Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Trɔa Eƒe Tameɖoɖoa?

Ðe Mawu Trɔa Eƒe Tameɖoɖoa?

Ðe Mawu Trɔa Eƒe Tameɖoɖoa?

BIBLIA gblɔ tso Mawu ŋu be: “Eyama metrɔna abe vɔvɔli ene o.” Mawu ŋutɔ gblɔ kakaɖedzinametɔe be: “Nye Yehowa nyemetrɔ o.” (Yakobo 1:17; Maleaxi 3:6) Aleke gbegbee Yehowa Mawu to vovo tso ame siwo mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu o eye womate ŋu aka ɖe wo dzi hã o, le esi wotrɔa woƒe tameɖoɖowo edziedzi ta la gbɔe nye esi!

Gake Biblia xlẽla aɖewo bua eŋu kpɔ be ɖe Mawu trɔa eƒe tameɖoɖo hã. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖeɣi va yi la, Yehowa Mawu na ŋusẽ Kristotɔwo be woawɔ nukunuwo, gake megale nenema egbea o. Mawu ɖe mɔ ɖe srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu le blema, gake megale nenema egbea o. Le Mose ƒe Sea te la, Yehowa bia be woalé Sabat ƒe ɖoɖoa me ɖe asi, gake megale nenema fifia o. Ðe esiawo meɖee fia be Mawu trɔ oa?

Gbã la, míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ƒe dzidzenu ku ɖe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ŋu metrɔna gbeɖe o. Eye eƒe “tameɖoɖo mavɔ” si nye be yeayra ameƒomea to yeƒe Fiaɖuƒea dzi la hã metrɔna gbeɖe o. (Efesotɔwo 3:11) Gake abe ale si ko nàte ŋu atrɔ wò susu le ale si nàwɔ nu ɖe ame aɖe si ƒe nuwɔnawo mesɔna ɖe ale si nèkpɔa mɔe nu edziedzi o ŋu ene la, Yehowa hã trɔna ɖe nɔnɔmewo ƒe tɔtrɔ nu.

Mawu trɔa eƒe mɔfiame siwo wònaa eƒe amewo hã le ale si woƒe nuhiahiãwo kple nɔnɔmewo le nu. Mele be esia nawɔ nuku na mí o. Bu ale si ame si kplɔa tsaɖilawo tsanae awɔ nui ne ekpɔ afɔku aɖe le eŋgɔ la ŋu kpɔ. Akplɔ tsaɖilaawo ato mɔ bubu si ana woaƒo asa na afɔkua godoo. Gake ema mefia be etrɔ eƒe susu le afi si wòdi be yeakplɔ wo ayii ŋu o, alo menye nenemae oa? Eya ta mina míade ŋugble tso kpɔɖeŋu etɔ̃ siwo ŋu míeƒo nu tso, siwo gɔmesese ɖea fu na ame aɖewo la ŋu.

Nu Ka Tae Nukunuwo Wɔwɔ Tɔ Te?

Nu ka tae Mawu na nukunuwo wɔwɔ ƒe ŋutete ƒe alafa gbãtɔa me Kristotɔ aɖewo? Ànya ɖo ŋku edzi be esime Israel nye Mawu ƒe dukɔ tiatia la, zi geɖe Mawu toa nukunuwo wɔwɔ dzi ɖenɛ fiana wo be yeli kpli wo. Mawu to Mose dzi wɔ eƒe ŋusẽ triakɔa ŋu dɔ le Israel viwo ɖeɖe tso Egipte kple wo kpɔkplɔ to gbedadaƒo yi Ŋugbedodonyigbaa dzi me. Nublanuitɔe la, Israel viwo gbe xɔseɖeɖefia zi geɖe. Esi Yehowa va gbe nu le Israel viwo gbɔ mlɔeba heɖo Kristo hamea anyi la, ena nukunuwo wɔwɔ ƒe ŋutete apostoloawo kple ame bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Petro kple Yohanes woyɔ dɔ ŋutsu aɖe si wodzi nuwɔametɔe, eye Paulo hã fɔ ŋutsu aɖe si ku la ɖe tsitre. (Dɔwɔwɔwo 3:2-8; 20:9-11) Woƒe nukunuawo na ame geɖewo xɔ Kristotɔnyenye dzi se le dukɔ geɖewo me. Ke nu ka tae nukunuwɔwɔ megali o?

Apostolo Paulo wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖe eme be: “Esime menye vidzĩ la, meƒoa nu abe vidzĩ ene, mebua tame abe vidzĩ ene, mesea nu gɔme abe vidzĩ ene; gake fifia si mezu ame tsitsi la, meɖe asi le vidzĩ me nuwɔnawo ŋu.” (1 Korintotɔwo 13:11) Abe ale si ko ale si dzilawo wɔa nu ɖe wo vi suewo ŋu toa vovo na ale si wowɔa nu ɖe wo vi tsitsiwo ŋui ene la, nenema kee ale si Yehowa wɔa nu ɖe Kristotɔwo ƒe hamea ŋu la va trɔ esime meganye “vidzĩ” o. Apostolo Paulo ɖe nu me be ‘woava ɖe’ nukununanawo abe aɖe yeye dodo alo nyagbɔgblɔɖi ene “ɖa.”—1 Korintotɔwo 13:8.

Nu Ka Tae Woɖe Mɔ Ðe Srɔ̃ Geɖe Ðeɖe Ŋu Tsã

Yesu ɖe nu si nye Mawu ƒe dzidzenu ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu fia be Mawu gblɔ na atsu kple asi gbãtɔawo be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋu, eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka.” (Mateo 19:5) Ðe woɖoe be srɔ̃ɖeɖe nanye ame eve dome ƒomedodo si anɔ anyi ɖaa. Ke hã, kaka Mawu nava ɖo Israel viwo woanye eƒe dukɔ eye wòatsɔ eƒe Sea na wo la, srɔ̃ geɖe ɖeɖe va zu nu si bɔ. Eya ta togbɔ be menye Mawue ɖo srɔ̃ geɖe ɖeɖe gɔme anyi, alo dea eƒe dzi ƒo o hã la, ena se aɖewo siwo aɖe vi na ame siawo. Esi wova ɖo Kristotɔwo ƒe hamea anyi la, Mawu ƒe Nya la de se ɖe srɔ̃ geɖe ɖeɖe nu eme kɔ ƒãa.—1 Timoteo 3:2.

Yehowa Mawu ɖea mɔ ɖe nanewo ŋu va se ɖe esime ɣeyiɣi nade nɛ be woaɖɔ wo ɖo. (Romatɔwo 9:22-24) Yesu ɖee fia be Yehowa “ɖe mɔ” ɖe srɔ̃ɖeɖe mɔnu aɖewo siwo mesɔ o la ŋu na Israel viwo le woƒe “dzimesesẽ” ta.—Mateo 19:8; Lododowo 4:18.

Nu Ka Tae Sabat Sea Nɔ Anyi Va Se Ðe Ɣeyiɣi Aɖe Ko?

Mawu ɖo kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat ɖoɖoa anyi le Israel viwo ɖeɖe tso Egipte megbe. Emegbe la, eva na wòzu Se siwo dzi wòle be dukɔa nawɔ ɖo la dometɔ ɖeka. (2 Mose 16:22-30; 20:8-10) Apostolo Paulo ɖe nu me be Yesu tsɔ eɖokui sa vɔ heto edzi “ɖe . . . Se si me sededewo kple ɖoɖowo nɔ la ɖa,” eye ‘wòtutu nu si wotsɔ asi ŋlɔ la ɖa.’ (Efesotɔwo 2:15; Kolosetɔwo 2:14) Sabat sea hã nɔ nu siwo ‘woɖe ɖa’ ‘hetutu ɖa’ la dome, elabena Biblia yi edzi gblɔ be: “Eya ta migana ame aɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu mi le nuɖuɖu kple nunono alo azãɖuɖu aɖe alo ɣletidzedzi ƒe ŋkekenyui aɖe, alo sabat aɖe ŋuti o.” (Kolosetɔwo 2:16) Nu ka tae Mawu tsɔ Sea, si me Sabat ƒe ɖoɖoa hã nɔ la, na ɖo?

Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Se la va zu míaƒe mɔfiala si kplɔa mí yia Kristo gbɔ.” Eye wògblɔ kpee be: “Azɔ si xɔse la va ɖo la, míegale mɔfiala aɖeke te o.” (Galatiatɔwo 3:24, 25) Le esi míabui be ɖe Mawu trɔ eƒe susu le Sabat ƒe ɖoɖoa ŋu la, ele be míase egɔme be ɖe wòzãe abe ɖoɖo si anɔ anyi va se ɖe ɣeyiɣi aɖe ko ene tsɔ fia nu eƒe dukɔ la be ele be woadi ɣeyiɣi atsɔ ade ŋugble le gbɔgbɔ me nuwo ŋu. Togbɔ be ɣeyiɣi aɖe ƒe nu koe Sabat ƒe ɖoɖoa nye hã la, ehe susu yi ɣeyiɣi si me ameƒomea akpɔ gbɔdzɔe mavɔ tso ŋutilã kple gbɔgbɔ me fuɖenamenuwo katã me la dzi.—Hebritɔwo 4:10; Nyaɖeɖefia 21:1-4.

Mawu Lɔ̃ame Si Dzi Woate Ŋu Aka Ðo

Biblia me kpɔɖeŋu siwo me míedzro la ɖee fia be Yehowa Mawu na mɔfiame vovovowo le ɣeyiɣi vovovowo me. Gake ema mefia be etrɔ eƒe tameɖoɖo o. Ke boŋ, eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo ŋue wòtrɔna ɖo le nɔnɔme vovovowo me hena woƒe viɖe. Nenema kee wòwɔa nu egbea hã.

Esi wònye be Yehowa metrɔa eƒe dzidzenuwo o ta la, míate ŋu anya nu siwo wòle be míawɔ be míaƒe nu nadze eŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míate ŋu aka ɖe edzi be nu siwo katã ƒe ŋugbe Mawu do la ava eme godoo. Yehowa gblɔ be: “Mawɔ nye didiwo katã dzi . . . meɖo nu, eye mawɔe hã.”—Yesaya 46:10, 11.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

Mawu ƒe dzidzenu ku ɖe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ŋu metrɔna gbeɖe o

[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]

Paulo ɖe nu me be ‘woava ɖe nukununanawo ɖa’

[Nya si ɖe dzesi si le axa 23]

Ðe woɖoe be srɔ̃ɖeɖe nanye ame eve dome ƒomedodo si anɔ anyi ɖaa