Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔfiame Siwo Ðea Vi Ŋutɔŋutɔ La Didi

Mɔfiame Siwo Ðea Vi Ŋutɔŋutɔ La Didi

Mɔfiame Siwo Ðea Vi Ŋutɔŋutɔ La Didi

NE ÈLE aɖaŋuɖoɖowo dim la, àkpɔ geɖe ŋutɔ. Kpekpe ɖe ame ɖokui ŋu ƒe mɔfiamewo nana nye asitsatsa siwo le dzidzedze kpɔm wu le xexea me la dometɔ ɖeka. Le teƒe vovowo, abe Britain, Latin America, Japan, kple United States ene la, kpekpe ɖe ame ɖokui ŋu ƒe mɔfiamegbalẽwoe nye esiwo woƒlena wu. Videowo, takpekpewo, kple TV dzi wɔna siwo ku ɖe kpekpe ɖe ame ɖokui ŋu ŋuti la hã va le agbogbo dom ŋutɔ. Nu si ta nu siawo doa dzidzɔ na ame geɖewoe nye ale si wotea gbe ɖe edzi be àte ŋu akpɔ wò ŋutɔ wò kuxiwo gbɔ tete ɖe susuŋutinunyala, srɔ̃ɖeɖeŋutiɖaŋuɖola, kple osɔfo aɖeke ŋu manɔmee. Nu vovovo kawo ŋue agbalẽ siawo ƒoa nu tso?

Ame ŋutɔ ƒe dzidzemekpɔkpɔ, lɔlɔ̃ ƒe vivisese, kple vihehe ye nye nyati siwo bɔ wu. Tenɔnɔ ɖe blanuiléle, nuxaxa, kple srɔ̃gbegbemekuxiwo nu hã nye nyati bubu siwo bɔ. Eye ame geɖewo hã dia aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe nutsuɖuɖu, atamanono, kple ahatsunono tsitsri ŋu. Ðe aɖaŋuɖoɖo siawo wɔa dɔ ŋutɔŋutɔa? Wowɔa dɔ ɣeaɖewoɣi ya, gake menɔa alea zi geɖe o. Eya ta nunya le eme be míabu Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia ŋu be: “Amebebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.”—Lododowo 14:15.

Kpekpe ɖe ame ɖokui ŋu gbalẽwo to vovo kura tso mɔfiamegbalẽ siwo kuna ɖe fotoɖeɖe, gakɔntabubu, kple gbesɔsrɔ̃ ŋu la gbɔ. Mɔfiamegbalẽ siawo ate ŋu anye mɔnu nyuitɔ si mexɔ asi boo o si dzi ame ate ŋu ato asrɔ̃ aɖaŋudɔ aɖe le esi teƒe be wòasrɔ̃e le hehexɔƒe aɖe koŋ. Gake kpekpe ɖe ame ɖokui ŋu gbalẽwo ya mele nenema o—woɖaku ɖe asitsatsa, srɔ̃ɖeɖe, vihehe, alo susu me lãmesẽmenɔnɔ ŋu o. Zi geɖe la, wokafua agbenɔnɔ mɔnu aɖe koŋ, alo doa nukpɔsusu aɖewo koŋ ɖe ŋgɔ. Eya ta nunya le eme be míabia be: ‘Ame ka ƒomevi gbɔe aɖaŋuɖoɖoa tso? Nu ka dzie wòtu eƒe numeɖeɖeawo ɖo?’

Ðewohĩ menye ɣesiaɣie eŋunyalawo atu woƒe nukpɔsusuwo ɖe kpeɖodzi siwo ŋu kakaɖedzi le la dzi o. Wo dometɔ aɖewo aɖo aɖaŋu siwo ana woaƒle agbalẽa na wo wu, le esi wonya be yewoakpɔ ga geɖe le nya siwo avivi to me na amewo gbɔgblɔ na wo me ta. Le dukɔ ɖeka aɖe ko me la, wokpɔa dɔlar biliɔn enyi kple edzivɔwo tso kpekpe ɖe ame ɖokui ŋu sitsatsa me ƒe sia ƒe.

Ðe Kpekpe Ðe Ame Ðokui Ŋu Ŋuti Mɔfiamewo Ðea Via?

Ne ètia be yeazã kpekpe ɖe ame ɖokui ŋu mɔfiamewo la, àkpɔ mɔ be yeake ɖe aɖaŋuɖoɖo nyuiwo ŋu. Gake ɣeaɖewoɣi la, aɖaŋuɖoɖo siwo ŋu nàke ɖo la made edeƒe o, alo woanye esiwo maɖe vi ŋutɔŋutɔ o. Mɔfiame si koŋ wonanae nye: ‘Ne nukpɔsusu nyui nya le asiwò ko la, àkpɔ dzidzedze godoo. Nu sia nu si dim nèle, eɖanye ga, lãmesẽ, alo dzidzemekpɔkpɔ le ƒomedodo me nɔnɔ kple amewo me o, adze dzi na wò godoo ne nukpɔsusu nyui nya le asiwò ko.’ Ðe aɖaŋuɖoɖo sia tɔgbi wɔa dɔa? Ðe wòate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe ale si nuwo le ŋutɔŋtɔ kple agbemenudzɔdzɔ ɖedzileameƒowo nua?

Le kpɔɖeŋu me, bu agbalẽ siwo ƒo nu tso ƒomedodo me nɔnɔ kple amewo kpakple srɔ̃ɖeɖe, siwo hã le esiwo bɔ wu dome la ŋu kpɔ. Ðe wokpena ɖe amewo ŋu be woatu ƒome like si me dzidzɔ le ɖoa? Menye ɣesiaɣi o. Numetola aɖe gblɔ tso kpekpe ɖe ame ɖokui ŋu gbalẽ aɖe si ƒo nu tso lɔlɔ̃ ŋu, si ame geɖewo ƒle le Latin Amerika la ŋlɔla ŋu be “efia exlẽlawo ale si woatu lɔlɔ̃kadodo nyuiwo kple asixɔxɔdede ame ɖokui ŋu ɖo.” Agbalẽ sia ŋlɔla gblɔ be lɔlɔ̃kadodo si mele dzidzedze kpɔm o la me nɔnɔ nye ame ɖokui dede afɔku me. Nya si wòdi be yeagblɔ lae nye be ele be ame nawɔ nu si ana eƒe dzi nadze eme tsɔ wu be wòade dzesi eƒe kuxiwo ahanɔ agbagba dzem be yeakpɔ ta na wo.

Aɖaŋuɖoɖo nyuiwo ate ŋu anɔ kpekpe ɖe ame ɖokui ŋu mɔfiamewo me ya. Gake woate ŋu aɖo aɖaŋu siwo agblẽ nu le ame ŋu vevie. Mɔfiamenala aɖe ate ŋu ana aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le nya aɖe ŋu, evɔ aɖaŋu si wòaɖo le nya bubu aɖe ŋu ya agagblẽ nyaa ɖe edzi kura. Manya wɔ be woatia aɖaŋuɖoɖo nyuitɔ le nukpɔsusu vovovo siwo wonana le mɔfiame siawo me, siwo tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la dome o. Ame ka ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzie nàte ŋu aka ɖo? Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe wotu aɖaŋuɖoɖo sia ɖe kpeɖodzi siwo ŋu kakaɖedzi le dzi loo, alo aɖaŋuɖolaa ƒe nukpɔsusu dzro koea? Aleke gbegbee ŋkɔxɔxɔ kple kesinɔnu didi kpɔ ŋusẽ ɖe agbalẽa ŋlɔla ƒe anukwareɖiɖi dzi?’

Mɔfiamegbalẽ aɖe si ƒe aɖaŋuɖoɖowo le vi ɖem na amewo ɣeyiɣi didi aɖee nye esia lae nye Biblia. Enaa aɖaŋuɖoɖo nyuiwo tso nyati siwo ŋu kpekpe ɖe ame ɖokui ŋu gbalẽwo ƒo nu tso kpakple nyati bubu geɖewo ŋu. Eʋã ame miliɔn geɖewo wowɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “[Mina] woawɔ mi yeyee le ŋusẽ si ʋãa miaƒe tamesusu la me, eye miado amenyenye yeye . . . la.” (Efesotɔwo 4:23, 24) Biblia na míese nu siwo gbɔ míaƒe kuxiwo tsona la gɔme, eye wòfia ale si míawɔ akpɔ wo gbɔe la mí. Ƒo wo katã ta la, ekpena ɖe ame ŋu wòkpɔa susu nyui siwo ta wòle be wòawɔ nu dzɔdzɔe la dzea sii kɔtɛ. Nyati si kplɔe ɖo aɖe susu si ta wòle alea la me.