Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Paulo Ƒe Nyruiyɔvi—Ekpɔ Nyruia Ƒe Agbe Ta

Paulo Ƒe Nyruiyɔvi—Ekpɔ Nyruia Ƒe Agbe Ta

Fia Nu Viwòwo

Paulo Ƒe Nyruiyɔvi—Ekpɔ Nyruia Ƒe Agbe Ta

ÐE NÈNYA be apostolo Paulo ƒe ƒometɔ aɖewo nye Yesu yomedzelawoa? *— Edze ƒãa be nɔvianyɔnu aɖe kple nyɔnu sia ƒe vi siaa nye xɔsetɔwo. Eye Paulo ƒe nyruiyɔvi sia kpɔ Paulo ƒe agbe ta! Míenya ɖekakpui sia alo dadaa ƒe ŋkɔ o, ke hã míenya nu si ɖekakpuia wɔ. Wò hã àdi be yeanya nu si wòwɔa?—

Ðeko Paulo wu eƒe dutanyanyuigbɔgblɔmɔzɔzɔ etɔ̃lia nu hegbɔ va Yerusalem teti koe nye ema. Edze ƒãa be ƒe 56 M.Ŋ. mee. Wolé Paulo de ga, eye wole ʋɔnu drɔ̃ gee. Gake Paulo ƒe futɔwo medi be woakpɔ nyaa gbɔ le ʋɔnu o. Wodi be yewoawui! Eya ta woɖo nugbe be ŋutsu 40 aɖewo nade xa ɖe mɔa dzi ahawu Paulo.

Nanetɔe la, Paulo ƒe nyruiyɔvia se nu tso nugbeɖoɖoa ŋu. Ènya nu si wòwɔa?— Eyi ɖagblɔ nya la na Paulo. Enumake Paulo gblɔ na asrafo aɖe be: “Kplɔ ɖekakpui sia yi aʋafiagã la gbɔ, elabena nya aɖe le esi wòagblɔ.” Asrafoa kplɔe yi aʋafiagã Klaudio Lisia gbɔ hegblɔ nɛ be nya vevi aɖe le ɖekakpuia si nɛ. Klaudio kplɔ Paulo ƒe nyruiyɔvia ɖe kpɔe, eye ɖekakpuia gblɔ nya sia nya nɛ.

Klaudio de se na Paulo ƒe nyruiyɔvia gblɔ be: “Mègatoe na ame aɖeke be yegblɔ nya siawo nam o.” Emegbe eyɔ asrafomegã eve hegblɔ na wo be woadzra asrafo 200, sɔdola 70, kple akplɔdala 200 ɖo ne woayi Kaisarea. Le zã ga asieke me gbe ma gbe la, ŋutsu 470 siawo dze mɔ hekplɔ Paulo yi Roma Nutomefia Felike gbɔ dedie le Kaisarea. Klaudio ŋlɔ nugbe si woɖo be yewoawu Paulo la ɖe lɛta aɖe me ɖo ɖe Felike.

Ale si nuwo va yii la zi Yudatɔwo dzi be woado go kple Paulo le ʋɔnudrɔ̃ƒea le Kaisarea ahagblɔ woƒe nutsotsoawo. Gake kpeɖodzi aɖeke menɔ wo si be Paulo wɔ nu gbegblẽ aɖeke o. Togbɔ be enɔ nenema hã la, wode Paulo gaxɔ me madzemadzee hena ƒe eve sɔŋ. Esia na wòbia be woadrɔ̃ nya na ye le Roma, eye wokplɔe yi afi ma.—Dɔwɔwɔwo 23:16–24:27; 25:8-12.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe nyruiyɔvi sia ƒe nyaa me?— Eyae nye be, ebia dzinɔameƒo be woagblɔ nu si le eteƒe, eye ne míewɔe nenema la, míate ŋu aɖe amewo ƒe agbe. Esi Yesu nya be futɔwo ‘nɔ didim be yewoawu ye’ gɔ̃ hã la, eyi edzi nɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya gblɔm na amewo. Yesu gblɔ be míawo hã míawɔ nenema ke. Ðe míawɔea? Míate ŋu awɔe ne dzideƒo le mía si abe Paulo ƒe nyruiyɔvi la ene.—Yohanes 7:1; 15:13; Mateo 24:14; 28:18-20.

Paulo xlɔ̃ nu exɔlɔ̃ ɖekakpui Timoteo be: “Lé ŋku ɖe ɖokuiwò kple wò nufiafia ŋu ɣeawokatãɣi. Nɔ nu siawo dzi, elabena to esia wɔwɔ me la, àɖe ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la siaa.” (1 Timoteo 4:16) Ðikeke mele eme o be, Paulo ƒe nyruiyɔvia wɔ ɖe nyruia ƒe nuxlɔ̃amenya ma dzi. Ðe míawo hã míawɔ ɖe edzia?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi aɖe la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.

Nyabiasewo:

○ Ame kawoe nye Paulo ƒe ƒometɔ aɖewo, eye nu kae míesrɔ̃ tso wo ŋu?

○ Nu kae Paulo ƒe nyruiyɔvia wɔ tsɔ kpɔ Paulo ƒe agbe ta?

○ Nu kae míate ŋu awɔ, si anye toɖoɖo Yesu, atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woakpɔ ɖeɖe egbea?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]