Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesue Nye Mawua?

Yesue Nye Mawua?

Yesue Nye Mawua?

AME geɖewo bua Mawuɖekaetɔ̃ dzixɔsea be enye “Kristotɔwo ƒe nufiafia vevitɔ.” Wofiaa nu be Fofo la, Vi la, kple gbɔgbɔ kɔkɔe la nye ame etɔ̃ le Mawu ɖeka me. Papatenɔla John O’Connor gblɔ le Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa ŋu be: “Míenya be enye nya ɣaɣla aɖe si me goglo ŋutɔ, si gɔme sese medze haɖe o.” Nu ka tae wòsesẽ be woase Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la gɔme?

The Illustrated Bible Dictionary gblɔ susuawo dometɔ ɖeka. Agbalẽ sia lɔ̃ ɖe edzi esime wònɔ nu ƒom tso Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa ŋu be: “Nufiafia sia metso Biblia me o, le esi mawunyakpukpui aɖeke meɖe eme le Biblia me o ta.” Esi “nufiafia sia metso Biblia me o” ta la, Mawuɖekaetɔ̃dzixɔselawo dzroa Biblia me henɔa mawunyakpukpuiwo dim—wotroa woƒe gɔmesese gɔ̃ hã—be yewoatsɔ aɖo kpe nufiafia sia dzi.

Mawunyakpukpui Si Ðo Kpe Mawuɖekaetɔ̃ Nufiafia La Dzi Yea?

Le kpɔɖeŋu me, mawunyakpukpui siwo ƒe gɔmesese wotrona la dometɔ ɖekae nye Yohanes 1:1. Kpukpui sia xlẽ le Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me me be: “Le gɔmedzedzea me Nya la li, eye Nya la li kple Mawu [Helagbe, ton the·onʹ], eye Nya lae nye Mawu [the·osʹ].” Helagbe me ŋkɔnya si nye the·osʹ (mawu) ƒomevi evee dze le kpukpui sia me. Wotsɔ Helagbe me asitɔnudzinyakui si fiaa asi nu tẽ ton (la) do ŋgɔ na gbãtɔa si nye the·onʹ, eye Mawu Ŋusẽkatãtɔ lae wowɔnɛ le afi sia. Gake le nya evelia si nye the·osʹ ya gome la, wometsɔ asitɔnudzinyakui si fiaa asi nu tẽ aɖeke kpe ɖe eŋu o. Vodadae wònye wowɔ be womezã asitɔnudzinyakui na evelia sia oa?

Koine, si nye Helagbe si ame geɖe dona, si me asitɔnudzinyakui zazã ŋuti sewo le koŋ, la mee woŋlɔ Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa ɖo. Biblia ŋuti nunyala A.T. Robertson de dzesii be ne asitɔnudzinyakui si fiaa asi nu tẽ kpe ɖe ŋkɔnyaa ŋu eye wozã asitɔnudzinyakui si fiaa asi nu tẽ na eƒe nɔnɔmefiaŋkɔnya hã la, “efia be wole asi fiam evea siaa tẽ, wosea egɔme be nu ɖeka ma kee wonɔnɛ, eye woate ŋu aɖɔli nɔƒe na ŋkɔnya siawo evɔ gɔmesese ɖeka ma ke naganɔ nyaa ŋu.” Robertson he susu yi kpɔɖeŋu ɖeka si dze le Mateo 13:38 me la dzi, si xlẽ le Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me me be: “Abɔ la [Helagbe, ho a·grosʹ] enye xexe la [Helagbe, ho koʹsmos].” Gbeŋutisea na míese egɔme be xexe si ŋu woƒo nu tso la kee ganye abɔ la.

Ke ne wozã asitɔnudzinyakui si fiaa asi nu tẽ kpe ɖe ŋkɔnyaa ŋu, evɔ womezã asitɔnudzinyakui si fiaa asi nu tẽ na eƒe nɔnɔmefiaŋkɔnya o, abe ale si wòle le Yohanes 1:1 ene, ya ɖe? Agbalẽnyala James Allen Hewett yɔ kpukpui ma abe kpɔɖeŋu ene tsɔ te gbe ɖe edzi be: “Le go sia me la, ŋkɔnya la kple nɔnɔmefiaŋkɔnya la mele susu hem yi nu ɖeka ma ke, alo nu siwo sɔ kple wo nɔewo la dzi o.”

Hewett zã 1 Yohanes 1:5, si gblɔ be, “Mawu nye kekeli” tsɔ wɔ esia ƒe kpɔɖeŋu. Le Helagbe me la, “Mawu” ye nye ho the·osʹ, eya tae wozã asitɔnudzinyakui si fiaa asi nu tẽ la nɛ ɖo. Gake “kekeli” ye nye phos, si ŋu wometsɔ asitɔnudzinyakui si fiaa asi nu tẽ kpe ɖo o. Hewett gblɔ be: “Woate ŋu agblɔ . . . ɣesiaɣi le Mawu ŋu be enye kekeli; gake womate ŋu agblɔ ɣesiaɣi le kekeli ya ŋu be enye Mawu o.” Kpɔɖeŋu sia tɔgbiwo dze le Yohanes 4:24, “Mawu nye Gbɔgbɔ,” kple 1 Yohanes 4:16, “Mawu nye lɔlɔ̃.” Le kpukpui evea siaa me la, asitɔnudzinyakui kpe ɖe ŋkɔnyaawo ŋu, gake ɖeke mekpe ɖe nɔnɔmefiaŋkɔnyaawo, “Gbɔgbɔ” kple “lɔlɔ̃,” ya ŋu o. Eya ta womate ŋu aɖɔli nɔƒe na ŋkɔnyaawo kple nɔnɔmefiaŋkɔnyaawo eye gɔmesese ma ke nakpɔtɔ anɔ nyaa ŋu o. Womate ŋu ase kpukpui siawo gɔme be “Gbɔgbɔ nye Mawu” alo “lɔlɔ̃ nye Mawu” o.

“Nya La” Kee Nye Mawua?

Helagbe ŋuti nunyala kple Biblia gɔmeɖela geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be menye “Nya la” ƒe sɔsɔ kple nane alo woƒe nu ɖeka nyenye dzie Yohanes 1:1 nɔ gbe tem ɖo o, ke boŋ eƒe nɔnɔme aɖe dzie. Biblia gɔmeɖela William Barclay gblɔ be: “Esi wònye be [apostolo Yohanes] mezã asitɔnudzinyakui si fiaa asi nu tẽ do ŋgɔ na theos o ta la, ezu ŋkɔnyaɖɔnya . . . esia fia be menye ɖee Yohanes le gbɔgblɔm le afi sia be Nya lae nye Mawu o. Kpuie ko la, mele gbɔgblɔm be Yesue nye Mawu o.” Nenema kee agbalẽnyala Jason David BeDuhn gblɔ be: “Le Helagbe me la, ne wometsɔ asitɔnudzinyakui si fiaa asi nu tẽ kpe ɖe theos ŋu le nyagbɔgblɔ aɖe me o, abe ale si wòdze le Yohanes 1:1d me ene la, ke nuxlẽlaa ase egɔme be efia ‘mawu aɖe.’ . . . Ale si asitɔnudzinyakui mekpe ɖe theos ŋu o la na wòto vovo na ho theos, abe ale si ko ‘mawu aɖe’ to vovo na ‘Mawu’ . . . ene.” BeDuhn gagblɔ be: “Le Yohanes 1:1 la, menye Mawu ɖeka la kee nye Nya la o, ke boŋ Nya la nye mawu aɖe, alo ame si le Mawu ƒe nɔnɔme me.” Alo abe ale si Joseph Henry Thayer, si nye agbalẽnyala aɖe si kpe asi ɖe American Standard Version Biblia gɔme ɖeɖe ŋu gblɔe ene la: “Logos [alo, Nya] la nye ame si le Mawu ƒe nɔnɔme me, ke menye Mawu ŋutɔ o.”

Ðe wòle be ame si Mawu nye la nanye “nya ɣaɣla aɖe si gɔmesese asesẽ ŋutɔa”? Menɔ nenema le Yesu gome o. Le gbe aɖe si wòdo ɖa na Fofoa me la, Yesu na vovototo si le eya kple Fofoa dome la dze ƒãa esi wògblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.” (Yohanes 17:3) Ne míexɔ Yesu dzi se eye míese Biblia ƒe nufiafia siwo me kɔ la gɔme la, míade bubu eŋu abe Mawu ƒe Vi ene. Míade ta agu na Yehowa hã abe “Mawu vavã ɖeka la” ene.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

Nu ka tae wòsesẽ be woase Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la gɔme?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

Yesu na vovototo si le eya kple Fofoa dome la dze ċa

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 19]

Church at Tagnon, France