Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Subɔsubɔhawo Katã Kplɔa Ame Yia Mawu Ðeka Gbɔa?

Ðe Subɔsubɔhawo Katã Kplɔa Ame Yia Mawu Ðeka Gbɔa?

Ðe Subɔsubɔhawo Katã Kplɔa Ame Yia Mawu Ðeka Gbɔa?

“Dzixɔse aɖewo le asinye xoxo, eye nyemele asi ɖe ge le wo ŋu o. Kura gɔ̃ hã la, subɔsubɔha si me ame le la mele vevie o, elabena subɔsubɔhawo katã kplɔa ame yia Mawu ɖeka ma ke gbɔ.”

ÐE NÈSEE ame aɖe gblɔ nya ma kpɔa? Ame geɖewo xɔe se be woate ŋu ato subɔsubɔha ɖe sia ɖe dzi ake ɖe Mawu ŋu ahase tameɖoɖo si le agbe ŋu la gɔme. Nenema kee ame geɖewo xɔe se be nyuiƒe kple gbagbãƒe le subɔsubɔha ɖe sia ɖe ŋu, eye be xɔseha ɖeka aɖeke mate ŋu aƒu asi akɔ be yewo si koe nyateƒea le, alo be yewo dzi koe woato ake ɖe Mawu ŋu o.

Nukpɔsusu ma bɔ le egbexexea, si ŋu wogblɔna le be enye mɔɖeɖe ɖe nu ŋu alo nukpɔsusu vovovowo xɔxɔ de eme ƒe ɣeyiɣi la me ŋutɔ. Le nyateƒe me la, wobua ame siwo mebua nu ŋu nenema o be wonye ame siwo mekpɔa nu yia ŋgɔ o, eye wobua nazã ɖe wo ŋu gɔ̃ hã. Aleke nèsusu? Ðe nèbunɛ be subɔsubɔhawo katã kplɔa ame yia Mawu ɖeka ma ke gbɔa? Ðe subɔsubɔha si me ame aɖe le la le veviea?

Ðe Vovototowo Le Wo Dome Nyateƒea?

Numekugbalẽ aɖe gblɔ be, subɔsubɔha 9,900 ye le xexea me, eye wo dometɔ aɖewo le dukɔ ɖe sia ɖe kloe me eye ame miliɔn geɖewoe le wo me. Akɔntabubu ɖee fia be ameƒomea me tɔ 70 le alafa me sɔŋ ma ɖe subɔsubɔha gã atɔ̃ siwo nye, Buddha subɔsubɔ, Hindu subɔsubɔ, Islam subɔsubɔ, Kristotɔnyenye, kple Yuda subɔsubɔ me. Ne subɔsubɔhawo katã kplɔa ame yia Mawu ɖeka ma ke gbɔ la, ke ele be ɖekawɔwɔ nanɔ subɔsubɔha atɔ̃ siawo ƒe nufiafiawo, ale si woɖɔa Mawui, kple ale si woƒoa nu tso tameɖoɖo si le Mawu si na mí ŋu la me. Nu kae nyateƒeawo ɖe fia?

Roma Katoliko mawunyaŋununyala Hans Küng gblɔ be le nyateƒe me la, subɔsubɔha gãwo ƒe nufiafiawo to mɔ ɖeka le nu vevi aɖewo siwo ku ɖe ame nɔewo dome ƒomedodo ŋu me. Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ akpa gãtɔ gblɔna be mele be woawu ame, afi fi, adɔ kple ame ƒe ƒometɔ o, eye be ele be ɖeviwo nabu wo dzilawo eye be dzilawo nalɔ̃ wo viwo. Gake le nu bubuwo, abe ale si woɖɔa Mawui ene me la, subɔsubɔha gã siawo ƒe nufiafiawo to vovo tso wo nɔewo tɔ gbɔ kura.

Le kpɔɖeŋu me, Hindutɔwo subɔa mawu vovovowo, eye Buddhatɔwo hã meka ɖe Mawu ɖeka aɖe ko ƒe anyinɔnɔ dzi o. Islam subɔsubɔhaa fiaa nu be Mawu ɖeka koe li. Nenema kee wòle le subɔsubɔha siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la hã gome, gake le ɣeyiɣi ma ke me la, wo dometɔ geɖewo gblɔna be Mawuɖekaetɔ̃e Mawu nye. Dzixɔse vovovo gbogbo aɖewo ŋutɔe le Sɔlemeha vovovoawo gɔ̃ hã si. Katolikotɔwo dea ta agu na Yesu dada Maria, gake mele nenema le Protestanttɔwo ya gome o. Katolikotɔwo de se ɖe ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu to atikewo zazã me nu, evɔ nya ma mele Protestanttɔ akpa gãtɔ ya gbɔ o. Eye Protestanttɔwo ŋutɔ ɖeɖe kura ƒe nu mesɔ le ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ ƒe nyaa gome o.

Ðe susu le eme be míabui be subɔsubɔha siwo ƒe dzixɔsewo to vovo kura tso wo nɔewo gbɔ la le Mawu ɖeka ma ke subɔma? Kura o! Ke boŋ ɖeko wòana míatɔtɔ le ame si Mawu nye kple nu si wòdi tso esubɔlawo si la gome.

Ðe Wohea Ðekawɔwɔ Vanɛa, Alo Mama Boŋ?

Ne subɔsubɔhawo katã kplɔa ame yia Mawu ɖeka ma ke gbɔ la, ke kakaɖedzitɔe la, míakpɔe be wo dometɔ ɖe sia ɖe nanɔ agbagba dzem be yeana ameƒomea nawɔ ɖeka le ŋutifafa me. Ðe nudzɔdzɔwo ɖee fia be woɖo taɖodzinu sia gbɔa? Ŋutinyamenudzɔdzɔwo ɖee fia be le esi teƒe be subɔsubɔhawo nana ameƒomea nawɔ ɖeka la, ɖe wode mama kple dzre wo dome boŋ. Mína míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ɖa.

Le ƒe alafa 11 lia va ɖo 13 lia me la, Kristodukɔa, si nye subɔsubɔha siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la kpe akɔ kple Moslemtɔwo le Atitsogaʋa geɖewo me. Le ƒe alafa 17 lia me la, Europa ƒe Katolikotɔwo kple Protestanttɔwo kpe ŋgo le Ƒe Blaetɔ̃ Ʋa si yi edzi le wo dome la me. Le ƒe 1947 me, esi woɖe gbeƒã Indianyigba ƒe ablɔɖexɔxɔ tso Great Britain (Grande-Bretagne) gbɔ teti ko la, avu dzɔ ɖe Hindutɔwo kple Moslemtɔwo dome eteƒe mekɔ o. Nyitsɔ laa la, Katolikotɔwo kple Protestanttɔwo wɔ aʋa kple wo nɔewo le Dziehe Ireland hena ƒe geɖe. Fifi laa la, ŋutifafa aɖeke mele Yudatɔwo kple Moslemtɔwo dome le Titina Ɣedzeƒe o. Xexemeʋa II koŋ mee nya la gagblẽ ɖe edzi le wu, esime subɔsubɔha gã atɔ̃awo katã kpɔ gome le aʋaa me, eye ha ɖeka me tɔ siwo nɔ akpa vovovoawo dzi la gɔ̃ hã wu wo nɔewo.

Nyataƒoƒoa dze ƒãa. Xexea me subɔsubɔhawo mehe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ vɛ loo alo le amewo kplɔm yi Mawu ɖeka ma ke gbɔ o. Ke boŋ ɖe wode mama ameƒomea me heto woƒe nufiafiawo dzi na amewo tɔtɔ le ame si Mawu nye kple ale si woade ta agu nɛ la gome. Eya ta ele be ame sia ame si di be yate ɖe Mawu vavã ŋu la natia mɔ si dzi wòato la nyuie. Esia le ɖekawɔwɔ me kple nu si Biblia, si nye subɔsubɔgbalẽ xoxotɔ kekeake si ameƒomea nya la, de dzi ƒo na mí be míawɔ.

Tia Ame Si Subɔ Ge Nàla

Biblia ɖee fia eme kɔ ƒãa be keke ɖe mɔ si kplɔa ame yia Mawu vavã la gbɔ ŋu bia nuŋububu nyuie kple tiatia nyui wɔwɔ. Yosua, ame si subɔa Yehowa Mawu la, gblɔ na blema Israel dukɔ la be: ‘Mitia, ame si subɔ ge miala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!’ Le ƒe aɖewo megbe la, nyagblɔɖila Eliya tsɔ tiatia ma ke tɔgbi wɔwɔ ɖo dukɔa ŋkume be: ‘Va se ɖe ɣekaɣi miaɖu adzɔ evee ase ɖo? Nenye Yehowae nye Mawu vavã la, midze eyome, eye nenye Baal [Kanantɔwo ƒe mawu] ye la, midze eyome!’—Yosua 24:15, 16; 1 Fiawo 18:21.

Mawunyakpukpui siawo kple bubuwo ɖee fia kɔtɛ be enɔ na ame siwo katã di be yewoasubɔ Mawu vavã la ɣemaɣi la be woalé ŋku ɖe tiatia si wodi be yewoawɔ la ŋu tsitotsito. Nenema kee wòle egbea hã. Ne míawo hã míedi be míasubɔ Mawu vavã la ahawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, ele be míawɔ tiatia nyuitɔ. Ke nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ tiatia nyuitɔa le mawusubɔsubɔ gome? Aleke míawɔ ade dzesi mawusubɔla vavãwo?

Wotsɔa Tadeagula Vavãwo Ƒe Kutsetsewo Dzea Si Wo

Esi Yesu Kristo nɔ nu ƒom tso tadeagula vavãwo kple alakpatɔwo ŋu la, egblɔ be: “Womegbea waintsetsewo le aŋɔkawo dzi, alo gbowo le srẽwo dzi gbeɖe o, alo menye nenemae oa? Nenema kee ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, gake ati vóvo ɖe sia ɖe tsea ku si menyo na naneke o; ati nyui mate ŋu atse ku si menyo na naneke o, eye ati vóvo hã mate ŋu atse ku nyui o. . . . Eya ta ame mawo ƒe tsetsewo ye miatsɔ adze si wo vavã.” Nenema kee ku si Mawu subɔla vavãwo tsena, alo woƒe nuwɔnawo, ye woatsɔ ade dzesi wo. Nu kawoe nye kutsetse mawo?—Mateo 7:16-20.

Gbã la, subɔsubɔha vavãtɔ nana hameviwo wɔa ɖeka le lɔlɔ̃ me. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Se yeye nam mele mi, be mialɔ̃ mia nɔewo; abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo. Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” Ele be Kristo yomedzela vavãwo naɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔewo le mɔ si aɖe dzesi ƒãa, si ana eteƒekpɔlawo nade dzesii be woawoe nye Kristotɔ vavãwo la nu.—Yohanes 13:34, 35.

Le susu sia ta la, masɔ gbeɖe be Kristotɔ vavãwo natsɔ lãnuwo ɖe wo nɔewo ŋu le aʋa me o. Ðe sɔlemedelawo ɖo dzidzenu sia gbɔa? Le Xexemeʋa II me la, Yehowa Ðasefowo koe nye subɔsubɔha si ko ɖoe koŋ gbe gbidii be yewomaƒo yewo ɖokui ɖe aʋawɔwɔa me le mɔ aɖeke nu o. Ðɔkta Hanns Lilje, si nye Protestanttɔwo ƒe bisiɔp kpɔ le Hannover, Germany la ŋlɔ tso Ðasefowo ŋu be: “Woate ŋu agblɔ kakaɖedzitɔe wòasɔ be yewo koe gbe yewo ɖokui ƒoƒo ɖe aʋawɔwɔa me le yewoƒe dzitsinya ta le Nazitɔwo Ƒe Dziɖuɣia.” Le aʋa ma wɔɣi la, Ðasefo siwo le dukɔ geɖewo me la tiae be yewoakpe fu tsɔ wu be yewoade aʋawɔwɔa dzi le mɔ aɖe nu.

Kutsetse bubu kae nɔ susu me na Yesu, si wògblɔ be woatsɔ ade dzesi yeƒe nusrɔ̃la vavãwo? Yesu dze gbedodoɖa si ame geɖe yɔna be Aƒetɔ ƒe gbedodoɖa la gɔme be: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.” Nu gbãtɔ si dzi Yesu he susu yi lae nye Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, ŋuti kɔkɔ. Egblɔ hã be woato Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi awɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi. Subɔsubɔha kae wonya be enana amewo nyaa Yehowa ƒe ŋkɔ eye wòɖea gbeƒãe be Mawu Fiaɖuƒea koe ameƒomea akpɔ mɔ na be ahe ŋutifafa va anyigba dzi? Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le dukɔ 236 me eye wo maa agbalẽwo le gbegbɔgblɔ siwo wu 470 me.—Mateo 6:9, 10.

Gawu la, Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu hegbea wo ɖokui ƒoƒo ɖe dunyahehe kple hadomenyaʋiʋliwo me. Yesu gblɔ tso eƒe nusrɔ̃lawo ŋu be: “Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o la ene.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Ðasefowo xɔ Biblia dzi se be enye Mawu ƒe Nya, eye woka ɖe edzi be “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia, na nyagbename, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nadze bliboe, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—Yohanes 17:14, 17; 2 Timoteo 3:16, 17.

Subɔsubɔha Vavã To Vovo Tso Bubuawo Gbɔ

Kutsetse siwo ɖea dzesi le Mawu subɔla vavãwo ŋue nye ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃, didi vevie be woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea, ame ɖokui ɖeɖeɖa tso xexea me, kple kaka ɖe Biblia dzi. Kutsetse siawo kee na nyateƒetadeagulawo to vovo tso subɔsubɔha bubuawo gbɔ. Nyɔnu aɖe si kpɔ dzidzɔ le dzeɖoɖo kple Yehowa Ðasefowo me zi geɖe la ƒo nya ta be: “Menya subɔsubɔha geɖewo, eye wo katã sɔ le nu geɖewo me. Míawo koe to vovo kura tso wo katã gbɔ.”

Eme kɔ ƒãa be subɔsubɔhawo katã mekplɔa ame yia Mawu ɖeka ma ke gbɔ o. Gake subɔsubɔha ɖeka aɖe li si to vovo tso bubuawo katã gbɔ, si nye Yehowa Ðasefowo, siwo wu miliɔn adre fifia le xexea me godoo. To gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Nya, Biblia la, kple agbenɔnɔ ɖe emenyawo nu dzi la, wowɔ nu si subɔsubɔha alo habɔbɔ bubu aɖeke mete ŋu wɔ o, si nye ale si wona dukɔ vovovo me tɔwo, gbegbɔgblɔ vovovo dolawo, ame siwo ƒe dekɔnu kple ŋutigbalẽ to vovo la katã wɔ ɖeka le tadedeagu na Mawu vavã ɖeka kolia, Yehowa, me. Ado dzidzɔ na wo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu tso Mawu vavã la ŋu ahanya nu siwo wòdi tso asiwò, eye be nàse vivi le ŋutifafa kple dedienɔnɔ si tsoa Mawu subɔsubɔ le mɔ si dzea eŋu nu me la me. Ðe esia menye taɖodzinu ɖɔʋu aɖe ŋutɔ oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Orthodɔks nunɔla aɖe le asrafo yeyewo yram le Ukraine le ƒe 2004 me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

GENIA SAVILOV/AFP/Getty Images

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yehowa Ðasefowo kpena ɖe amewo ŋu le afi sia afi be woasrɔ̃ nu tso Mawu kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu

[Picture Credit Lines on page 12]

Axa 12: Buddha nyɔnu: © Yan Liao/Alamy; Hindutɔwo ƒe ame kɔkɔe: © imagebroker/Alamy; axa 13: Ŋutsu si le Koran xlẽm: Mohamed Amin/Camerapix; Yuda ŋutsua: Todd Bolen/Bible Places.com