Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔzɔzɔ Yi “Anyigba Ƒe Mlɔenu”

Mɔzɔzɔ Yi “Anyigba Ƒe Mlɔenu”

Lɛta Aɖe Si Tso Russia

Mɔzɔzɔ Yi “Anyigba Ƒe Mlɔenu”

MÍAƑE yameʋua ho le Yakutsk eye vivivi la eɖo ya me bliboe le Tuymaada bali la tame ʋĩi. Míeto ta geɖe siwo zu tsikpewo, siwo ƒe dzedzeme kple lolome nɔ vovovo le anyime ɖaa la ŋu heva to Verkhoyanskiy, si nye togbaka siwo tame sno tsyɔ eye ŋdɔ klẽ ɖe wo dzi la tame. Esi míezɔ mɔ kilometa 900 megbe la, míeɖiɖi va dze ɖe Deputatskiy si nye kɔƒedu aɖe la me mlɔeba.

Esiae nye nye mɔzɔzɔ yi Sakha Republic, si wogayɔna be Yakutia, ƒe nuto vovoawo, siwo dzeani evɔ wo me nɔnɔ sesẽ ŋutɔ eye wòlolo wu Ɣetoɖoƒe Europa bliboa katã, la ƒe gɔmedzedze. Enye nuto si me yame ƒe dzoxɔxɔ nyea Celsius 40 (105°F) le dzomeŋɔli eye wòte ŋu fana miamiamia dea Celsius -70 (-95°F) le vuvɔŋɔli, eye wòganye afi si lã klitsu siwo ku gbe aɖe gbe ʋĩi ke la ƒe akpa siwo kpɔtɔ li la bɔ ɖo. Togbɔ be ƒe geɖewo va yi tso esime meɖi tsa de nuto ma me zi mamlɛtɔ hã la, megaɖoa ŋku du suesuesue siwo dzi afu tsyɔ, kple dziehekaɖi keklẽ siwo le amadede vovovowo me, kpakple Yakuttɔ kako vividoɖeameŋulaawo katã dzi abe etsɔ ɖeka koe mekpɔ wo ene.

Menye kɔƒedu si nye Deputatskiy ye nye míaƒe mɔzɔzɔa seɖoƒe o. Mía kple nye mɔzɔhati míeɖi tsa de kɔƒedu bubu aɖewo hã me. Kɔƒedu siawo ƒe gbãtɔe nye Khayyr, si le dziehe gome ɖaa abe kilometa 300 ene, eye wògogo Laptev Ƒu la le dziehe Siberia. Nu ka tae míeɖoe be míazɔ mɔa ɖo? Do ŋgɔ la, Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka ɖi tsa de kɔƒedu siawo me eye wòke ɖe ame geɖe siwo di be yewoagasrɔ̃ nu geɖe tso Biblia ŋuti la ŋu. Mí ame siwo le Yakutsk, si gbɔ didi tso nuto ma gbɔ abe kilometa 1,000 ene lae te ɖe wo ŋu wu! Míese le mía ɖokui me be nuto ma me tɔwo hiã dzideƒoname kple kpekpeɖeŋu.

Esi míeɖo Deputatskiy la, míekpɔ ŋutsu aɖe si nɔ ʋu kum yina Khayyr, eye wòlɔ̃ be yeakɔ mí axɔ ga vi aɖe ko le mía si. Esi míekpɔ eƒe ʋua, si wowɔ le keke Soviettɔwo ƒe dziɖuɣi lɔƒo ke, si do xoxo ŋutɔ la, eɖoɖo medzro mí kura o. Ke hã míetso nya me be míatee akpɔ, eye míeɖoe dze mɔ fiẽsi ma. Míenya nu siwo gbegbe me to ge míegbɔna la kura o.

Fafa wɔe be zikpui siwo le ʋua me la lia kpakoo abe tsikpe babla siwo le gota la ene, eye mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi míekpɔe be nenema ko nɔ ge woala o. Esi míekpɔ teƒe si ʋua ate ŋu atɔ ɖo ko la, míena ʋukulaa tɔ ʋua eye míetsa míaƒe agbawo me alɔtsɔtsɔe heɖe vuvɔmewu titriwo le wo me gbugbɔ do ɖe esiwo le mía ŋu xoxo la dzi. Gake gbeɖegbeɖea koe, vuvɔ ɖo lãme na mí hewɔ fu mí atraɖii.

Gake dzidzɔ ko kpɔm ʋukula sia si Dziehenuto sia me nɔnɔ ma nyuie la ya nɔ fɛɛ. Ebia mí le vo me be, “Miekpɔ dziehekaɖi keklẽawo kpɔa?” Nyemekpɔ wo kpɔ o, eya ta etɔ ʋua, eye míewɔ mínyamínya do le ʋua me. Enumake míeŋlɔ ale si gbegbe vuvɔa ɖo lãme na míi la be. Metsi tsitre ɖi ke nu ɖe te, eye nye nu ku le akaɖi keklẽ siwo nɔ amadede vovovowo me henɔ dzedzem abe avɔ aɖe mee wole ene, eye wonɔa ŋɔŋlɔm heganɔa kekem—si nye nukpɔkpɔ wɔnuku si nɔ dzedzem le mía tame pɛɛ ko—la ta.

Emegbe le fɔŋli ƒe viviti sia me la, míaƒe ʋua va tsi sno me le mɔ sia si zu tsikpe la ƒe akpa aɖe. Míekpe ɖe ʋukulaa ŋu wòɖe ʋua do goe le snoa me—eye nu sia dzɔ enuenu—esi míenɔ mɔa zɔm ɖo ta Khayyr to mɔdodo siawo siwo woɖe to sno siwo li kɔ ɖi me la dzi. Ŋu va ke hafi mekpɔe be tɔsisi siwo bla hezu tsikpewo la boŋ ye “mɔawo” nye! Mlɔeba le gaƒoƒo 16 ƒe mɔzɔzɔ tso Deputatskiy megbe la, míeɖo Khayyr, le ŋdɔ me lɔƒo. Togbɔ be míesusui be vuvɔa me nɔnɔ hena ɣeyiɣi didi nenema ana míadze dɔ godoo hã la, míefɔ le lãmesẽ nyui me le ŋufɔke. Nye afɔbidɛwo koe ku yikpaa, anye snoawo ƒe fafa miamiamia tae. Kɔƒea me tɔwo na sisiblisi ƒe ami aɖem be matsɔ alili ɖe afɔbidɛawo ŋu.

Zi geɖe la, míawo ŋutɔe yia amewo gbɔ le woƒe aƒewo me ɖagblɔa nya nyuia na wo. Gake le Khayyr afi sia la, ne kɔƒeduawo me tɔwo nya se míaƒe vava ŋu nya ko la, woawo ŋutɔwo boŋue va nɔa mía dim! Míesrɔ̃a Biblia kple dua me tɔwo gbe sia gbe hena kwasiɖa eve kple afã, eye ɣeaɖewoɣi la, míedzea egɔme ŋdi kanya va se ɖe zãtiƒe. Edo dzidzɔ na mí ŋutɔ be míedo go vividoɖeameŋula geɖe siawo siwo wɔa amedzro eye wotsɔa ɖe le mawusubɔsubɔnyawo me. Nyɔnu tsitsi geɖe siwo le Yakut la gblɔ na mí be: “Míexɔ Mawu dzi se. Nyateƒe si wònye be mieva mía gbɔ le afi sia, si nye anyigba ƒe mlɔenu la, ɖee fia be Mawu li vavã!”

Nutoa me tɔwo ƒe nuwɔna geɖewo hã wɔ nuku na mí ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe ɖo snokpewo ɖe woƒe aƒewo xa abe nakewoe woƒo ƒu ɖi ene. Ɣesiaɣi si wohiã tsi la, ɖeko wotsɔa snokpeawo dometɔ ɖeka dea gaze gã aɖe me ɖoa dzo dzi be wòasre. Kɔƒea me tɔwo tsɔa Atik-ƒu la me lã si woyɔna be chir wɔa amedzroe na mí, eye evivina ŋutɔ ne wotsɔe wɔ stroganina, si nye nuɖuɖu si gbɔ nutoa me tɔwo melɔ̃a nu le o. Ne wonya ɖe lã la ko la, eliana, emegbe woflinɛ lɔbɔlɔbɔe hetiginɛ ɖe tadi si dze su nyuie la me heɖuna enumake. Edoa dzidzɔ na wo be woaɖo dze na mí tso blema nu kukuwo ƒe mamlɛawo, abe lã klitsu siwo nɔ anyi le blema ƒe tsyowo, kple blemati aɖewo siwo kpɔtɔ li va se ɖe fifia, siwo ŋu wokena ɖo zi geɖe le nuto sia me ene, la ŋu.

Esi medzo le Khayyr la, mezɔ mɔ kilometa alafa geɖe ɖaɖe gbeƒã na ame siwo tsɔ ɖe le Biblia me nyawo me la le Yakutia ƒe kɔƒedu bubuwo me, eye zi geɖe la, yameʋue meɖona. Aleke gbegbe ame siwo le afi ma la lɔ̃a ame hedoa vivi ɖe ame ŋue nye esi! Gbe ɖeka medo go ŋutsuvi sue aɖe si te ŋu de dzesii be mevɔ̃na na yameʋu ɖoɖo. Esi wòdi be yeade dzi ƒo nam ta la, eta nu ɖe agbalẽvi aɖe dzi tsɔ nam. Eta atsutsrɔe eve kple yameʋu sue aɖe eye wòŋlɔ kpe ɖe eŋu be: “Sasha, ne eɖo yameʋu la, mèganɔ vɔvɔ̃m be yeava ge o. Mateo 10:29.” Ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ esime mexlẽ mawunyakpukpuia me nyawo! Yesu gblɔ tso atsutsrɔewo ŋu le afi ma be: “Wo dometɔ ɖeka pɛ hã mage adze anyigba le mia Fofo ƒe manyamanya me o.”

Nu siwo wɔ dɔ ɖe dzinye le Yakutia la dometɔ ʋɛ aɖewo ko ŋue nye esia meƒo nu tso. Nuto sia si me vuvɔ wɔna le, si me nɔnɔ sesẽ la ayi edzi aɖo ŋku vividoɖeameŋula siwo ƒe nu wɔa dɔ ɖe ame dzi, siwo le “anyigba ƒe mlɔenu” nyateƒe la dzi nam ɣesiaɣi.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Yakuttɔwo doa vivi ɖe ame ŋu hewɔa amedzro hã nyuie