Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Míaƒe Fukpekpewo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?

Ðe Míaƒe Fukpekpewo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?

Exlẽlawo Bia Be

Ðe Míaƒe Fukpekpewo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?

Ðe nudzɔdzɔ gbãdziname aɖe na nèbia ɖokuiwò kpɔ be ɖe Mawu di be yeakpe fu mahã? Dɔléle aɖe si dze ame dzi kpata, afɔku gblẽnuleameŋu aɖe, alo ƒometɔ aɖe ƒe kuku kpata, ate ŋu ana míase le mía ɖokui me be ɖe Mawu le to hem na mí.

Le esi teƒe be nànɔ sesem le ɖokuiwò me nenema la, ele be nànya be Mawu ƒe didie nye be amewo nakpɔ dzidzɔ vevesese aɖeke manɔmee, eye esia nyanya nafa akɔ na wò. Esia dze le nyateƒe si wònye be esi Mawu wɔ amegbetɔ gbãtɔawo la, etsɔ wo da ɖe “Eden-bɔ,” si nye paradiso dzeani aɖe, afi si fuɖenamenu aɖeke menɔ o, la me.—1 Mose 2:15.

Nublanuitɔe la, atsu kple asi gbãtɔa ɖoe koŋ gbe toɖoɖo Mawu eye mɔnukpɔkpɔ nyui sia to wo ŋu. Nu si do tso emee nye be wohe fukpekpe va woa ŋutɔwo kple woƒe dzidzimeviwo dzi; míawo hã míele eme. Nu ka tae? Míate ŋu atsɔ nɔnɔmea asɔ kple nu si dzɔna ne ƒome aɖe ƒe ta gbe eƒe xɔfetu xexe—wonyaa ƒome bliboa ɖa le aƒea me, eye wo katã wogena ɖe hiãkame kple nɔnɔme sesẽ bubuwo me. Nenema kee mía dzila gbãtɔawo ƒe aglãdzedzea na ameƒomea katã va dze fukpekpe me. (Romatɔwo 5:12) Ƒe gbogbo aɖewo le aglãdzedze gbãtɔ ma megbe la, ame dzɔdzɔe Hiob fa konyi be ne woate ŋu ada yeƒe vevesese kple fukpekpewo le “nudanu me” la, woanɔ “kpekpem wu ƒutake.”—Hiob 6:2, 3.

Nu bubu si hea fukpekpe vaa mía dzie nye ale si ŋutete mele mía si be míakpɔ nuwo do ŋgɔ o. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ame aɖe tso aƒewo ɖe teƒe aɖe si dzo te ŋu bina le kabakaba hele wo dzram na amewo. Esi mènya be nenemae nɔnɔmeawo le o ta la, èƒle aƒe siawo dometɔ ɖeka hele eme. Ðe esia mate ŋu ahe afɔku gã aɖe ava wò ŋutɔ kple wò ƒomea dzi oa? Asesẽ ŋutɔ be nàbu fukpekpe ɖe sia ɖe si ado tso esia me la be enye tohehe tso Mawu gbɔ, alo menye nenemae oa? Nya sia ƒe nyateƒenyenye dze le Biblia me be: “Amebebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.”—Lododowo 14:15.

Ke hã, efaa akɔ na mí ŋutɔ be míanyae be togbɔ be fukpekpe geɖewo ɖia kpe mí egbea hã la, Mawu ɖo tame be eteƒe madidi o, yeaɖe ameƒomea tso wo katã me. Ne ɣeyiɣi ma ɖo la, màgakpe fu, akpɔ fukpekpe teƒe, alo ase eŋutinya kura gɔ̃ hã o. Blanuiléle, vevesese, ku, kple konyifafa ƒe aɖatsiwo katã azu nu siwo “nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Efaa akɔ na ame ŋutɔ hã be míanyae be wodo ŋugbe be amewo magatu xɔ alo ade agble, evɔ aʋawɔwɔ kple dzɔdzɔmefɔkuwo nava gblẽ wo dome o. Ke boŋ ‘woase vivi na woƒe asinudɔwɔwɔwo bliboe.’—Yesaya 65:21-25.

Esi nèle mɔ kpɔm na Mawu be wòava ɖe fukpekpewo katã ɖa keŋkeŋ la, nu kae nàte ŋu awɔ be màgahe fukpekpewo ava ɖokuiwò dzi madzemadzee o? Gbãgbiagbã la, ele be míawɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be, “megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.” Ke boŋ “ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me.” (Lododowo 3:5) Trɔ ɖe eyama ŋu hena mɔfiame kple akɔfafa. Wɔ mawumenunya si le Biblia me la ŋu dɔ. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nyametsotso nyuiwo, eye wòakpɔ tawò be màhe fukpekpe mawo tɔgbi aɖeke ava ɖokuiwò dzi madzemadzee o.—Lododowo 22:3.