɖo be yeahe va wo dzi la megahiã o. Esia nye ɣeyiɣi nyuitɔ si dzi wòsɔ be Mawu nakpɔ nublanui na wo.

Yehowa menye Mawu sẽŋuta, vevemaseɖeamenula, kple dzimagbɔɖitɔ abe ale si subɔsubɔhakplɔlawo nana wòdzena ene o. Ke boŋ enye nugɔmesenamela, etrɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu, eye wòkpɔa nublanui. Ne eɖoe be yeahe to na ame vɔ̃ɖiwo la, enana eteƒenɔla siwo le anyigba dzi la xlɔ̃a nu wo do ŋgɔ, elabena edi vivie be ame vɔ̃ɖiwo nawɔ nu si Niniwetɔwo wɔ—woatrɔ dzi me ahaɖe asi le woƒe mɔwo ŋu. (Ezekiel 33:11) Yehowa gblɔ na nyagblɔɖila Yeremiya be: “Fifia meƒo nu kple dukɔ kple fiaɖuƒe aɖe, be mahoe ɖa, magbãe, eye matsrɔ̃e; ke ne dukɔ ma trɔ tso eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, si ŋu meƒo nu le me la, ekema vɔ̃, si meɖo be, mawɔe la, avem.”—Yeremiya 18:7, 8.

Ke ɖe míagblɔ be Yona ƒe nyagblɔɖia nye alakpa? Gbeɖe! Ke boŋ eɖo eƒe taɖodzinu si nye be wòanye nuxlɔ̃ame la gbɔ. Nuxlɔ̃amea ku ɖe Niniwetɔwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si me wova trɔ dzi me le la ŋu. Ne Niniwetɔwo gatrɔ ɖe woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔa ŋu la, Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava wo dzi. Nu ma tututue va dzɔ emegbe.—Zefaniya 2:13-15.

Aleke Yona wɔ nui esime tsɔtsrɔ̃a meva le ɣeyiɣi si wònɔ mɔ kpɔm nɛ me o? Míexlẽ be: “Ke esia medze Yona ŋu o, eye dzi kui vevie.” (Yona 4:1) Yona do gbe aɖe si nɔ abe nyahehe ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ŋu ene ɖa gɔ̃ hã! Yona gblɔ be ɖe wòle be yeatsi yewo de hafi. Egblɔ be yenya do ŋgɔ be Yehowa mahe gbegblẽ ava Niniwetɔwo dzi o, eye wògblɔ be esia ta kurae yesi yi Tarsis zi gbãtɔ si wòdɔ ye ɖo. Eye wòbia be yeaku hegblɔ be enyo na ye be yeaku wu esi yeanɔ agbe.—Yona 4:2, 3.

Nu kae nɔ fu ɖem na Yona? Míate ŋu anya nu siwo katã va tame nɛ ya o, gake míenya be Niniwetɔwo katã see Yona ɖe gbeƒã dzɔgbevɔ̃e ku ɖe dua ŋu. Woxɔ eƒe nyaa dzi se. Gake fifia, dzɔgbevɔ̃e aɖeke meva wo dzi o. Ðe Yona anya vɔ̃ be woaɖu fewu le ye ŋu ahagblɔ be yenye nyagblɔɖila alakpatɔa? Aleke kee wòɖanɔ o, mekpɔ dzidzɔ ɖe amewo ƒe dzimetɔtrɔ kple ale si Yehowa kpɔ nublanui na wo la ŋu o. Ke boŋ edze ƒãa be ete ɖe edzi vevie, eƒe nu wɔnublanui na eɖokui, eye wòse le eɖokui me be bubu klo le ye ŋu. Gake edze ƒãa be Yona ƒe Mawu nublanuikpɔla la kpɔ nu nyui aɖe le ŋutsu sia si le fu ɖem na eɖokui la me. Le esi teƒe be Yehowa nahe to na Yona la, ɖeko wòbia nya aɖe si ana wòabu tame lae lɔlɔ̃tɔe be: “Ðe nèle dɔmedzoe dom ɖe eteƒea?” (Yona 4:4) Ðe Yona ɖo biabia ma ŋua? Biblia megblɔe o.

Ale Si Yehowa Fia Nu Yona

Nyagblɔɖila sia si dzi menɔ dzɔdzɔm kura o la dzo le Niniwe, gake meyi aƒe o, ke boŋ eɖo ta ɣedzeƒe gome, le afi si to aɖewo dze ŋgɔ nutoa le. Etu agbadɔ vi aɖe henɔ ete nɔ lalam be yeakpɔ nu si le dzɔdzɔ ge ɖe Niniwe dzi. Ðewohĩ egakpɔtɔ nɔ mɔ kpɔm kokoko be yeakpɔe woatsrɔ̃ dua. Alekee Yehowa afia nu ŋutsu tagbɔsesẽtɔ sia be wòanye nublanuikpɔla?

Yehowa na treklɔnu aɖe mie le zã me. Esi Yona fɔ la, ekpɔ numimie dama sia si ƒe aŋgbawo keke hedo vɔvɔli ɖe eƒe agbadɔa dzi hena ete fa miɔɔ sãsãsã wu ale si wònɔ tsã. Dzi dzɔe. “Yona kpɔ dzidzɔ le treklɔnu la ŋu ŋutɔ,” ɖewohĩ hebu eƒe miemie nukutɔe alea be enye Mawu ƒe yayra kple ŋudzedzekpɔkpɔ ƒe dzesi. Ke hã, nu si Yehowa di be yeawɔ la de ŋgɔ wu Yona takpɔkpɔ tso dzoxɔxɔ kple eya ŋutɔ ƒe dziku nu fafa nɛ ko. Edi be yeaɖo Yona ƒe dzi gbɔ. Eya ta Mawu na ŋɔ aɖe va ɖu treklɔnu la wòku. Emegbe Yehowa dɔ “ɣedzeƒeya xɔdzo” ɖa, eye ɣe ɖu Yona ʋuu “nu te eŋu belibeli.” Dzi gaɖe le ŋutsu sia ƒo ake eye wògblɔ na Mawu be nena yeaku boŋ.—Yona 4:6-8.

Yehowa gabia Yona ake be ɖe wòle dziku dom ɖe eteƒe hã, fifia ya le treklɔnua ƒe kuku ta. Le esi teƒe be Yona natrɔ dzi me la, eɖe eɖokui nu gblɔ be: “Tɔnye dzɔ be, mado dziku, vaseɖe esime maku.” Nɔnɔmea sɔ nyuie azɔ be Yehowa nafia nu vevi aɖe Yona.—Yona 4:9.

Mawu he Yona ƒe susu yi nyateƒenya si wònye be enɔ dziku dom ɖe nu miemie dzro sia si mie le zã ɖeka me, si menye Yona ŋutɔe doe alo na wòtsi o la ƒe kuku ta dzi. Azɔ Mawu yi nya la gbɔ tẽe be: ‘Ðe du gã Niniwe, si me amewo le wu ame akpe alafa ɖeka blave, siwo menya nu kae nye ɖusi kple mia o hekpe ɖe lã geɖewo ŋu la ƒe nu mavem oa?’—Yona 4:10, 11. *

Ède dzesi nufiame vevi si le kpɔɖeŋu nyui sia si Yehowa zã la mea? Yona ŋutɔ mewɔ naneke le treklɔnua ƒe miemie ŋu o. Gake le Yehowa ya gome la, Eyae na agbe Niniwetɔwo helé woƒe agbe ɖe te abe ale si wòwɔnɛ na nuwɔwɔ siwo katã le anyigba dzi la ene. Nu ka tae Yona ade asixɔxɔ nu miemie ɖeka pɛ ma ŋu wu ame 120,000 kple woƒe lãhawo ƒe agbe? Ðe manye esi Yona ɖe mɔ ɖokuitɔdidi kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nuŋububu dzi tae oa? Esia dze ƒãa, elabena ale si nu miemiea ɖe vi nɛ tae eƒe kuku te ɖe edzi ɖo. Ðe menye ɖokuitɔdidi kee na wòdo dziku ɖe Niniwe ŋu eye wòtsi dzi ɖe ŋukpe si alée ŋu hedi be woakpɔe be yeƒe nyawo va eme oa?

Nufiame wɔdɔɖeamedzi ka gbegbee nye esi! Gake ɖee Yona srɔ̃ nane tso nudzɔdzɔa mea? Agbalẽ si tɔ eƒe ŋkɔ la me nyawo wu enu kple Yehowa ƒe biabia ma si ŋu Yona ƒe ŋuɖoɖo mekpe ɖo o. Ðeklemiɖela aɖewo agblɔ be Yona meɖo biabiaa ŋu le mɔ aɖeke nu o. Gake le nyateƒe me la, eƒe ŋuɖodoa dze. Eyae nye eƒe agbalẽa ŋutɔ. Nya lae nye be, kpeɖodziwo ɖee fia be Yona ŋutɔe ŋlɔ agbalẽ si tɔ eƒe ŋkɔ. Bu eŋu kpɔ ko be, nyagblɔɖila sia yi ɖaɖo wo de dedie hele nudzɔdzɔ sia ŋlɔm. Míate ŋu akpɔe le susu me be amegãɖeɖi si dze nunya wu tsã hebɔbɔ eɖokui geɖe wu lae ma le ta ʋuʋum nuteɖeamedzitɔe hele eya ŋutɔ ƒe vodadawo, eƒe tosesẽ, kple ale si wòsẽ dzi me gbe nublanuikpɔkpɔ la ŋlɔm ɖi. Edze kɔtɛ be Yona se nu si Yehowa fiae nunyatɔe la gɔme. Esrɔ̃e be ele be yeakpɔ nublanui na amewo. Ðe míawo hã míawɔ nenema?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Kpɔ nyati si nye “Srɔ̃ Woƒe Xɔse—Esrɔ̃ Nu Tso Eƒe Vodadawo Me,” si dze le January 1, 2009 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 9 Wobui be ame siwo ƒe xexlẽme ade 20,000 va ɖo 30,000 lae nɔ Israel ƒe fiadu Samaria me le Yona ƒe ŋkekeawo me—si mede ame xexlẽme si nɔ Niniwe la ƒe akpa ɖeka le ene me gɔ̃ hã o. Le Niniwe ƒe ŋkɔxɔɣi la, anɔ eme be eyae nye du gãtɔ kekeake ɣemaɣi.

^ mm. 11 Edze abe nu sia mate ŋu adzɔ ŋutɔŋutɔ o ene, gake menye zi gbãtɔe nye ema nu sia tɔgbi dzɔ le blema o. Helatɔ ŋutinyaŋlɔla Herodotus gblɔ be blema Persiatɔwo fa konyi le ame ŋkuta aɖe si gbɔ amewo melɔ̃a nu le o ƒe ku ta eye wode woƒe lãhawo hã konyifafa sia me.

^ mm. 24 Ale si Mawu gblɔ be ameawo menya nu kae nye ɖusi kple mia o la nye susuhehe yi ale si womenya naneke tso Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu o la dzi.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 16]

Mawu di vivie be ame vɔ̃ɖiwo natrɔ dzi me ahaɖe asi le woƒe mɔwo ŋu abe ale si Niniwetɔwo wɔe ene

[Nya si ɖe dzesi si le axa 17]

Mawu zã treklɔnu aɖe tsɔ fia nu Yona tso nublanui- kpɔkpɔ ŋu