Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Ame Aɖe Tsɔa Ðe Le Eme Na Wò Vavã?

Ðe Ame Aɖe Tsɔa Ðe Le Eme Na Wò Vavã?

Ðe Ame Aɖe Tsɔa Ðe Le Eme Na Wò Vavã?

Ðe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be yetsi akogo, eye wɔna vɔ le ye ŋu abe ɖee ame aɖeke mesea kuxi siwo me tom yele la gɔme o enea? Eye ne wonya wò kuxiwo hã la, èse le ɖokuiwò me be wometsɔa ɖeke le eme na ye ŋutɔŋutɔ o.

NE KUXIWO do mo ɖa la, míaƒe agbe katã atsi nyamaa abe ahom sesẽ aɖe si nu matso o ene. Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be míaƒo nya ta be kuxi si me tom míele la sesẽ eye wònye nu madzɔmadzɔ ale gbegbe be míagate ŋu ado dzi atsɔe o. Enɔa alea zi geɖe ne míedze ŋgɔ seselelãme kuxiwo, blanuiléle, afɔku dziŋɔwo, dɔmavɔleameŋu, alo esiawo tɔgbi. Míesena le mía ɖokui me be wɔna vɔ le mía ŋu eye dzi ɖena le mía ƒo ale gbegbe be míenya afi si míakpɔ akɔfafa atso o. Ðe ame aɖe tsɔa ɖe le eme na wò vavã?

“Akɔfafa Katã Ƒe Mawu” La Tsɔa Ðe Le Eme Na

Wogblɔ tso Mawu ŋu le Biblia me be enye “dɔmetɔtrɔwo ƒe Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu.” (2 Korintotɔwo 1:3) Mawu si ŋkɔe nye Yehowa la nya nyuie be míehiã akɔfafa. Wozã nya “akɔfafa” le mɔ vovovowo nu zi alafa geɖewo le Biblia me tsɔ na kakaɖedzi mí be menye ɖeko Mawu sea míaƒe kuxiwo gɔme na mí o, ke boŋ edi hã be yeakpe ɖe mía ŋu. Esia nyanya na kakaɖedzi mí be ne edze abe ame bubuwo mete ŋu le dzesi dem míaƒe fukpekpewo, sea wo gɔme na mí, alo tsɔa ɖe le wo me ene o hã la, Yehowa Mawu li na mí.

Nyateƒe si wònye be Yehowa tsɔa ɖe le eme na ame ɖekaɖekawo la ŋuti kpeɖodziwo dze le Ŋɔŋlɔawo me kɔtɛ. Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋku le vɔ̃ kple nyui ŋu le afiawo katã.” (Lododowo 15:3) Nenema kee míexlẽ le Hiob 34:21 be: “Etsɔ ŋku ɖo amegbetɔ ƒe mɔwo ŋu, eye wòle eƒe afɔɖeɖewo katã kpɔm.” Yehowa kpɔa nu siwo míewɔna la, eɖanye nyui alo vɔ̃, eye wònya nɔnɔme siwo me tom míele, si wɔe be wòate ŋu awɔ nu ɖe mía ŋu le mɔ si sɔ nu. Esia ƒe kpeɖodzi dze le nya si nukpɔla, alo nyagblɔɖila Xanani gblɔ na Yuda Fia Asa la me be: ‘Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.’—2 Kronika 16:7, 9.

Yehowa léa ŋku ɖe mía ŋu le susu bubu hã ta. Yesu ɖe eme be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe ɖe Fofo la, ame si dɔm ɖa la, hee vae.” (Yohanes 6:44) Yehowa tsɔa ɖe le eme na ame ale gbegbe be wòléa ŋku ɖe eƒe dzi me be yeakpɔ ɖa ne eƒe dzi ku ɖe ye ŋu hã. Ne ele nenema la, ewɔa nu ɖe amea ŋu le mɔ wɔnuku aɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, le Dominican Republic la, woxɔ nyɔnu aɖe si le kansadɔ lém la ɖe kɔdzi be woawɔ dɔ nɛ. Eƒo koko na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu yeake ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu. Ɣemaɣi tututue srɔ̃a tsɔ agbalẽ gbadzaa aɖe si ƒe tanyae nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? * si wòxɔ le Yehowa Ðasefo aɖe si va egbɔ le aƒe me ŋdi ma gbɔ la va nae. Nyɔnua xlẽ agbalẽ gbadza la, eye wòkpɔe be esia nye gbe si yedo ɖa na Mawu la ƒe ŋuɖoɖo. Elɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kple ye, eye mede ɣleti ade hafi wòtsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu hexɔ nyɔnyrɔ o.

Míakpɔ nya dedzigbɔname siwo blema Hebritɔ hakpalawo, abe Fia David ene, zã tsɔ ɖɔ ale si Yehowa tsɔa ɖe le eme na esubɔlawo lɔlɔ̃tɔe la le Biblia gbalẽ si nye Psalmowo me. Fia David ƒo koko na Mawu le Psalmo 56:9 be: “[De] nye aɖatsiwo wò goe me! Ðe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?” Abe ale si kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia ɖee fiae ene la, David nyae be Yehowa nya nu tso yeƒe fukpekpewo kple ŋusẽ si wokpɔna ɖe yeƒe seselelãme dzi la hã ŋu nyuie. Yehowa nya nu tso David ƒe vevesesewo ŋu, eye wòɖo ŋku nu siwo me David to, siwo kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe seselelãme dzi wòfa aɖatsi la dzi. Le nyateƒe me la, mía Wɔla la kpɔa ame siwo dzea agbagba be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, ‘ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo,’ la katã ta.

Biblia ƒe akpa bubu si woƒo nu tso ale si Mawu tsɔa ɖe le eme na ame lɔlɔ̃tɔe ŋu le lae nye Psalmo 23 lia. Wotsɔ Mawu sɔ kple alẽkplɔla lɔ̃ame le psalmo sia ƒe gɔmedzedze be: “Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehiãam o.” Titina Ɣedzeƒe nutowo me ƒe alẽkplɔla tsɔa beléle tɔxɛ naa eƒe alẽwo dometɔ ɖe sia ɖe henaa ŋkɔ wo katã gɔ̃ hã. Eyɔa eƒe alẽawo dometɔ ɖe sia ɖe vaa eɖokui gbɔ gbe sia gbe helilia asi wo ŋu lɔlɔ̃tɔe kpɔnɛ ɖa be nuvevi aɖe wɔ wo hã. Ne nuvevi wɔ afi aɖe na wo dometɔ aɖe la, esisia ami alo atike ɖe teƒea bene abia naku kaba. Ne alẽ aɖe le dɔ lém la, ehiãna be alẽkplɔlaa natsɔ atike akɔ ɖe eƒe ve me ahalée ɖe tsitrenu be wòagadze anyi aku o. Le nyateƒe me la, esia nye ale si Yehowa léa be na ame siwo trɔna ɖe eyama ŋu la ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ŋutɔ.

Gbedodoɖa Kple Tsitretsitsi La—Wonye Kpeɖodzi Be Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Na

Menye ɖeko woŋlɔ psalmo siawo kple bubu siwo léa dzi na ame ŋutɔ la ɖe Biblia me be míaxlẽ wòavivi mía nu dzro ko o. Ke boŋ wofiaa mí ale si Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema la ɖe woƒe dzimenyawo gblɔ na Yehowa hebia eƒe kpekpeɖeŋu eye woda akpe nɛ ɖe eƒe mɔfiafiawo kple yayrawo ta. Nya siawo ɖee fia kɔtɛ be Mawu subɔla mawo siwo nɔ anyi le blema la ka ɖe edzi vevie be Mawu tsɔa ɖe le eme na yewo vavã. Woƒe dzimenya vevi siawo xexlẽ kple ŋugbledede tso wo ŋu ate ŋu ana míawo hã míase le mía ɖokui me be Mawu tsɔ ɖe le eme na mí. Gbedodoɖa ƒe mɔnuɖoɖoa nye kpeɖodzi sẽŋu aɖe be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí.

Gake ɣeaɖewoɣi la, kuxi aɖewo nana nu tena ɖe mía dzi ale gbegbe be míenyaa ale si tututu míaɖee agblɔ le gbedodoɖa me gɔ̃ hã o. Ðe esia nana be Yehowa menyaa nu tso míaƒe vevesesea ŋu oa? Romatɔwo 8:26 ɖo biabia sia ŋu be: “Gbɔgbɔ la hã kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me; elabena nu si wòle be míado gbe ɖa abia, abe ale si wòhiã be míawɔe ene la, míenyae o, gake gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa míaƒe ŋeŋe siwo míeɖe gblɔ o la, ɖe akɔ.” Ŋɔŋlɔ sia le gbɔgblɔm na mí be Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema ƒe gbedodoɖa siwo gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ ɖi la me nyawo ate ŋu asɔ kple míaƒe seselelãmewo, si awɔe be Yehowa, ame si ‘ɖoa to gbedodoɖa’ la, atɔ na mí abe mía ŋutɔwoe gblɔ wo ene.—Psalmo 65:3.

Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa hã nye kpeɖodzi sẽŋu bubu be Mawu tsɔa ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Yesu Kristo gblɔ be: “Gaƒoƒo la gbɔna, esi me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase [Yesu ƒe] gbe, eye woado go.” (Yohanes 5:28, 29) Woɖe Helagbe me nya si wozã le afi sia la gɔme wòsɔ nyuie be “ŋkuɖodziyɔdowo” ke menye “yɔdowo” ko o. Ena míese egɔme be Mawu aɖo ŋku nu sia nu si ku ɖe ame si ku ŋu la dzi pɛpɛpɛ.

Wò ya bu eŋu kpɔ, be Mawu nafɔ ame aɖe ɖe tsitre la, ele be wòanya nu sia nu tso amea ŋu—ale si wòle, nɔnɔme siwo le esi le dzɔdzɔme nu kple esiwo wòva tu ɖo, kpakple nu sia nu si le susu me nɛ! (Marko 10:27) Mawu maŋlɔ amea be le ƒe akpe geɖewo megbe gɔ̃ hã o. (Hiob 14:13-15; Luka 20:38) Esia fia be ame kuku biliɔn geɖewo ƒe nu sia nu le susu me na Yehowa Mawu, si nye kpeɖodzi sẽŋu si ɖee fia be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí ame ɖekaɖekawo vavã!

Yehowa Nye Teƒeɖola

Nu kae wòle be míawɔ bene Mawu ƒe ɖetsɔleme kple beléname lɔlɔ̃tɔe naɖe vi na mí? Gbã la, ele be míaɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe eyama ŋu heɖoa toe, eye be míexɔ edzi se. Apostolo Paulo ɖe ƒomedodo si le xɔse kple viɖekpɔkpɔ tso Mawu ƒe beléname me la fia kɔtɛ. Eŋlɔ be: “Ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze [Mawu ŋu] nyuie o, elabena ele be ame si tena vaa Mawu gbɔ la naxɔe ase be eli, eye be ezua teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie.”—Hebritɔwo 11:6.

De dzesii be xɔse si ƒomevi dzea Mawu ŋu la lɔ nu eve ɖe eme. Gbã la, ele be ‘míaxɔe ase be eli,’ si fia be míaka ɖe edzi be Mawu li, eye be eyae nye míaƒe Dziɖulagã si wòle be míaɖo to ahade ta agu na. Evelia, ele be míaxɔe ase be enye “teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie.” Ele be ame si si xɔse akuakua le naka ɖe edzi be Mawu tsɔa ɖe le ame siwo katã dina vevie be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ƒe nyonyo me, eye wòɖoa eteƒe na wo. To Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple hadede kple ame siwo ɖoa to eyama me la, wò hã àte ŋu atu xɔse si ana Mawu ƒe teƒeɖoɖo kple beléname lɔlɔ̃tɔe naɖe vi na wò la ɖo.

Egbea la, ame geɖe xɔe se be Mawu metsɔa ɖeke le amegbetɔwo ƒe nyawo me o. Gake abe ale si míekpɔe ene la, Biblia ɖee fia kɔtɛ be Mawu tsɔa ɖe le eme na ame siwo ɖea xɔse adodoea fiana la vevie ŋutɔ ale gbegbe. Togbɔ be kuxiwo, dzimaɖitsitsiwo, dzigbãnyawo, kple vevesesewo yɔ míaƒe agbe me egbea fũu hã la, mele be dzi naɖe le mía ƒo o. Ele be míanya be Yehowa Mawu tsɔa ɖe le eme na mí. Le nyateƒe me la, ele míakpem lɔlɔ̃tɔe be míatrɔ ɖe ye ŋu hena kpekpeɖeŋu. Hakpala la gblɔ be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.”—Psalmo 55:23.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ŋɔŋlɔ Siwo Ado Ŋusẽ Wò Xɔse Be Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Na Wò Lɔlɔ̃tɔe

‘Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.’—2 KRONIKA 16:9

‘De nye aɖatsiwo wò goe me! Ðe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?’—PSALMO 56:9

“Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehiãam o.”—PSALMO 23:1

“Èɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi.”—PSALMO 65:3

“Àyɔm, eye matɔ na wò, ne wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm.”—HIOB 14:15

“Ele be ame si tena vaa Mawu gbɔ la naxɔe ase be eli, eye be ezua teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie.”—HEBRITƆWO 11:6

“Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.”—PSALMO 55:23