Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ebua Míaƒe Ŋutetewo Ƒe Seɖoƒe Ŋu

Ebua Míaƒe Ŋutetewo Ƒe Seɖoƒe Ŋu

Te Ðe Mawu Ŋu

Ebua Míaƒe Ŋutetewo Ƒe Seɖoƒe Ŋu

3 Mose 5:2-11

“MEDZEA agbagba geɖe ŋutɔ, gake nyemese le ɖokuinye me kpɔ be ede edeƒe o.” Nenemae nyɔnu aɖe gblɔ tso ale si wòkua kutri be yeadze Mawu ŋu la ŋu. Ðe Yehowa Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe esubɔlawo ŋu ne wowɔ woƒe ŋutetewo katã? Ðe Mawu bua woƒe ŋutetewo ƒe seɖoƒewo kple woƒe nɔnɔmewo ŋua? Be míaɖo biabia siawo ŋu la, anyo be míade ŋugble tso nya siwo wogblɔ le Mose ƒe Sea me ku ɖe vɔsanunanawo ŋu abe ale si wòdze le 3 Mose 5:2-11 ene la ŋu.

Le Mose ƒe Sea me la, Mawu bia be woasa vɔ vovovowo atsɔ alé avu ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta. Abe ale si wodze le mawunyakpukpui siwo míeyɔ fifia mee ene la, nu vɔ̃ wɔlaa meɖoe alo nya hafi wɔe o. (Kpukpui 2-4) Ne eva de dzesi eƒe nu vɔ̃a la, ele be wòaʋu eme eye wòatsɔ nu vɔ̃ vɔsa ana—ate ŋu anye “alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ.” (Kpukpui 5, 6) Ke ne eda ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽ alo gbɔ̃ o ya ɖe? Ðe Sea bia be wòayi aɖado lã la ahazu fenyila? Ðe wòle be wòayi aɖawɔ dɔ va se ɖe esime wòate ŋu aƒlee, si ana wòahe avuléle ɖe nu vɔ̃a ta ɖe megbea?

Yehowa ƒe ameŋububu lɔlɔ̃tɔe dze le nya si dze le Sea me la me be: “Ke ne mate ŋu ana alẽ o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve asa vɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fɔ la ta.” (Kpukpui 7) Woagate ŋu aɖe nyagbɔgblɔ “ne mate ŋu” gɔme be “ne eƒe asi mate ŋu asu.” Ne Israel vi aɖe da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽ o la, Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe nu si wòate ŋu ana—akpakpa eve alo ahɔnevi eve—la ŋu.

Ke ne ŋutete mele amea si wòana xevi eve siawo teti hã o ɖe? Sea gblɔ be: “Ekema wòatsɔ wɔ memee efa ɖeka ƒe ewoliawo ɖeka [kplu enyi alo asieke] asa vɔe ɖe eƒe vo, si wòda la ta.” (Kpukpui 11) Eya ta le ame siwo da ahe kolikoli gome la, Yehowa ɖe mɔ be woatsɔ nu siwo me ʋu mele o la asa vɔ ɖe nu vɔ̃ ta. * Le Israel la, ahedada mewɔnɛ be avuléle ɖe nu vɔ̃wo ta alo ŋutifafa me nɔnɔ kple Mawu ƒe viɖe nato ame aɖeke ŋu o.

Nu kae míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu le se si ku ɖe nu vɔ̃ vɔsawo ŋu me? Enye Mawu nublanuikpɔla kple nugɔmesela si bua esubɔlawo ƒe ŋutetewo ƒe seɖoƒewo ŋu ɣesiaɣi. (Psalmo 103:14) Edi be míate ɖe ye ŋu ahanɔ ƒomedodo nyui me kple ye, ne míele nɔnɔme sesẽwo, abe tsitsimekuxiwo, dɔléle, ƒomegbanɔamedziwo alo fuɖenamenu bubuwo ene, me tom gɔ̃ hã. Efaa akɔ na mí ŋutɔ be míanya be Yehowa Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu ne míewɔ míaƒe ŋutetewo katã le esubɔsubɔ me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Lã si wotsɔ le vɔa sam la ƒe ʋu, si Mawu buna nu kɔkɔe, ye léa avu ɖe nu vɔ̃wo ta. (3 Mose 17:11) Ðe esia fia be asixɔxɔ aɖeke mele wɔ memee si ame dahewo nana la ŋu oa? Ao. Kakaɖedzitɔe la, Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃nu faa ƒe gbɔgbɔ si nunala siawo ɖena fiana la ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, lã siwo wotsɔ saa vɔ le ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkekea dzi la ƒe ʋu léa avu ɖe dukɔ blibo la—si me ame dahewo hã le—ƒe nu vɔ̃wo ta.—3 Mose 16:29, 30.